Taɖodzinu Kawoe Nèɖo na Viwòwo?
1 Taɖodzinu nyuiwo ɖoɖo kple wo gbɔ ɖoɖo dzie dzidzedzekpɔkpɔ le agbe me nɔ te ɖo. Dziɖeleameƒo kple dzimadzeme vaa amesiwo minyãa taɖodzinu maɖinu siwo gbɔ manya ɖo o la dzi. Ehiã na nunya be woanya taɖodzinu siwo woaminyã bene ‘agbe vavã la nasu ame si.’ (Tim. I, 6:19) Aleke gbegbe míedaa akpe enye si be Yehowa to eƒe Nya kple habɔbɔ dzi fia mɔ si tututu míato la mí!—Yes. 30:21.
2 Yehowa ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na dzilawo le lɔlɔ̃ ƒe mɔfiame sia nana me. Le esi teƒe be woana wo vi makpɔnuteƒewo natia mɔ nyuitɔ na wo ɖokui la, dzila nyanuwo mlãa wo ɖe mɔ si woato la ŋu eye ne wotsi la, ‘womate ɖa le edzi o.’ (Lod. 22:6) Dzila Kristotɔwo srɔ̃e le nuteƒekpɔkpɔ me be yewomate ŋu aɖo ŋu ɖe yewo ɖokui ŋu o; ele be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Lod. 3:5, 6) Esia hiã na ɖevi siwo ƒe sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ mede naneke o gɔ̃ hã wu.
3 Dzilawo ate ŋu aɖo taɖodzinu nyui siwo akpe ɖe wo viwo ŋu woƒe susu nanɔ ‘nusiwo le vevie wu’ dzi la na wo. (Fil. 1:10) Woate ŋu adze egɔme kple ƒomenusɔsrɔ̃, woakpe ɖe ɖeviawo ŋu woakpɔ eƒe vevienyenye adze sii eye woasrɔ̃ nu tso eme. Anyo be nusɔsrɔ̃ hafi ayi hame kpekpewo kple dzadzraɖo aɖo nya ŋu le woawo ŋutɔ ƒe nyawo me namã ɖeviwo. Gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ɣesiaɣi le vevie. Ðevi suewo ate ŋu awɔ akpa aɖe to traktwo nana, mawunyakpukpuiwo xexlẽ, alo magazinewo nana me. Ne woate ŋu axlẽ nu la, ŋkɔŋɔŋlɔ ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me ate ŋu ana woawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me kabakaba. Dzedze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃ alo na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nye ŋgɔyiyi ƒe afɔɖeɖe gã aɖe.
4 Ne ɖeviawo le gegem ɖe woƒe ƒewuiwo me alo do ŋgɔ nɛ gɔ̃ hã la, ele be dzilawo naɖo dze kpli wo le woƒe taɖodzinuwo ŋu anukwaretɔe. Sukuɖaŋuɖolawo kple sukuhatiwo ate ŋu able wo ade xexeame ƒe ŋutilãmenuwo didi me. Ele be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woatia sukunusɔsrɔ̃ siwo ahe wo nyuie bene woasu te akpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ eye womagblẽ Fiaɖuƒea ƒe nuwo hã ɖi o. (Tim. I, 6:6-10) Woate ŋu ade dzi ƒo na wo be woawɔ trenɔnɔ ƒe “nunana” la ŋudɔ ale be ne wova tso nya me emegbe be yewoaɖe srɔ̃ la, woasu gosu atsɔ srɔ̃ɖeɖe ƒe agbanɔamedzi kpekpe la. (Mat. 19:10, 11; Kor. I, 7:36-38) Nuƒoƒo tso mɔɖeɖedɔa, subɔsubɔ le afisi hiahiã lolo le wu, Betel-subɔsubɔ, alo dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu nyuie ate ŋu aƒã didi la ɖe wo me tso woƒe ɖevime ke be woazã woƒe agbe le mɔ si adze Yehowa ŋu nu, wòaɖe vi na ame bubuwo, ahanye yayra na woa ŋutɔwo.
5 Menye ɖeko wòdzɔ kpoyi be sɔhɛ geɖe siwo léa Kristotɔwo ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi eye wole teokrasitaɖodzinuwo minyãm la va le habɔbɔa me egbea o. Wo dzila lɔlɔ̃tɔwo gbɔe woƒe dzidzedzekpɔkpɔ ƒe akpa gãtɔ tso. Ne dzilae nènye la, afikae wòdze abe eyae viwòwo ɖo tae ene? Ðe wole ŋgɔ yim ɖo ta taɖodzinu si ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋuti gbɔa? Ðo ŋku edzi be nu vevitɔ siwo nàte ŋu awɔ dometɔ ɖekae nye be nàƒã nyateƒea ɖe viwòwo me ahaƒo nu tso eŋu gbesiagbe. Ƒome si subɔa Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe la ate ŋu aɖo asiwò.—Mose V, 6:6, 7; Yos. 24:15.