INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/95 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena September
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 4
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 11
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 18
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 25
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 9/95 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena September

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 4

Hadzidzi 148

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.

20 min: “Di Biblia Nusɔsrɔ̃wo Veviedodotɔe.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla natsɔ nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo adzro nyatia me. Xlẽ ŋɔŋlɔ siwo katã woyɔ eye nàɖe wo nu. Dzro ŋgɔyiyi si hamea wɔ le Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe dɔa me le ƒe atɔ̃ siwo va yi la me, eye nàtrɔ asi le nyataƒonya ŋu ɖe mia gbɔ nuhiahiãwo nu.

15 min: “Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woakpɔ Viɖe.” Dzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo la me, eye nàna woawɔ wɔwɔfia kpui eve.

Hadzidzi 204 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 11

Hadzidzi 216

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

22 min: “Nukpɔsusu si Da Sɔ ƒe Amesinɔnɔ le Kɔmpiuta Mɔ̃ɖaŋu Ŋu.” Emedegbalẽvia. Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Xlẽ memamã vevi siwo ƒe ɖewoe nye 4-8 kple 12-13 alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe.

18 min: “Taɖodzinu Kawoe Nèɖo na Viwòwo?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Na sɔhɛ ɖeka alo eve siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui alo ame tsitsi siwo subɔ Yehowa tso ɖevi me nagblɔ alesi wo dzilawo kpe ɖe wo ŋu woɖo taɖodzinu nyui siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe dɔwo ŋu.

Hadzidzi 187 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 18

Hadzidzi 168

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: “Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo si me dzo le si nɔ te ɖe emedegbalẽvia ƒe memamã 1 vaseɖe 13 dzi.

20 min: “Trɔ Yi Ðetsɔlemetɔwo Katã Gbɔ be Wòaɖe Vi na Wo.” Dzro tɔtrɔyi ƒe dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo la me. Nɔviŋutsu si le akpa sia wɔm la nabia gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ nya si woagblɔ eye emegbe wòabia tso wo si woawɔ nya si wogblɔ la ƒe wɔwɔfiawo.

Hadzidzi 162 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 25

Hadzidzi 177

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: “Wɔ Nuwo Katã na Mawu ƒe Kafukafu.” Hamemegã ƒe nuƒo si me wòadzro nu me kple nyaselawo le. Gblɔ nya bubu siwo tso August 15, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 15-20 me alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe.

10 min: “Yehowa ƒe Mía Me Dzodzro—Nukata Viɖe Le Eme?” Dzideƒonamenuƒo si hamemegã aƒo.

15 min: “Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze.” Dzro emedegbalẽvia ƒe axa 14 vaseɖe 17 me kple nyaselawo. Te gbe ɖe agbagba tɔxɛ si míadze be míamã Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! le October me dzi. Esi míetaa magazineawo ɖe gbe vovovowo me ta la, ele be míagblɔ na dutagbedolawo be wo degbe me magazinewo li. (Ele be miana mia gbɔ dutagbedolawo ƒe hamea nanya.) Míaƒe magazinewo mamã le anyigbamamã si me wowɔa dɔ le edziedzie ate ŋu anye ɖetsɔleme tutuɖo ƒe mɔ nyuitɔ, elabena wona míekpɔa nya yeyewo kwasiɖa sia kwasiɖa. Dze agbagba nàdo nudɔdɔxɔxɔ ɖe amesiame si nàtu gbɔ. Na ƒome aɖe me tɔwo nawɔ alesi woadzra ɖo ɖe nya si le memamã 14 lia me ŋui ƒe wɔwɔfia. Azɔ hã ɖo aɖaŋu nyui aɖewo le alesi woawɔ adzi wo nana ɖe edzii ŋu.

Hadzidzi 193 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe