INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 2/1 axa 26-29
  • Ameka ƒe vodadae?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ameka ƒe vodadae?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gakuxiwo
  • Ðeviwo ƒe Kpododonu
  • Matsimatsi le Gbɔgbɔ Me
  • Taflatsedodo Mlɔetɔ
  • Tenɔnɔ Ðe Nɔnɔmea Ŋutɔŋutɔ Nu
  • Nukae Mawɔ be Womaganɔ Fɔ Bum Ɣesiaɣi O?
    Nyɔ!—1997
  • “Menye Nye Vodadae O”
    Nyɔ!—1996
  • Nukata Wobua Fɔ Nye Ðeka Ɣesiaɣi?
    Nyɔ!—1997
  • Ale Si Nàkpe Ðe Viwò Ŋu Ne Edo Kpo Nu Le Nanewo Me
    Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 2/1 axa 26-29

Ameka ƒe vodadae?

ŊUTSU gbãtɔ Adam ye toe vɛ. Esi wòwɔ nuvɔ̃ megbe la, egblɔ na Mawu be: “Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu.” Nusi wòwɔnɛ enye be: “Menye nye vodadae o!” Nyɔnu gbãtɔ Xawa hã wɔe nenema ke esi wògblɔ be: “Da lae blem, eye meɖui.”—Mose I, 3:12, 13.

Eyata Eden-bɔa mee wodze egɔme le esi amegbetɔwo gbe woa ŋutɔwo ƒe nuwɔnawo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ. Èɖi esia ƒe fɔ kpɔa? Ne kuxiwo do mo ɖa la, ɖe nètsona bla bua fɔ ame bubuwoa? Alo ɖe nèbua nɔnɔmea ŋu be yeakpɔ amesi tututu ƒe vodada wònyea? Ele bɔbɔe ŋutɔ be míabu fɔ ame bubuwo ɖe míaƒe vodadawo ta le gbesiagbegbenɔnɔ me ahagblɔ be, “Menye nye vodadae o!” Mina míalé ŋku ɖe nɔnɔme aɖewo siwo bɔ ŋu, eye míakpɔ nusiwo ame aɖewo wɔna ɖa. Vevietɔ wu la, yi ŋugble me le nusi nàwɔ le nɔnɔme mawo ke me ŋu.

Gakuxiwo

Ne ame aɖewo ɖo gakuxi sesẽwo me la, ɖewohĩ woagblɔ be, “Menye nye vodadae o—ganyawo ƒe sesẽ, asitsala fitifitiwo, nuwo ƒe asixɔxɔ gbɔe wòtso.” Gake nusiawo gbɔe wòtso nyateƒea? Ðewohĩ nuwo ƒe kemalimali kplɔ wo de asitsatsa siwo ŋu nya ku ɖo alo esiwo wosusu be ava nyo la me. Ŋukeklẽ tsyɔa amewo ƒe nuŋububu nyui dzi ɣeaɖewoɣi eye wodea ta dɔ manyatanuwo me heɖua aya. Woŋlɔa abebubu sia be be, “Ne nane dze nu nyui akpa la, ke menyo abe alesi wòdze ene o.” Wodia aɖaŋuɖoɖo siwo wodina be yewoase, gake ne gakuxi sesẽwo do ta ɖa ko la, wodia ame bubu be woaɖe fɔbubu nɛ. Nublanuitɔe la, esia dzɔna ɣeaɖewoɣi le Kristo-hamea gɔ̃ hã me.

Dɔ manyomanyowo alo dɔ maɖeviwo abe diamond si meli o ene ƒeƒle, gadede television dzi wɔna siwo dze ƒã be woadze edzi siwo do kpo nu le egɔmedzeɣi megbe kpuie ko me, alo alɔdodo xɔtudɔ siwo va ɖu agba la zu mɔ̃ ɖe ame aɖewo. Ðewohĩ kesinɔnu didi vivivo flu wo be woŋlɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo . . . me . . . eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.”—Timoteo I, 6:9, 10.

