Subɔsubɔkpekpewo Hena October
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 2
Hadzidzi 149
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. He susu yi gbeƒãɖeɖe si ku ɖe November 8 ƒe Nyɔ! ŋuti la dzi etɔxɛe ne esɔ na miaƒe anyigbamamã.
15 min: “Kafu Yehowa Ɣesiaɣi.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Te gbe ɖe mawunyakpukpui siwo woyɔ la zazã dzi.
20 min: “Na Magazine le Mɔnukpɔkpɔ Ðesiaɖe Me.” Dzro nyati veviwo me, eye nàƒo nu le nyati siwo woate ŋu azã le magazine yeyewo nana me ŋu. Wɔ enana ƒe wɔwɔfia eve alo etɔ̃.
Hadzidzi 153 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 9
Hadzidzi 131
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Alo hamemegã ƒe nuƒo si nye “Ame Ðeɖe le Ha Me—Ðoɖo si me Lɔlɔ̃ Le Yea?” si wotu ɖe July 15, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 25-7 dzi.
20 min: “Ðe Míele Ŋudzɔ—Hetsri Susuhenuwoa?” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nya bubu siwo tso May 1, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 20-2 le ɣeyiɣi ƒe mɔɖeɖe nu.
Hadzidzi 128 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 16
Hadzidzi 120
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. He susu yi agbalẽvi si nye Good News for All Nations, si me dzeɖonya si woazã le aƒeme yi aƒeme dɔa me le gbegbɔgblɔ vovovo 59 me le. De dzi ƒo be woazã agbalẽvi sia ne wodo go amesiwo doa dutagbe le anyigbamamãa me.
15 min: Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro Nyabiaɖaka la mee. De October 1994 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka me nya veviwo hã eme.
20 min: “Tɔtrɔyi Siwo Ŋu Taɖodzinu Le.” Dzro taɖodzinu siwo ta míewɔa tɔtrɔyiwo la me. Wɔ ɖoɖo ne gbeƒãɖela bibiwo nawɔ wɔwɔfia eve.
Hadzidzi 130 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 23
Hadzidzi 100
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.
15 min: “Míehiã Hamea.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo.
20 min: He Amewo ƒe Susu Yi Habɔbɔa Dzi. Subɔsubɔdɔdzikpɔla nazã agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã adzro nu me kple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃. Ðe nusita viɖe le eme be woana ɖetsɔlemetɔwo nanya alesi habɔbɔa wɔa dɔe, ɖoɖo siwo wowɔ ɖe dɔ vovovowo ŋu, kple alesi woate ŋu akpɔ gome le emee la me. Dzro nyati si le axa 14 kple 15 si gblɔ be “Kpekpe Siwo Ana Woaɖe Lɔlɔ̃ Afia eye Woawɔ Dɔ Nyuiwo” me kpli wo. Gbeƒãɖelawo wɔ alesi woate ŋu azã nya sia le tɔtrɔyi alo Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe dzeɖoɖo me be akpe ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖe ŋu wòakpɔe be ehiã be yeayi kpekpeawo la ƒe wɔwɔfia kpui.
Hadzidzi 126 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 30
Hadzidzi 159
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Esi xexemetɔwo le azãwo ɖu ge le December kple January me ta la, de dzi ƒo na amesiame be wòabu kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu.
15 min: Ðe Nète Amesiwo ƒe Ŋkɔ Woyɔ Na Wò Gbɔ Yiyi Kpɔa? Nuƒo. Gbeƒãɖela aɖewo te ŋu dze Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme to mɔ sia dzi: Le nusɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔ aɖe hena ɣeyiɣi aɖe megbe la, wobiaa amea ne enya ame bubu aɖe le nɔviawo, ƒometɔwo, alo xɔlɔ̃wo dome si tsɔa ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me. Zi geɖe la, woyɔa ame geɖe ƒe ŋkɔ. Bia ne àte ŋu ayɔ eƒe ŋkɔ ne èyi amesiawo gbɔ. Ne èyi la, àte ŋu agblɔ be: “Asimasi kpɔ dzidzɔ ɖe míaƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ ŋu ale gbegbe eyata ebui be wò hã àdi be yeakpɔ gome le Biblia sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖo la me.” Esia ate ŋu ahe tɔtrɔyi nyui siwo ava nye Biblia-nusɔsrɔ̃ tsekuwo la vɛ. Na gbeƒãɖela siwo ke ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu alo dze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme to mɔ sia dzi nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ ɖeka alo eve.
20 min: New World Translation kple The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe Agbalẽa Nana le November Me. Dzro New World Translation ƒe akpa vovovo ŋu nya siwo le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 276-80 me. Xlẽ “Emeɖeɖe” si ɖe nusita wowɔe la fia. Ðo nyabiabia siawo ŋu: Nuka dzie wotu gɔmeɖeɖe sia ɖo? Amekawoe ɖe egɔme? Amesiwo srɔ̃ nu yi ŋgɔ ƒe gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔe wònyea? Nukata wozã ŋkɔ Yehowa le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔwo me? Ðe nusitae wòle be míada akpe ɖe gɔmeɖeɖe sia ta la me. (Kpɔ “All Scripture” ƒe agbalẽa, ƒe axa 331, memamã 22 kple 23.) Gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ wɔwɔfia kpui si me wòazã kpɔkplɔyiɖeme si le The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe agbalẽa ƒe ta 14 axa 184 la me. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòaxɔ agbalẽa ne wòazãe le gbeadzi le kwasiɖa sia me.
Hadzidzi 138 kple gbedodoɖa hena kpakpã.