Nukpɔsusu si Da Sɔ ƒe Amesinɔnɔ le Kɔmpiuta Mɔ̃ɖaŋu Ŋu
1 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me be womegana naneke nahe woƒe susu ɖa o, elabena ‘ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie.’ (Kor. I, 7:29) Esi nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuwu tu aƒe la, aleke gbegbe wòle vevie na mí enye si be ‘míanɔ Fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbagbiãgba’ eye ‘míaƒle ɣeyiɣi nyuitɔ’! Nu xɔasie ɣeyiɣi nye.—Mat. 6:33; Ef. 5:16.
2 Wokafu mɔ̃ɖaŋu be enye nu vevi aɖe si naa woɖea ɣeyiɣigbegblẽ dzi kpɔtɔna. Le kpɔɖeŋu me, ne kɔmpiutazãla nya te asi ɖe kɔmpiuta la ƒe asiteɖedzinu ɖeka dzi ko la, àte ŋu ake ɖe nyatakaka gbogbo aɖe ŋu zi ɖeka. Zi geɖe la kɔmpiuta tsɔa sɛkɛnd ʋee aɖewo ko wɔa dɔ siwo axɔ gaƒoƒo geɖe alo kwasiɖawo ne dɔwɔnu bubuwoe woatsɔ awɔ woe. Dɔwɔnu nyui aɖee wonye ne wozã wo nyuie.
3 Ðe Wòaɖe Ɣeyiɣigbegblẽ Dzi Akpɔtɔ Nyateƒea?: Gake mɔ̃ɖaŋununya sia mesua ezãla si ne megblẽ nu geɖe ɖe eŋu o—le ga kple ɣeyiɣi siaa gome. Alesi woana kɔmpiuta nawɔ dɔ bɔbɔetɔwo kekeake la sɔsrɔ̃ ate ŋu axɔ gaƒoƒo geɖe. Gakpe ɖe eŋu la, amesi doa vivi ɖe mɔ̃ɖaŋununya sia ŋu la ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi gbogbo aɖe si wòate ŋu azã le mɔ bubu nu nyuie wu hafi la ɖe eŋu. Ele be míana nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si eye gɔmeɖose si le apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si nye be míazɔ ‘abe nunyalawo ene, eye míaƒle ɣeyiɣi nyuitɔ na mía ɖokui’ me la nanɔ susu me na mí.—Ef. 5:15, 16; kpɔ Korintotɔwo I, 7:31 hã.
4 Ame aɖewo tsɔ susu nyui trɔ asi le kɔmpiuta ƒe dɔwɔmɔnuwo ŋu be woatsɔ anɔ hamea ƒe nuŋlɔɖiwo wɔmee. Nyateƒee, ame ŋutɔ ƒe nyae alesi wòazã eƒe kɔmpiutae la nye. Gake mele be woatsɔ kɔmpiuta anɔ hamea ƒe nuŋlɔɖi siwo ŋu wowɔ dɔwɔgbalẽviwo ɖo la wɔmee o, elabena ɖeviwo alo ame bubu siwo mɔɖeɖe mele wo ŋu na o la ate ŋu akpɔ wo. Ele be woaŋlɔ hamea ƒe nuŋlɔɖiwo katã—gakɔntabubuwo, Hamea me Gbeƒãɖelawo ƒe Nuŋlɔɖigbalẽwo, kple bubuawo—ɖe dɔwɔgbalẽvi siwo Habɔbɔa na dzi, eye mele be woaŋlɔ nyatakaka siwo le hamea ƒe dɔwɔgbalẽ siawo dzi ɖe kɔmpiuta dzi ada ɖi o. Esia ana ɖekawɔwɔ nanɔ anyi esi hameawo wɔa nu ɖe ɖoɖo ɖeka dzi le afisiafi.
5 Ele be dzikpɔla siwo wode dɔ asi na la nabu nuwo ŋu nyuei ne wole Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea ƒe dɔdasiwo mãm. Ele be woabu nusi ŋu nyatia ku ɖo la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le sukua me la, masɔ be woade nyati aɖewo asi na sukuvi ɖesiaɖe ko be wòawɔ o. Ele be woabu dɔdasia ƒe taɖodzinu kple amea ŋutɔ ƒe dzedze kpakple alesi nyatia le ŋu. Mele be woagblẽe ɖe kɔmpiuta si me be woazã nusianu si woŋlɔ ɖe eme o.
6 Ne wode dɔ asi na nɔvi aɖe be woawɔ le hamea ƒe kpekpewo me la, mele be wòaɖo ŋu ɖe nyati si ame bubu, si ɖewohĩ menya gɔ̃ hã o, dzra ɖo ŋu le esi wòaɖe dɔa dzi akpɔtɔ nɛ ta ko o. Kristotɔ siwo tsɔa woƒe agbanɔamedziwo la metsɔnɛ ɖoa wo ɖokui dzi be yewoadzra Biblia alo kpekpewo me nuƒowo ɖo, aŋlɔ wo ɖe kɔmpiuta si ƒe nyatakaka dzena le kɔmpiuta bubuwo dzi be ame bubuwo naxlẽ o. Gake Habɔbɔa ƒe Watchtower Library (Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Nyadigbãlewo) si le CD-ROM diskɛt dzi ate ŋu anye kpekpeɖeŋunu nyui aɖe si nɔvia azã atsɔ awɔ numekukui nyuie le ɣeyiɣi ʋee si anɔ esi me.
7 Le kɔmpiuta zazã ƒe mɔnu vovovowo, ŋkɔwo, kple nyatakaka siawo ƒomevi gbugbɔgawɔ kple wo mamã na nɔviwo, kpakple Subɔsubɔ Kpekpea kple Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe dɔdasiwo dzadzraɖo kple wo mamã to mɔ̃ɖaŋudɔwɔnu alo mɔnu bubuwo dzi gome la: Zi geɖe la, enyona wu ne nɔviwo ŋutɔ dzra woƒe dɔdasiwo ɖo eye wobu vi siwo wòaɖe na woƒe hamea la ŋu. (Tim. I, 4:13, 15) Mele be míazã teokrasi kadodowo atsɔ awɔ gae gbeɖe o.
8 Ke kɔmpiuta tsɔtsɔ ŋlɔ mawunyakpukpui siwo wozã le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ alo Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me be woamã na nɔviwo ya ɖe? Anyo wu be gbeƒãɖelawo naŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe dzesidenyawo kple nu bubuwo ɖe Biblia kple agbalẽ siwo srɔ̃m wole la me tẽ. Ŋɔŋlɔawo me kpukpui siwo woyɔ ɖe agbalẽawo me si woŋlɔ kple kɔmpiuta zazã le kpekpeawo me ate ŋu aɖe alesi woadi mawunyakpukpuiwo le Biblia ŋutɔ me axlẽ ƒe dzi le ame ƒo. Evɔ hehe si xɔm míele si le kpekpem ɖe mía ŋu be míazã Biblia nyuie le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la ƒe akpa aɖee Ŋɔŋlɔawo me mawunyakpukpui siwo woyɔ didi le Biblia-nusɔsrɔ̃ alo hamea ƒe kpekpe aɖe me la nye. Zi geɖe la, mawunyakpukpuiawo xexlẽ tẽ tso Biblia me ɖea vi wu, vevietɔ ne wodidi kple ne wode dzi ƒo na nyaselawo be woaxlẽe le Biblia me tẽ akplɔ nuƒola la ɖo.
9 Afɔku Gã Bubuwo: Abe alesi wogblɔe ɖe August 1, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 17 ene la, kɔmpiuta zazã atsɔ axɔ nyatakaka siwo nyatakakanaha aɖewo ɖona ɖe woƒe asisiwo la ate ŋu ade ame gbɔgbɔmefɔku gãwo me. Abe alesi ame gblẽku aɖe ate ŋu ade kɔmpiutagblẽnu—kɔmpiuta zazã mɔnu si wobua wɔ be woatsɔ agblẽ kɔmpiuta dzi nuŋlɔɖiwo domee—ene la, nenema ke xɔsegbelawo, osɔfowo, kple amesiwo di be yewoagblẽ ame bubuwo ƒe agbenyuinɔnɔ alo nu bubuwo dome la ate ŋu atsɔ woƒe susu vɔ̃wo ade nya siwo nyatakakanahawo ɖona ɖe woƒe asisiwo la me. Ne womelé ŋku ɖe nya siwo nyatakakanahawo ɖona ɖa ŋu nyuie, le esiwo dzi woŋlɔ ɖo be “Yehowa Ðasefowo Ðeɖeko” gɔ̃ hã gome, eye wona Yehowa subɔla nuteƒewɔla siwo tsi le gbɔgbɔ me ɖeɖeko zãe o la, ate ŋu akplɔ ezãla bubu siwo nye Kristotɔwo de ‘hadede vɔ̃wo’ me. (Kor. I, 15:33) Habɔbɔa xɔ nyatakakawo be menye ɖeko wozã kɔmpiuta kadodo siwo wogblɔna be enye amewo ŋutɔ tɔ be woatsɔ adzro gbɔgbɔmenyawo me ɖeɖeko o, ke wozãnɛ hã tsɔ ɖoa aɖaŋu gbegblẽwo, tsɔ kakaa ameŋunyagbɔgblɔ kple alakpanyawo, tsɔ ƒãa susu vɔ̃ ɖe amewo me, tsɔ fɔa biabia kple ɖikeke siwo gblẽa ame aɖewo ƒe xɔse dome la ɖe te, eye wotsɔnɛ kakaa ame ŋutɔ ƒe Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖewoe. Le gota gome la, adze abe ɖe nyatakaka aɖewo doa dzidzɔ na ame eye nufiame le wo me ene, evɔ wòanye aɖinuwo sɔŋ ye abɔ ɖe eme. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la gbɔe Kristotɔwo dia gbɔgbɔmenuɖuɖu si sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi kple numekɔkɔwo le. (Kpɔ July 1, 1994 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 9-11.) Enye agbanɔamedzi vevi aɖe na Kristotɔ ɖesiaɖe be wòakpɔ eƒe xɔse ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ ɖesiaɖe si me, eye nu vevi si gbɔ wòle be wòakpɔ hafi ate ŋui ye nye be wòanya amesiwo wòle ha dem kplii la ɣesiaɣi.—Mat. 24: 45-47; Yoh. II, 10-11.
10 Gbetakpɔxɔ me nya ma ke te gbe ɖe nutɔnyenye ƒe sewo dziwɔwɔ dzi. Asitsaha akpa gãtɔ siwo wɔa kɔmpiuta zazã ƒe mɔnu vovovowo la dea se ɖe wo gbugbɔgawɔ azã alo adzra nu, eye wonaa mɔɖegbalẽ ame le alesi woawɔ woƒe ezazãmɔnua ŋudɔe le se nui la ŋu. Zi geɖe la, mɔɖegbalẽa gblɔna be ezãla mekpɔ mɔ ana nuŋlɔɖoɖoa ame bubuwo o; le nyateƒe me dukɔwo dome nutɔnyenyese de se ɖe enu. Sedzidada meɖea fu na ŋuklẽla geɖewo o. Gake ele be Kristotɔwo ya nalé dzitsinya nyui me ɖe asi le senyawo me eye woatsɔ nusi nye Kaisaro tɔ ana Kaisaro.—Mat. 22:21; Rom. 13:1.
11 Adzɔha gã aɖewo dzraa kɔmpiuta siwo me wode kɔmpiutazãɖoɖowoe eye wonaa mɔɖegbalẽ le wo ŋu. Gake kɔmpiutafiase aɖewo menaa mɔɖegbalẽ o, elabena se meɖe mɔ ɖe ezãɖoɖo siwo wode eme hafi le dzadzram la ŋu o, si fia be eƒlela la da se dzi ne ezã ezãɖoɖoawo. Nya si hã do ƒome kple esiae nye be, mele be Kristotɔwo nalé nyatakaka siwo ŋu nutɔnyenyese le (abe Habɔbɔa ƒe agbalẽwo ene) alo nya siwo nyatakakanahawo ɖona ɖe woƒe asisiwo, si amewo le lélem ɖi mɔmabiamabia nutɔawoe, la ɖe woƒe kɔmpiuta alo nu bubu dzi o.—Heb. 13:18.
12 Ele be míada viɖe siwo le mɔ̃ɖaŋu ɖesiaɖe zazã me kple afɔku siwo anɔ eme la kpɔ nyuie. Togbɔ be woate ŋu azã television wòaɖe vi hã la, ŋusẽ gbegblẽ si kpɔm wòle ɖe ameƒomea dzi egbea na xexemetɔ aɖewo ke hã tsi dzi ɖe eŋu vevie. Kɔmpiuta kadodowo ɖo xexeame ƒe afisiafi, eye woate ŋu ana woaxɔ nyatakaka vevi gbogbo aɖewo le aƒeme alo dɔwɔƒe. Wonaa kpekpeɖeŋu gã aɖe dɔwɔƒewo, habɔbɔwo, kple ame ɖekaɖeka siwo wòhiã be woanya nu yeye siwo gato siwo woawɔ wòaɖe vi na woawo ŋutɔ alo na woƒe dɔwɔƒe la le míaƒe xexe sia si me nuwo le du dzi le la me. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, kuxiwo abe agbegbegblẽnɔnɔnyawo, fuléle si hea mamã vɛ ŋu nyawo kaka, kple numeɖeɖe tsitotsito le alesi woawɔ nu gbegblẽ vɔ̃ɖiwoe ŋu la bɔ ɖe kɔmpiuta kadodowo me.
13 Eyata susu vevi geɖewo li siwo ta wòle be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ Kristotɔ si ɖe kɔmpiuta mɔ̃ɖaŋu zazã ŋu. New World Translation, Insight-gbalẽa ƒe bablawo, kple mawunyakpukpuiwo didi ƒe ɖoɖo si Habɔbɔa wɔ ɖe kɔmpiuta diskɛt (kɔmpiuta ƒe nuŋlɔɖigba) dzi la le vi ɖem na ame geɖe. Watchtower Library CD-ROM si Habɔbɔa wɔ si woate ŋu atsɔ awɔ numekuku bubu geɖewoe hã le vi ɖem na ame bubuwo. Togbɔ be míanya be viɖe le mɔ̃ɖaŋu aɖe ŋu hã la, ele be amesi le egbegbe mɔ̃ɖaŋu ma zãm ɖe susu nyuiwo ta la nakpɔ nyuie be wòakpɔ eɖokui kple ame bubuwo ta tso nusiwo wòate ŋu agblẽ le wo ŋu la hã ŋu. Ele be míada asɔ ale be mɔ̃ɖaŋu zazã si ŋu afɔku aɖeke mele o gɔ̃ hã nagaxɔ míaƒe ɣeyiɣi si míetsɔ ɖe adzɔgbee ƒe akpa gã aɖe madzemadzee alo wòahe míaƒe susu ɖa tso míaƒe dɔ kple taɖodzinu vevitɔwo gbɔ o.—Mat. 6:22; 28:19, 20.