Yehowa ƒe Mía Me Dzodzro—Nukata Viɖe Le Eme?
1 Amesiame di lãmesẽ. Enaa agbenɔnɔ gavivina wu. Gake ame geɖe siwo ƒe lãme sẽ gava doa wo ɖokui kpɔna ɣeaɖewoɣi. Nukatae? Wodi be yewoanya ne dɔléle aɖewo ɖo yewo me ale be woate ŋu aɖe afɔ ɖe wo dada ŋu. Míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ŋu dzɔdzɔ le vevie wu gɔ̃ hã. Alesi míanɔ ‘blibo le xɔse mee’ ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.—Tito 1:13.
2 Fifiae nye ɣeyiɣi nyuitɔ si wòle be Yehowa nadzro mía me. Nukatae? Elabena Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, eye ele amewo katã ƒe dziwo me dzrom kpɔ. (Ps. 11:4, 5; Lod. 17:3) Abe Dawid ene la, míebiaa Yehowa be wòadzro mía me tsitotsito: “Yehowa, dom kpɔ, eye nadzro menye kpɔ, lólo nye ayikuwo kple nye dzi!”—Ps. 26:2.
3 Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe nusiwo ate ŋu anye afɔku na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ si atso mía me le míaƒe blibomademade ta la ŋu. Lododowo 4:23 ɖo aɖaŋu be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.”
4 Xexe gblẽku si me agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo si me míele la hã ate ŋu anye afɔku na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ. Ne míeɖe mɔ le mía ɖokui ŋu hedo ka kple nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia fũ la, míava nɔ tame bum abe alesi wòbua tamee ene eye xexemetɔwo ƒe nɔnɔmewo ava nɔ mía si. Alo míava nɔ xexeame ƒe agbe nɔm eye xexeame ƒe gbɔgbɔ aɖu mía dzi.—Ef. 2:2, 3.
5 Satana ate ŋu azã yometiti alo tsitretsiɖeŋu tẽ atsɔ ate kpɔ be yeagblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me. Gake zi geɖe la, ewɔa xexeame ƒe susuhenuwo ŋudɔ aɖaŋutɔe be yeatsɔ able mía nui. Petro ƒoe ɖe mía nu be ‘míanɔ mo xexi eye míanɔ ŋudzɔ,’ elabena Satana le “abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim be yeavuvu ami ene.” Woƒoe ɖe mía nu be ‘míanɔ tsitre sesĩe ɖe eŋu le xɔse me.’—Pet. I, 5:8, 9.
6 Ehiã be míadzɔ míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ŋu to xɔse sesẽ si anɔ mía si kple etutuɖo gbesiagbe me. Apostolo Paulo kafui be míanɔ míaƒe xɔse dom kpɔ enuenu. Abe alesi míewɔna ɖe ɖɔkta bibi ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui dzii ene la, ele be míaɖo to Yehowa hã ne Eƒe gbɔgbɔmedodokpɔa ɖee fia be kuxi aɖe le mía ŋu si hiã ɖɔɖɔɖo. Esia na wònɔa bɔbɔe be ‘woaɖɔ mí ɖo.’—Kor. II, 13:5, 11.
7 Nyateƒe wònye be Yehowae nye Amemedzrola gãtɔ. Nusiwo wòkpɔna nɔa eteƒe ɣesiaɣi. Enya nusi tututu hiã mí. Etoa eƒe Nya kple ‘dɔla nuteƒewɔla la’ dzi fiaa gbɔgbɔmenu nyui si wòle be míaɖu la mí. (Mat. 24:45; Tim. I, 4:6) Gbɔgbɔmenuɖuɖu sia si me nunyiame le ɖuɖu ɣesiaɣi le aƒeme kple le hame ƒe kpekpewo me na míenɔa lãmesẽ me le gbɔgbɔ me. Gbeadzisubɔsubɔdɔa kple Kristotɔwo ƒe dɔ bubuwo tsɔtsɔ de ka mee hã ɖea vi. Eyata míedina be Yehowa nadzro mía me ɣesiaɣi, eye míeka ɖe edzi be ana míanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ nyuitɔ me.