Ga zazã yakayaka hã ate ŋu agblẽ ga dome na ame. Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be ele be yewoado awu yeye siwo le magazinewo me, yewoaɖu mɔkeke kpeɖiwo, yewoaɖu nu le nuɖuƒe gãwo, ahaƒle ame tsitsiwo ƒe “fefenu” siwo gato—modzakaɖeʋuwo, aɖeʋuwo, fotoɖemɔ̃wo, haƒomɔ̃ gãwo. Le nyateƒe me la, ame aɖewo ate ŋu ava ƒle nusiawo to ɖoɖo nyui wɔwɔ kple gadzadzraɖo me. Gake amesiwo atsi klokloklo be woaka yewo si la adze fe me ʋli. Ne wodze fe me ɖe, ameka ƒe vodadae? Edze ƒã be woŋe aɖaba ƒu aɖaŋuɖoɖo nyui si le Lododowo 13:18 dzi: “Ahedada kple ŋukpe ava amesi gbe amehehe la dzi.”

Ðeviwo ƒe Kpododonu

Dzila aɖewo agblɔ be: “Hamemegãwoe wɔe be vinyewo do le nyateƒea me. Womelé ŋku ɖe vinyewo ŋu nyuie o.”

Ele eme baa be agba le hamemegãwo dzi be woakplɔ alẽha la ahalé be nɛ, gake dzilawo ŋutɔ ya ɖe? Ðe woɖea Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo fiana le woƒe nuwɔnawo katã me tsɔ ɖoa kpɔɖeŋuia? Ðe wowɔ ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ edziedzia? Ðe dzilawo tsɔ dzo ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ŋu hekpe ɖe ɖeviawo ŋu wodzra ɖo ɖe eŋua? Ðe wonɔ ŋudzɔ ɖe wo viwo ƒe zɔhɛwo ŋua?

Nenema ke wòanɔ bɔbɔe be dzila nagblɔ le sukudɔwo ŋu be: “Nufialawo gbɔ wòtso be vinye menya nu le suku o. Womelɔ̃ eƒe nya o. Eye womefiaa nu le suku ma hã nyuie o.” Gake ɖe dzila la ɖo dze kple nufialawo nyuie hafia? Ðe dzila la tsɔ ɖe le ɖevia ƒe nusrɔ̃ɖoɖowo kple nusɔsrɔ̃wo mea? Ðe wowɔ ɖoɖo ɖe eƒe sukudɔdasi siwo wòawɔ le aƒeme ŋu hekpena ɖe eŋu ne ehiã? Ðe wòanye be ɖevia alo dzila ƒe nuwɔna alo kuviawɔwɔ gbɔe kuxia tsoa?

Le esi teƒe be dzilawo nagblɔ be sukuae menyo o la, aɖe vi wu sã ne woɖe afɔ nyuitɔ tsɔ kpɔ egbɔ be nɔnɔme nyuitɔ le wo viwo me, eye wowɔ nusɔsrɔ̃ ƒe mɔnukpɔkpɔ siwo le suku ŋudɔ nyuie.

Matsimatsi le Gbɔgbɔ Me

Míesenɛ ame aɖewo gblɔna ɣeaɖewoɣi be: “Anye ne masẽ ŋu le gbɔgbɔ me wu hafi, gake menye nye vodadae wònye be nyemetsi o. Hamemegãwoe meléa ŋku ɖe ŋunye tututu o. Xɔlɔ̃ aɖeke mele asinye o. Yehowa ƒe gbɔgbɔ mele hame sia dzi o.” Evɔ xɔlɔ̃wo le hamea me tɔ bubuwo si, wokpɔa dzidzɔ, eye wowɔa ŋgɔyiyi nyuiwo le gbɔgbɔ me; eye hamea dzina ɖe edzi eye nu dzea edzi na wo le gbɔgbɔ me. Ekema nukata kuxiwo le ame aɖewo ya ŋu?

