INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/95 axa 2
  • Miwɔ Nuwo Katã na Mawu ƒe Kafukafu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miwɔ Nuwo Katã na Mawu ƒe Kafukafu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miwɔ Nuwo Katã Hena Mawu Ƒe Kafukafu”
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Amedzrowɔwɔ—Ehea Dzidzɔ Vɛ, Eye Ehiã Vevie Ŋutɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Modzakaɖeɖe Nyui Si Naa Dzidzeme Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • He “Nu Nyuiwo” Ðe Go To Amedzrowɔwɔ Dzi (Mat. 12:35a)
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 9/95 axa 2

Miwɔ Nuwo Katã na Mawu ƒe Kafukafu

1 Gbɔɖeme kae si wònyena ne míeƒo ƒu kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃tɔwo! (Kor. I, 16:17, 18) Míewɔa esia le kpekpewo, ƒuƒoƒowo, takpekpewo kple le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Míegadea ha kple mía nɔewo ɣeyiɣi bubuwo abe ne amedzro va srã mí kpɔ le aƒeme ene. Míetoa esia wɔwɔ me ɖea amedzrowɔwɔ fiana eye míedea dzi ƒo na mía nɔewo. (Rom. 12:13; Pet. I, 4:9) Ne miele srɔ̃ɖeɖekplɔ̃ɖoɖo ƒe ɖoɖo wɔm la, miɖo ŋku aɖaŋuɖoɖo nyui si le October 1, 1984 ƒe Gbetakpɔxɔ me dzi.

2 Hadomenuwɔna Siwo Ŋu Wowɔ Ðoɖo Le: Ne míele ‘nu ɖum alo míele nu nom alo míele dɔ aɖe wɔm la,’ ele be ‘míawɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.’ (Kor. I, 10:31-33) Ame aɖewo mewɔna ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi o, eye kuxiwo gale mo dom ɖa kokoko le hadomeƒuƒoƒo gãwo wɔwɔ ta, elabena wololo akpa be wo dzi manya kpɔ nyuie o. Le afi aɖewo la, wokpea amesiwo alafa geɖe na kplɔ̃ɖoɖo gãwo le afisi xexeame ƒe modzakaɖeɖe nuwɔnawo yia edzi le. Ɣeaɖewoɣi la, wobiana tso vavalawo si be woaxe agbonufe alo fe bubuwo. Ƒuƒoƒo siawo tɔgbe ɖia xexeamenuwɔnawo tututu, si ƒe gbɔgbɔ mesɔ kple nudzeamewɔwɔ kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o.—Rom. 13:13, 14; Ef. 5:15-20.

3 Woka nya ta be Ðasefowo ƒo ƒu le agbɔsɔsɔ gã aɖe me le le teƒe siwo wohaya, afisiwo woɖe xexemetɔwo ƒe modzaka maɖɔʋuwo le. Wowɔ nu mawo tɔgbe, si wotsɔ ŋkɔ na be “Yehowa Ðasefo” ƒe kwasiɖanuwuwu, le amedzrodzeƒewo kple modzakaɖeƒewo. Le alesi wòsesẽna be woakpɔ ame agbɔsɔsɔ ma dzi ta la, kuxiwo doa mo ɖa. Howɔwɔ, ahatsunono kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ hã doa go tsoa eme ɣeaɖewoɣi. (Ef. 5:3, 4) Edze ƒã be ƒuƒoƒo siawo tɔgbe medea bubu Yehowa ŋu o. Ðe wòhea vlododo vaa hamea ƒe ŋkɔ nyui dzi eye wònyea nuklikli na ame bubuwo boŋ.—Kor. I, 10:23, 24, 29.

4 Wode dzi ƒo na Kristotɔwo be woaɖe amedzrowɔwɔ afia, gake ele be dzeɖoɖo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu nanye nu vevitɔ si ŋu koŋ woƒe susu nanɔ. (Rom. 1:11, 12) Hadomeƒuƒoƒo sue wɔwɔ nyona wu zi geɖe. Míaƒe Subɔsubɔdɔ-gbalẽ ƒe axa 134-5 gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, woakpe ƒome geɖewo ayi aƒe aɖe me hena Kristotɔwo ƒe hadede. . . . Gɔmesesetɔe la, ele be amesiwo kpe ameawo nabui be nusi adzɔ le afima la nye yewoƒe agbanɔamedzi. Esia ta la Kristotɔ siwo si nugɔmesese le la kpɔ be nunya le eme be yewoɖe ƒuƒoƒo mawo ƒe lolome kple ɣeyiɣi si wòaxɔ la dzi akpɔtɔ.” Yesu tɔ asi edzi be ne míaƒe taɖodzinue nye be míade dzi ƒo na mía nɔewo le gbɔgbɔ me la, wɔna kpeɖii mehiã o.—Luka 10:40-42.

5 Nu nyui wònye be woawɔ amedzro na hati Kristotɔwo. Gake vovototo gã aɖe le ƒuƒoƒo sue aɖe le míaƒe aƒeme ƒe wɔna kpokploe aɖe kple kpeɖi aɖe si aɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ afia si woawɔ le teƒe aɖe si wohaya la dome. Ne èkpe amewo la, ke ele be nàka ɖe edzi be yeate ŋu akpɔ nusiwo katã woawɔ la dzi bliboe.—Kpɔ August 15, 1992 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 17-20.

6 Nyateƒee, Yehowa tsɔ nɔviwo ƒe habɔbɔ si me míekpɔa dzideƒo si faa akɔ na ame hedoa ŋusẽ mí be míayi dɔ nyui wɔwɔwo dzi la yra míi. (Mat. 5:16; Pet. I, 2:12) Ne míeɖea ŋuɖɔɖɔɖo kple nugɔmesese fiana le hadomenuwɔnawo me la, anye kafukafu na mía Mawu eye wòatu amewo ɖo.—Rom. 15:2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe