INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/95 axa 1
  • Ðe Míele Ŋudzɔ—Hetsri Susuhenuwoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Míele Ŋudzɔ—Hetsri Susuhenuwoa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Dzadzraɖoɖi Hena Yehowa Ƒe Ŋkeke la
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Minɔ Ŋudzɔ!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Naneke Megana Nàtra le Yehowa Subɔsubɔ me O
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Nɔa Ŋudzɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
km 10/95 axa 1

Ðe Míele Ŋudzɔ—Hetsri Susuhenuwoa?

1 Yesu xlɔ̃ nu be: “Minɔ ŋudzɔ . . . bena miate ŋu asi” le afɔku siwo adzɔ godoo la nu. (Luka 21:36) Amegbetɔ ƒe ŋutinya me ɣeyiɣi dziŋɔtɔ kekeake mee míele. Amesiwo dɔa akɔlɔ̃e le gbɔgbɔ me la le afɔku me. Esia nye afɔku na mía dometɔ ɖesiaɖe. Yesu ƒo nu tso nuɖuɖu, ahanono, kple gbesiagbegbenɔnɔ me dzimaɖitsitsiwo ŋu. Nukatae? Elabena nusiawo gɔ̃ hã ate ŋu axɔ míaƒe ɣeyiɣi, woazu susuhenuwo, ahana míadɔ akɔlɔ̃e le gbɔgbɔ me si nye afɔku.

2 Susuhenu Siwo Bɔ: Modzakaɖeɖe si gbɔ eme alo esiwo ŋu nya ku ɖo xɔa ame aɖewo ƒe ɣeyiɣi, eye wova zua amesiwo television kpɔkpɔ zu numãme na gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã mefia be ele be míatsri modzakaɖeɖe ƒomevi ɖesiaɖe o. Modzakaɖeɖe ate ŋu aɖe vi ne míetsɔ nuŋububu kpe ɖe eŋu heɖɔ ŋu ɖo. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 4:8.) Gake ne eva zu míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa vevi aɖe, eye wòxɔa míaƒe ɣeyiɣi kple nunɔamesi geɖe, alo wòɖea míaƒe gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me dzi kpɔtɔna la, ke susuhenue wònye.

3 Susuhenu bɔbɔ bubu si hã na wodɔa akɔlɔ̃e le gbɔgbɔ mee nye ŋutilãmenu siwo mehiã hafi o la didi. Esia bia be ame nagblẽ ɣeyiɣi geɖe ɖe ŋutilãmedɔwɔwɔ ŋu eye esia na womekpɔa ɣeyiɣi ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu o. Ame aɖewo megabua gbɔgbɔmetaɖodzinuwo ŋu o esi wonyrɔ̃ wo ɖokui ɖe ŋutilãmenuwo didi me vĩ bene woate ŋu anɔ agbe si me dzidzeme le wu ta. Togbɔ be míehiã “nunyiame kple avɔtata” hã la, ele be míanɔ ŋudzɔ be galɔlɔ̃ maganyɔ ɖe mía me o, esi ate ŋu akplɔ mí atrae tso xɔse la gbɔ. (Tim. I, 6:8-10) Ne míaƒe ŋkuwo mele Fiaɖuƒedɔwo ŋu o la, míate ŋu aŋe aɖaba aƒu míaƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo dzi eye mana míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe o.—Tim. I, 5:8; Tim. II, 4:5.

4 Ame aɖewo hã na ‘agbemedzimaɖitsitsiwo te woƒe dzi ɖe to’ ale gbegbe be wodɔ alɔ̃ le gbɔgbɔ me. (Luka 21:34) Míetsia dzi ɣeaɖewoɣi le lãmegbegblẽ alo ƒomekuxi aɖe ta. Gake mele be míana ame ŋutɔ ƒe nya siawo naɖe míaƒe ŋudzɔnɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu si le du dzi gbɔna ŋu dzi akpɔtɔ o.—Mar. 13:33.

5 Nusi ko dim Abosam le enye be yeana míanɔ abe ɖe míele drɔ̃e kum ene, eye míanɔ xexemevivisese aɖewo yome tim. Ele be míaʋli be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Míenya be ‘Yehowa ƒe ŋkekea gbɔna abe fiafitɔ ene,’ eye ele vevie be “míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.” (Tes. I, 5:2, 6) Ne míekpɔ akɔlɔ̃edɔdɔ ƒe dzesi aɖe le mía ɖokui ŋu la, ehiã kpata be “míaɖe viviti me dɔwɔwɔwo ɖa.”—Rom. 13:11-13.

6 Nusiwo Akpe Ðe Mía Ŋu Míanɔ Ŋudzɔ: Nukawoe nye kpekpeɖeŋunu siawo? Gbedodoɖa le vevie. Ele be míado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe. (Tes. I, 5:17) Hadede kple Kristo-hamea kplikplikpli ‘ade lɔlɔ̃ kple dɔnyuiwɔwɔ ƒe dzo mía me.’ (Heb. 10:24) Mía ɖokui me dzodzro ɣesiaɣi le anukware me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ɖuɖu ƒe hiahiã la ŋu. (Kor. II, 13:5) Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui ana míazu amesiwo “wonyi le xɔse ƒe nyawo” me. (Tim. I, 4:6) Ne míedo vevie nu la, míate ŋu aka ɖe edzi be míatsri susuhenuwo dzidzedzetɔe, ‘míanɔ ŋudzɔ, ahanɔ te sesĩe le xɔse la me.’—Kor. I, 16:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe