Di Biblia Nusɔsrɔ̃wo Veviedodotɔe
1 Kpeɖodzi geɖe li be xexe xoxo sia ƒe ɣeyiɣi le vɔvɔm. (Tim. II, 3:1-5) Nukae esia fia? Efia be amewo ƒe agbe ɖo afɔku me. Gake míate ŋu akpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu be woaxɔ wo ɖe agbe. (Lod. 3:27) Esia ta ele be míadze agbagba vevie ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze kple wo wɔwɔ ŋu.
2 Nu nyui geɖe do tso míaƒe agbalẽ siwo wotu ɖe Biblia dzi la mamã me. Gake nusi hiã amewo wue nye kpekpeɖeŋu nana wo tẽ to aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ si woawɔ kpli wo edziedzi me. Aleke míakpe ɖe wo ŋu woakpɔ ema adze sii?
3 Míate ŋu abia nya siwo ka ame geɖe la wo. Biabia siawo ate ŋu aku ɖe nusita agbenyuinɔnɔ dome gblẽ ɖe edzi nenema, nusita ƒomegbenɔnɔ meli ke kura o, nusita ʋunyaʋunyawɔwɔ kple nuvlowɔwɔ nye ŋɔdzi alea, nusita Mawu lɔlɔ̃tɔ ɖe mɔ ɖe fifi ƒe nɔnɔmewo ŋu, kple bubuwo. Nɔ ŋudzɔ ɖe nya kple nudzɔdzɔ siwo me wò anyigbamamã me tɔwo tsɔ ɖe le vevie la ŋu. Fia alesi Biblia ɖo biabia siawo ŋu eme kɔe la wo. Fia alesi agbalẽ siwo míemãna la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nya si Biblia gblɔ le nusiawo kple nya vevi bubu siwo ka mí katã ŋu la wo.
4 Ele vevie be nàhe aƒemenɔla la ade dzeɖoɖoa me. Nɔ ŋudzɔ nàde dzesi nusi me wòtsɔa ɖe le. Na wò dzeɖoɖoa naku ɖe eƒe ɖetsɔleme alo nusi ŋu wòtsi dzi ɖo ŋu. He susu yi agbalẽ, agbalẽ gbadza, magazine, alo trakt aɖe me nya si ɖe ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu si Biblia na me la dzi. Hafi nàdzo la, bia nya ɖeka alo eve si nèka ɖe edzi be ana wòanɔ mɔ kpɔm be nàtrɔ ava lae. Ne ètrɔ yi la, kpɔ egbɔ nàɖo ŋku biabia siawo dzi nɛ, eye zã agbalẽa nàtsɔ akpe ɖe eŋu wòakpɔ woƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me.
5 Nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze kple wo wɔwɔ edziedzi ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ. Ehiã be míaɖe ɖetsɔleme vavãtɔ afia ɖe nusiwo ŋu amesiwo míedoa goe le gbeadzi alo le vome la tsia dzi ɖo ŋu. Ele be míadzra ɖo nyuie hafi ate ŋu atu woƒe ɖetsɔleme ɖo vivivi. Ebia dzigbɔɖi be míanɔ wo gbɔ yim ɣesiaɣi hafi ate ŋu ana gbɔgbɔmenuɖuɖu wo edziedzi. Ebia be míatsɔ ɖe le eme na ameawo ŋutɔ lɔlɔ̃tɔe. Ele be míadi vevie be míakpe ɖe wo ŋu be woaxɔ wo ɖe agbe le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me. Ele be míado gbe ɖa vevie ɣesiaɣi ɖe míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃wɔwɔ ƒe dɔa ta.—Tes. I, 5:17.
6 Edea dzi ƒo ŋutɔ be míakpɔ be amesiwo de miliɔn ɖeka kloe ye va zu nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔ̃wo le ƒe etɔ̃ siwo va yi me. (Mat. 28:19, 20) Fifia Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo wu miliɔn ene kple afãe míewɔna ɣleti sia ɣleti, eye esia fia alesi míetsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe agbekpɔkpɔ mee. Ke wò ya ɖe? Ðe nèdzea agbagba vevie be yeakpɔ gome le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wɔwɔ ƒe dɔa mea? Ðo ŋku edzi be míaƒe nuteƒewɔwɔ le esia me dzie mía kple ame bubuwo ƒe agbe nɔ te ɖo.—Xez. 3:17-19.