Ame ʋee aɖewo koe adi be yewoade ha kple amesiwo si nɔnɔme gbegblẽ le, eye wotoa nyatoƒoe. Numeveveetɔ kple nyatoƒoetoto atraɖii ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo vevie. Ame aɖewo malɔ̃ agade ha kple ame mawo o le esi womedi be yewoagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me o ta. Ne amea tsɔ esia be hameae le fafam la, adze tsatsa gɔme, gbã aʋu ayi hame bubu me, emegbe anɔ tsatsam le hamewo dzi nyɔ̃ɔ. Abe lãha siwo le Afrika-gbegbe siwo nɔa gbe damawo didi dzi ɖaa ene la, Kristotɔ “tsatsala” siawo nɔa hame si asɔ na wo dim ɣesiaɣi. Aleke woahakpɔ dzidzɔ wu enye si ne wolé ŋku ɖe nɔnɔme nyui siwo le ame bubuwo si ŋu boŋ hedze agbagba be yewoaɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo afia bliboe le woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ me!—Galatiatɔwo 5:22, 23.

Ame aɖewo wɔa esia esi wodzea agbagba etɔxɛ be yewoaɖo dze kple ame bubu aɖe le kpekpe ɖesiaɖe me le Fiaɖuƒe Akpata me, ahakafui vevie le nu nyui aɖe ta. Ate ŋu anye vi ɖɔʋu siwo le esi, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi, ŋuɖoɖo siwo wòdzra ɖo nyuie hegblɔ le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me, esi wònyo dɔme ɖe mɔ wowɔa Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ kple kpekpe hena gbeadziyiyi le eƒeme, kple nu bubuwo ta. Ne èɖoe wò taɖodzinu be yealé ŋku ɖe nɔnɔme nyui siwo dzi blibomademade tsyɔ nui me la, àkpɔ nɔnɔme nyui siwo le nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo si godoo. Esia ana nàlɔ̃ wo, eye nàkpɔe be xɔlɔ̃ wɔnuteƒewo mave ye o.

Taflatsedodo Mlɔetɔ

“Mawu ƒe lɔlɔ̃nue.” “Abosam gbɔe wòtso.” Ðewohĩ taflatse mlɔetɔ si míadoe nye be míabu fɔ Mawu alo Abosam le mía ŋutɔwo ƒe kpododonuwo ta. Enye nyateƒe be Mawu alo Satana akpɔ ŋusẽ ɖe nudzɔdzɔ aɖewo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me ya. Gake ame aɖewo xɔe se be nusianu si dzɔ le yewoƒe agbe me, eɖanye nyui alo vɔ̃ o, Mawu alo Satana gbɔe wòtso. Ðeko wòle abe ke nusianu si dzɔ ɖe wo dzi ƒe ɖeke metso woa ŋutɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ o ene. “Ne Mawu di be ʋu yeye ma nanɔ asinye la, akpɔ egbɔ be wòaka asinye godoo.”

Zi geɖe la, ame mawo tɔgbe nɔa agbe tamemabumabutɔe, wotsoa nya me le ganyawo kple nu bubuwo ŋu kple susu be Mawu aɖe yewo. Ne woƒe nuwɔna nunyamanɔmee na dzɔgbevɔ̃e aɖe dzɔ ɖe wo dzi le ganyawo alo nu bubu aɖe me la, wobua fɔ Abosam. Menye ɖeko dzitsitsi tsɔtsɔ wɔ nui ‘eŋu mabumabui gbã,’ emegbe woabu fɔ Satana ɖe kpododonua ta, alo esi gavlo wu la, woakpɔ mɔ be Yehowa nade nu eme nye nuŋumabumabu nyuie o, ke mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu hã o.—Luka 14:28, 29.

Satana te kpɔ be yeana Yesu nabu tame nenema eye matsɔ Eƒe nuwɔnawo ƒe agba o. Mateo 4:5-7 ka nya ta le tetekpɔ evelia ŋu be: “Abosam kplɔ eyama heyi ɖe du kɔkɔe la me, eye wòtsɔe da ɖe gbedoxɔ ƒe tsutsuẽƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema dzo naɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò, eye woaxɔ wò ɖe asiwo me, be nagatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.’” Yesu kpɔe dze sii be yemate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa aɖe ye ne yewɔ movinu alo nusi ate ŋu awu ye gɔ̃ hã la o. Eyata eɖo eŋu be: “Wogaŋlɔ ɖi hã bena: ‘Megate [Yehowa], wò Mawu la, kpɔ o!’”

Amesiwo lɔ̃a fɔbubu Abosam alo Mawu le woa ŋutɔwo ƒe nuwɔna manyomanyowo ta la sɔ kple amesiwo kplɔa ɣletivimefakaka ɖo, siwo tsɔa ɣletiviwo ɖoa Mawu alo Abosam teƒe. Esi woxɔe se bliboe be yewomate ŋu awɔ naneke le nusianu kloe siwo dzɔna ŋu o ta la, woŋea aɖaba ƒua gɔmeɖose si le Galatiatɔwo 6:7 dzi: “Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.”

Tenɔnɔ Ðe Nɔnɔmea Ŋutɔŋutɔ Nu

Ame aɖeke mate ŋu ake ɖi le eŋu o be xexe madeblibo mee míele. Kuxi siwo me míedzro le afisia nye agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo. Amewo atafa mí le ganyawo me. Dɔtɔ aɖewo ate asi ɖe ŋku dzi na mí. Xɔlɔ̃wo ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía viwo dzi. Nufiala kple suku aɖewo ahiã ɖɔɖɔɖo. Hamemegãwo ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme afia wu ɣeaɖewoɣi. Gake ele be míakpɔ ŋusẽ si blibomademade kpɔna ɖe ame dzi adze sii, eye abe alesi Biblia gblɔe ene la, “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Eyata manye anukwareɖiɖi be míakpɔ mɔ be nuwo atsɔ afɔ nyuie le míaƒe agbe me ɣesiaɣi o.—Yohanes I, 5:19.

Hekpe ɖe eŋu la, ele be míanya mía ŋutɔwo ƒe blibomademadewo kple míaƒe ŋutetewo seƒe ahade dzesii be mía ŋutɔwo ƒe movidzɔdzɔe hea kuxiwo va mía dzi zi geɖe. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negadi nu gã wu nusi dze ame be, wòadi o.” (Romatɔwo 12:3) Nenema ke aɖaŋuɖoɖo ma le vevie na míawo hã egbea. Ne nu manyomanyo aɖe dzɔ ɖe mía dzi le agbe me la, míatso enumake adze mía tɔgbui Adam kple mía mama Xawa yome agblɔ be: “Menye nye vodadae o!” Ke boŋ míabia mía ɖokui be, ‘Anye ne nukae mawɔ hafi be nu vlo sia madzɔ ɖe dzinye o? Ðe meɖɔ ŋu ɖo nyuie le nyaa ŋu hedi aɖaŋuɖoɖo tso teƒe nyuitɔa? Ðe metsɔe be ame ma alo amesiwo ŋu nya la ku ɖo meɖi fɔ o eye medea bubu wo ŋua?’

Ne míezɔ ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo dzi eye míeɖɔ ŋu ɖo nyuie la, míadze xɔlɔ̃ geɖe wu eye míaƒe kuxiwo anɔ ʋee. Míakpɔ kuxi siwo vaa mía dzi le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me siwo anye ne womava hafi o la dometɔ geɖe gbɔ. Dzi adzɔ mí le míaƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me eye biabia sia be: “Ameka ƒe vodadae?” la mazu taɖui na mí o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Dzilawo ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu woatsi le gbɔgbɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe