Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Kunuwɔwɔ Ŋu ƒe Amesinɔnɔ
1 Le ŋutinya katã me la, ku nye nusi dzɔna ɖe ameƒomea dzi ɖaa. Gake nunyanya tso eŋu ɣeyiɣi didi mena be nusi wògblẽna le amesiwo gale agbe ŋu la nu kafa vie o. Esɔ le dzɔdzɔme nu be amegbetɔwo nafa konyi le woƒe lɔlɔ̃tɔ si ku ta. Mawu subɔlawo xa nu nenema eye woɖe woƒe konyifafa fia to avifafa kple awudodo si fia blanuiléle me. Do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo la, wotaa akpanya eye wofaa konyi vaseɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖewo ɣeaɖewoɣi. (Mose I, 23:2; Mose V, 34:8; Sam. II, 14:2) Gake Yehowa subɔla Kristotɔwo nya be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre eyata womefaa konyi wògbɔa eme o.—Tes. I, 4:13.
2 Enye lɔlɔ̃ ɖeɖefia le ƒome si dzi kua dzɔ ɖo ƒe xɔlɔ̃wo gome be woayi aɖasra wo akpɔ afa akɔ na wo le veveseɣi mawo me. (Kor. II, 1:3-5) Esi wònye aƒelikawo, kple amenyanyɛ bubuwo abe dɔwɔhatiwo, kple ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o ye vaa kua teƒe zi geɖe ta la, mɔnukpɔkpɔ nɔa anyi be woaɖi ɖase le Biblia me nyateƒea ŋu. Taɖodzinu nyui bubu si gbɔ kunuwɔwɔa ate ŋu akpɔ enye be enaa wobua tame le alesi agbe le kpuie kple alesi ame ƒe tameɖoɖowo kple nuwɔnawo tsia akpo dzii ŋu. Enyea ɣeyiɣi si me ame dea ŋugble le alesi eya ŋutɔ le agbe nɔmee ŋu.—Nyagb. 7:2.
3 Wona mɔfiame le “Kristotɔwo ƒe Nɔnɔme Ðeɖefia le Kuteƒewo” ŋu le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ si nye August 1979 tɔ ƒe emedegbalẽvi me. Le nya si le Petro II, 1:12, 13, kple nyatakaka kpakple nyabiabia siwo tso gbeadzi nyitsɔ laa nu la, eva hiã be míagadzro nyati sia me be míakɔ nyaa ƒe akpa aɖewo siwo ŋu wotsi dzi ɖo la me.
4 Kunuwɔwɔ Siwo Dzi Nɔviwo Kpɔna:Enye ƒometɔ siwo dzi kua dzɔ ɖo ƒe agba be woawɔ ɖoɖo ɖe kua ŋu—ame kukua dzadzraɖo, mɔɖegbalẽ siwo hiã xɔxɔ, kple amesi aƒo kuteƒenuƒoa tiatia kpakple fenyinyiwo katã xexe. Nyateƒee, hamea me tɔ ɖekaɖekawo ate ŋu akpe ɖe ame kukua ƒe ƒometɔwo ŋu le dzadzraɖo vevi siwo metsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o la wɔwɔ me. Esia wɔwɔ adze na kafukafu.
5 Nusi to vovo na esi míegblɔ va yi si mebɔ o enye be, ne wòva hiã ŋutɔŋutɔ la, hamea atsɔ Kristotɔ wɔnuteƒe si ku le hiã me alo esi si ƒometɔ siwo ate ŋu akpɔ nya siawo gbɔ hã mele o la ƒe kunuwɔwɔa ƒe agbanɔamedzi aɖewo. (Tsɔe sɔ kple Timoteo I, 5:9, 10.) Esia nye nusi ŋu afima hamemegãwo ƒe ha la atso nya me le. Le go sia me gɔ̃ hã la, masɔ be woaɖo ame kukua agbaŋu zã bliboa le Fiaɖuƒe Akpataa me ahanɔ ŋu dɔm o. Kuteƒenuƒoa dzaa ta koe woakɔ ame kukua ayi Fiaɖuƒe Akpataa me ɖo. Esi kunya kakana kaba le eɖokui si ta la, amewo asee eye amesiwo lɔ̃ la ate ŋu awɔ ɖoɖo ayi kuteƒea le wo ɖokui si. Eyata mahiã be woaɖe gbeƒã kua kple ameɖiɖoɖoa le nuƒolanɔƒea le hame bubu me tsɔ wu esi me amesi ku la nɔ tsã o. Mele be woaɖo lɛta ɖe hame bubuwo le esia ta hã o.
6 Ne ame ku na wò la, anyo be nàɖo ŋku edzi be le Kristotɔwo ƒe kuteƒe la, ele be woaɖi ame ɖe mɔ si wɔ ɖeka kple dzadzɛnyenye ƒe nudidiwo kple esi dzi amewo da asi ɖo si le se nu la nu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, enyea mɔnukpɔkpɔ be woagblɔ Biblia ƒe mɔkpɔkpɔa na vavalawo katã. Wokpɔa ŋudzedze ɖe Kristotɔwo ƒe ŋuɖɔɖɔɖo ŋu ɣesiaɣi. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 38:18.) Togbɔ be ameɖiɖi si “sɔ” la aɖe bubu si nɔ amesi ku la ŋu afia hã la, mele be míaŋlɔ be o be ameɖiɖi kpeɖiwo ƒe gazazã mele bɔbɔe o. Ke hã viɖe kae anɔ ameɖiɖi kpeɖia ŋu ne womede bubu ame kukua ŋu esime wònɔ agbe o alo ne ewɔwɔ he fukpekpe si mehiã hafi o va amesiwo gale agbe la dzi? Viɖe anɔ eŋu ne wobu tame le nya siawo ŋu esime wole nyametsotso wɔm le alesinu woawɔ ɖoɖo ɖe lɔlɔ̃tɔ si ku ƒe ɖiɖi ŋu la ŋuti.
7 Fiaɖuƒe Akpata me, ame kukua ƒeme, alo yɔdoa to ye woƒo kunuƒoa le o, Habɔbɔa ƒe kunuƒogbalẽ si wòta ŋudɔe wòle be woawɔ. Mele be woaɖe mɔ ɖe xɔsetsakatsakanuwɔna aɖeke ŋu o, efia be nɔviwo mazã nuƒolanɔƒea kple subɔsubɔha bubuwo o. (Kor. II, 6:14-18) Zi geɖe la, wogblɔa ame kukua ƒe agbemeŋutinya kpuie dea nuƒoa me. Le susu sia ta la, masɔ be woaxlẽ kafukafunya alo amedoɖedzinya aɖewo le ame kukua ŋu le nuƒolanɔƒea tsɔ kpe ɖe nuƒoa ŋu o. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 1:25.) Be mana nukpɔsusu gbegblẽ nanɔ amewo si abe ɖe wole nu ƒom kple ame kukua ene o la, ƒomea naƒo asa na kafukafunya si xexlẽ anye nuƒoƒo tẽ na ame kukua. Esi hameae aƒo nuƒoa ta la, ne kafukafunya ma tɔgbe anɔ anyi hã la, ele be woaxlẽe do ŋgɔ na hadzidzi si woatsɔ dze nuƒoa gɔmee.
8 Kunuƒoa ƒe taɖodzinue nye be woana Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe le ku kple Mawu ƒe tameɖoɖo be yeagbɔ agbe ame kukuwo to tsitretsitsi dzi la ŋu. Ele be nuƒola la nazã nya siwo le nuƒogbalẽ si Habɔbɔa na dzi eye megade nya bubu siwo nɔ te ɖe alakpadzixɔsewo dzi eme o. Le kpɔɖeŋu me, masɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu be woana wòadze abe ƒomea me tɔ siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le lae wu amea o. Ameɖiwɔna kpui aɖe akplɔ nuƒoa ɖo, hekpe ɖe nyagbɔgblɔ kple gbedodoɖa kpui aɖe ŋu le yɔdoa to.—Mat. 27:59, 60; Mose I, 25:9, 10; 49:29-32.
9 Anye dɔmenyonyo le fanametɔwo gome be woana woƒe wogbɔ nɔnɔ nanɔ kpuie ale be mazi ɖe ƒometɔ siwo ame ku na la dzi be woanɔ nuɖuɖu nam wo o. Ne ƒometɔawo lɔ̃ la, woawɔ ɖoɖo ma na fanametɔ siwo tso didiƒe. Enye Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia be woawɔ nu ameŋububutɔe be ƒometɔwo ƒe fenyinyiwo nagadzi ɖe edzi o. (Gal. 6:2) Asɔ hã be nɔvi siwo ƒoƒu ɖe kuƒea me la nadzɔ ga ne wolɔ̃, be wòanye nunana woatsɔ ana ame kukua ƒe ƒometɔwo. Ele be alesi woawɔ nudzɔdzɔ mawoe la nasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me dzidzenuwo nu. (Kor. II, 9:7) Le kpɔɖeŋu me, le ɖekawɔwɔ me kple gɔmeɖose si le Mateo 6:1-4 la, ɖe wòasɔ be woaɖe gbeƒã nunana mawo le gaglãgbe kple susu be amewo nakafu yewoa?
10 Ele be Ðasefo siwo yi kuteƒea ƒe nuwɔna nasɔ ɖe wɔna la nu. Togbɔ be Kristotɔwo mexaa nu abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele o ene o hã la, edze ƒã be nuƒoƒo sesĩe nukokoedonametɔe—abe modzakaɖeƒe alo azãɖuƒee wole ene la masɔ le kuteƒe o. Nusianu wɔɣi li eye kuteƒe menye ɣeyiɣi si me woanɔ nu kom hahaha o. (Nyagb. 3:1, 4) Enye ɣeyiɣi si me woase veve ɖe ame ti, si wɔ ɖeka kple aɖaŋuɖoɖo sia be: “Midzɔ dzi kple amesiwo dzi le dzɔdzɔm la, mifa avi kple amesiwo le avi fam la!”—Rom. 12:15.
11 Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔawɔɣi la, wo kple eƒe apostolowo xa nu eye wofa konyi le ɣeyiɣi vovovowo me. (Yoh. 11:33-35, 38; Dɔw. 8:2; 9:39) Gake nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo fa konyi abe alesi wowɔnɛ be amewo nakpɔ le ɣemaɣi me ene o. (Tsɔe sɔ kple Luka 23:27, 28.) Le kpɔɖeŋu nyui sia sɔsrɔ̃ me la, Kristotɔwo ƒe konyifafa ɖea seselelãme si sɔ fiana, wodana sɔna ɣesiaɣi, eye mɔkpɔkpɔ kple dzideƒo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi gɔ̃ hã.—Mat. 5:4; Kor. I, 7:29, 30; Kor. II, 6:10; tsɔe sɔ kple Samuel II, 12:16, 19-23.
12 Kunuwɔwɔ Bubuwo: Ne ƒometɔ, amenyanyɛ alo dɔwɔhati siwo nye xexemetɔwo ku la, Kristotɔwo ɖea dɔmenyonyo fiana to babadodo na ƒometɔ siwo ƒe ame ku la tso dzime ke. Ne Kristotɔ kple gbɔgbɔmenɔvi bubuwoe ayi kuteƒe mawo alo menye wo kple woe o hã la, ele be wòaɖo ŋku taɖodzinu si le eŋu dzi—be míakpe ɖe amesiwo ame ku na la ŋu ahafa akɔ na wo.
13 Alesi xexemetɔwo ƒe kuteƒewo anɔ la ato vovo sã na nɔnɔme siwo anɔ esiwo ŋu Kristotɔwo awɔ ɖoɖo ɖo. Ahamumu, nutsuɖuɖu kple aglotutu bɔna ɖe xexemetɔwo ƒe kuteƒewo. Ahatsunono nye ayemɔ siwo dzi Abosam tona kplɔa Kristotɔwo dea agbegbegblẽnɔnɔ me la dometɔ ɖeka, eyata ele be míakpɔ nyuie. Ahiã be Kristotɔ nato eƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna ɖesiaɖe dzi akafu Mawu le ƒuƒoƒea.—Kor. I, 10:31.
14 Togbɔ be taɖodzinu nyui le kuteƒeyiyi ŋu hã la, ehiã be woada asɔ. Esi xexe sia ƒe nuwuwu le gogom la, woɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woadi gbɔgbɔmekesinɔnuwo gbãgbiagbã. (Mat. 6:33, 34) Ðe wòaɖee afia be Kristotɔ da sɔ ne edzraa ɣeyiɣi kple ga ɖo edziedzi ɖe kuteƒeyiyi ŋu gake mete ŋu ƒlea magazine yeyewo hena ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple gbeadzisubɔsubɔdɔ o le gamanɔanyi ta? Ðe hamea ƒe kwasiɖanuwuwu kpekpewo toa ŋuwò enuenu le amenyanyɛ aɖewo ƒe kuteƒe dede ta? Ðe wòanye nu veviwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ ne wodaa hamea ƒe kpekpewo ɖe ŋkeke bubu dzi alo wɔa ɖoɖo ɖe wo kple kpekpe bubuwo ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me be mɔnu nanɔ anyi na kuteƒewo yiyia?—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 1:9, 10.
15 Kukɔnuwo—Naneke Megblẽ le Wo Ŋu Oa?: Kɔnu siwo ku ɖe vidzidzi, srɔ̃ɖeɖe, ku, kple bubuwo ŋu la to vovo ŋutɔ le dukɔ vovovowo me kple le nuto vovovowo gɔ̃ hã me le dukɔ ɖeka me. Eyata viɖe manɔ ŋu be míatsɔ kɔnuwo asɔ kple wo nɔewo o. Manya wɔ be míadzro dukɔ sia me ƒe kunuwɔwɔkɔnu ƒe akpa sia akpa me le emedegbalẽvi sia me o, eyata le ɖekawɔwɔ me kple Hebritɔwo 5:14 la, nusi anyo be ame nawɔ enye be ‘wòawɔ eƒe sidzenuwo ŋudɔ be wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome.’ Nusi ŋu wòle be Kristotɔ nalé ŋku ɖo ahaƒo asa na enye nusianu si le kɔnu ma ŋu si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. (Mose V, 14:1, 2) Ele be Kristotɔ nadze agbagba be yeatsɔ Biblia ƒe sededewo kple gɔmeɖosewo awɔ dɔe ɣesiaɣi. Mina míanɔ te ɖe nya sia dzi ade ŋugble le kpɔɖeŋu ʋee aɖewo ŋu kpɔ.
16 Ðe Kristotɔ ate ŋu ade “tsyɔ̃wɔƒea”? Le teƒe aɖewo ne woɖi ame le ŋkeke ɖeka, kwasiɖa ɖeka, ɣleti ɖeka, alo ƒe ɖeka gɔ̃ hã megbe la, ƒometɔwo wɔa tsyɔ̃. Tso egɔmedzeɣi ke la, wobunɛ be enye gbɔgbɔmekunuwɔwɔ si aɖe mɔ na luʋɔ la be wòadzo le ku ƒe nutowo me age ɖe kukuawo de ŋutɔŋutɔ. Gake le dukɔa ƒe akpa siwo amekukudzraɖoƒe mele o la, nusi wowɔna enye be woɖia amea ne eku megbe kpuie be magagblẽ o. Ema megbe la, woɖoa ŋkeke aɖe si dzi ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ava ƒo ƒu be woakpɔ fenyinyiwo kple nya siwo ku ɖe kua ŋu la gbɔ. Ame aɖewo yɔa esia be “tsyɔ̃wɔwɔ” gake le nyateƒe me la, esiae nye kunuwɔwɔa ŋutɔŋutɔ eye wònye ɖoɖo si sɔ akpe ɖe ame kukua ƒometɔwo ŋu be woakpɔ nya vevi siwo ku ɖe kua ŋu gbɔ. Togbɔ be zi geɖe la, susu aɖeke meli si ta Kristotɔ si de ameɖiƒea nagayi kunuwɔƒe sia o hã la, nɔvi si nye ƒomea me tɔ alo amesi mete ŋu yi ɖado baba na kutɔwo le ameɖiɣia o la ate ŋu atiae be yeayi wɔna evelia sia wɔƒe.
17 Tsyɔ̃wɔwɔ si me míeɖe le etame to vovo na “ku ƒe ŋkuɖodzizã.” Wɔna evelia sia nye esi wowɔna tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi eye zi geɖe la, woƒoa aha ɖe yɔdoa dzi tsɔ biaa yayra tso ƒometɔ kukua gbɔ. Esi tameɖoɖo kple Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu gobi aɖeke mele ku ƒe ŋkuɖodzizã sia ɖuɖu me o ta la, manye nusi sɔ be Kristotɔwo nanɔ ŋkuɖodzinu siawo wɔm ƒe sia ƒe alo le ɣeyiɣi aɖewo dzi enuenu na ƒometɔ kukuwo o.—Nyagb. 9:5, 6.
18 Kunumevɔwo Kple Kɔnuwo: Wodina tso gbe aɖewo gblɔlawo ƒe ahosiwo kple ahowo si be woado awu tɔxɛ aɖewo eye woanɔ konyifagbe si me wotsria nuwɔna geɖe na wo le ƒe ɖeka. Ðe kɔnuwɔwɔ sia wɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe dzixɔsewoa? Gɔmesese le eŋu be Kristotɔ si ƒe lɔlɔ̃tɔ ku la ƒe awudodo kple nuwɔna aɖee afia be nu te ɖe edzi va de asi na ɣeyiɣi aɖe ya. (Tsɔe sɔ kple Fiawo II, 6:30.) Gake esia to vovo na awu dodo ɣeyiɣi didi aɖe si do ƒome kple ame kuku ŋuti dzixɔse si menɔ te ɖe Biblia dzi o. Woate ŋu abia tso ame kukua ƒe viwo kple tɔgbuiyɔviwo si be woako ta, aɖe togɛ, afɔkpa, kpakple nu bubuwo, atsɔ ade bubu ame kukua ŋui. Togbɔ be gbegbe be womakpɔ gome le kɔnuwɔwɔ mawo me o ado dziku na ƒometɔ tɔteɖenudzila siwo nye xexemetɔwo hã la, aleke woabu Kristotɔe ne ekpɔ gome le nuwɔna alo kɔnuwɔwɔ si woawɔ atsɔ afa dzi na “tɔgbuiwo ƒe gbɔgbɔwo” la me? Ne ame aɖe kpɔ gome le nusiawo me la, ke ele eɖem fia be le yeƒe dzime la, yegakpɔtɔ nye alakpasubɔsubɔ ƒe akpa aɖe. (Nyaɖ. 18:4) Takoko le ame kuku ta afia be amea xɔe se be eƒe luʋɔ gale agbe. Nuwɔna ma anye alakpanuwɔwɔ le Yehowa Ðasefo gome. (Xez. 18:4) Aleke kee Kristotɔ ƒe vevesese nu asẽe o, eƒe dzitsinya maɖe mɔ nɛ wòawɔ konyifakɔnu siwo tsi tre ɖe Biblia la ŋu o.
19 Wonya Yehowa Ðasefowo nyuie le xexeame godo be wofiaa Biblia la. Biblia me nyateƒe ɖeka si dzi wotea gbe ɖo enye be kukuawo menya naneke o, womele fu kpem le dzomavɔ me alo ŋutete hã mele wo ŋu wole tsatsam le anyigba dzi be yewoawɔ nuvevi ame bubuwo o. (Nyagb. 9:5) Nufiafia sia fa akɔ na ame akpe alafa geɖe. Eyata zi geɖe la, amesiwo le nuto geɖe me mekpɔa mɔ be Kristotɔ siawo akpɔ gome le nuwɔna siwo wowɔna tsɔ faa dzi na ame kukuwo me o.
20 Ke nukae adzɔ ne Kristotɔwo lɔ̃ wɔ konyifakɔnu siwo nɔ te ɖe alakpadzixɔse dzi le woƒe ƒometɔwo alo aƒelikawo ƒe nyaƒoɖeamenu ta? Ðe aƒelikaawo maƒo nya ta be ɖewohĩ Kristotɔawo mexɔ nusi woɖea gbeƒãe la dzi se ŋutɔŋutɔ oa, eye be ɖewohĩ woate ŋu ana woana ta le nu bubuwo me oa? Woabui nenema godoo! Esia ana dɔ nyui geɖe me agblẽ, eye wòaɖia ame geɖe nu.—Mat. 18:6, 8; Kor. II, 6:3.
21 Eyata hamemegãwo kple ame bubu siwo le hamea me ana kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe si hiã na amesiwo ƒe ame ku la be wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ te sesĩe le nyateƒe la me ne wodze ŋgɔ nyaƒoɖeamenu ɖesiaɖe be woawɔ nuwɔna siwo mesɔ na Kristotɔwo o. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 1:3, 4.) Ke ne togbɔ be wokpe ɖe Kristotɔ aɖe ŋu alea vɔ megbe gake wòva le konyifakɔnu siwo tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu wɔm ya ɖe? Hamemegãwo awɔ nu le dɔmenyonyo me eye woadze agbagba vevie be yewoaɖɔ mɔtrala la ɖo. (Gal. 6:1; Yak. 5:19, 20; Pet. II, 3:9) Gake ne Kristotɔ aɖe te tɔ ɖe edzi be yeayi nusia si mesɔ kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ o wɔwɔ dzi la, ekema ava hiã be hamemegãwo naɖe afɔ enumake ale be eteƒekpɔlawo matɔtɔ o alo wòana nuwɔna gbegblẽwo nage ɖe Kristo-hamea me o. Amesiame si subɔa etɔgbui kukuwo la meganye Kristotɔ vavã o, eye ele be woaɖe afɔ siwo ana Kristo-hamea nanɔ dzadzɛ.—Kor. I, 5:13.
22 Ke kuteƒevɔ yibɔ, hɛ̃ alo dzĩ tata ya ɖe? Le nuto aɖewo me la, avɔ yibɔ tata le kuteƒe nye ameflunu si wowɔna tsã be gbɔgbɔ vɔ̃ siwo wogblɔna be wodea xa ɖe teƒe mawo la nagakpɔ ame o. Kuteƒeyilawo taa amadede tɔŋkuwo le susu sia ke ta le dukɔ bubuwo me. Ne susu sia tae amewo taa kuteƒevɔ yibɔ, hɛ̃ alo dzĩ le miaƒe nutoa me la, ke masɔ be Kristotɔ hã natae nenema o. Gake akpanya si nye avɔ yibɔ si wotsɔ gbɔfũ lɔ̃e la nye konyifavɔ le Kanaan-nɔlawo kple Yehowa subɔla gbãtɔwo dome.—Mose I, 37:34; Sam. II, 21:10; Sam. I, 4:12.
23 Ðe wòfia be esi nuto aɖe me tɔwo taa avɔ yibɔwo tsã le alakpadzixɔse ta ko la mele be Kristotɔ aɖeke nata avɔ yibɔ le kuteƒewo oa? Mefia nenema kokoko o. Le kpɔɖeŋu me, esi trɔ̃subɔlawo zã seƒoƒowo alo seƒoƒotsihewo la, mefia be ele be tadeagula vavãwo natsri wo zazã o ne kadodo ma alo gɔmesese ma mele eŋu egbea o. (Dɔw. 14:13) Nenema ke togbɔ be numekugbalẽ aɖewo gblɔe be asigɛdodo le srɔ̃ɖeɖe me dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me hã la, mefia be Kristotɔwo mate ŋu ado srɔ̃ɖesigɛwo o.—w72 1/15 axa 63; w69 1/15 axa 58-9.
24 Biblia ƒo nu tso kɔnu geɖewo ŋu, ɖewo menyo na tadeagula vavãwo o, bubuwo nye esiwo Mawu subɔlawo wɔna. (Fia. I, 18:28; tsɔe sɔ kple Rut 4:7.) Kɔnu siwo dzea Mawu ŋu ate ŋu adzɔ tso subɔsubɔnyawo gɔ̃ hã me. Esime Mawu gblɔ Ŋutitotoŋkekenyui ŋuti ɖoɖowo la, megblɔ be woazã wein o, gake le ƒe alafa gbãtɔ me la, eva bɔ be wozãa wein. Yesu kple eƒe apostolowo megbe mawusubɔsubɔ me kɔnu sia o. Wokpɔe be naneke megblẽ le eŋu o, eye wowɔ ɖe edzi. (Mose II, 12:6-18; Luka 22:15-18; Kor. I, 11:25) Nenema ke wòle le kukɔnu aɖewo—menye wo katã o—hã gome. Egiptetɔwo sia atike na ame kuku le kɔnu nu. Blemafofo nuteƒewɔla Yosef metso ko wɔ nu eŋumabumabui be, ‘Trɔ̃subɔsubɔkɔnue nye sia, eyata ele be mí Hebritɔwo míatsrii’ o. Ke boŋ ‘ede se na eƒe dɔla, siwo nye atikewɔlawo, bena woasi atike na ye fofo,’ edze ƒã be kple susu be woate ŋu aɖi Yakob ɖe Ŋugbedodonyigba si gbɔ didi la dzi tae.—Mose I, 49:29–50:3; w91 10/15 axa 31, mm. 3; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 9:37.
25 Ele be Kristotɔwo natsri nuwɔna siwo tsi tre ɖe Biblia me nyateƒeawo ŋu. (Kor. II, 6:14-18) Eyata ele be Kristotɔ vavã nade ŋugble be: Ðe kɔnu aɖe si dzi mawɔ ɖo la ana ame bubuwo nabui be mexɔ dzixɔse alo nuwɔna siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o dzi sea? Ðewohĩ alakpasubɔsubɔ ƒe gɔmesese anɔ kɔnu aɖe ŋu ƒe akpe geɖe enye sia alo gɔmesese ma anɔ eŋu egbea le dukɔ didi aɖe me. Gake be nàgawɔ numekuku si axɔ ɣeyiɣi geɖe o la, bia ɖokuiwò se be: ‘Nukae nye nukpɔsusu si le amewo si le nye nutoa me?’ (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 10:25-29.) Ne wonya nyuie le miaƒe nutoa me be alakpasubɔsubɔ ƒe gɔmesese le kɔnu aɖe ŋu la, ke tsrii. Le nya siwo míegblɔ ɖe etame nu la, ele be Kristotɔ nate ŋu anya nenye be asɔ be yeata kuteƒevɔ yibɔ, hɛ̃ alo dzĩ le yeƒe nutoa me hã alo masɔ o. Metsɔ le eme avɔ amadede kae nètia o, edze ƒã be etata ɣeyiɣi didi la masɔ na Kristotɔ o.—sh axa 70-72; w91 10/15 axa 30-31.
26 Ke “Kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo” hã Ðe?: Ðe Kristotɔ ate ŋu anɔ “kpekpeɖeŋunahabɔbɔ” mea? Esia le hatsotso eve me, gbãtɔ nye alɔdohabɔbɔwo le dɔwɔƒe aɖewo. Ate ŋu anye se be amesiame nanɔ eme, eye woanɔ ga ɖem le woƒe fetu me atsɔ ade ga habɔbɔa te. Taɖodzinu lae nye be woakpe ɖe emenɔlawo ŋu le mɔ vovovowo nu le hiãɣiwo me—le dɔléle, kudzɔɖeamedzi, gakuxiwo, kple bubuawo me. Hatsotso evelia si ame aɖewo yɔna be “kuhabɔbɔ” la, ku ɖe ku koŋ ŋu. Wonye habɔbɔ si me ame nɔna ne wòlɔ̃, si zi geɖe la, wo me nɔlawo nyea gbeɖekadolawo sɔŋ. Wokaa ga na ame kple susu be woakpe ɖe emenɔlawo ŋu ne ame ku na wo.
27 Kristotɔ ate ŋu abia be: Susu kawo tae medi be manɔ ha ma me? Ŋusẽ kae habɔbɔ sia me nɔnɔ akpɔ ɖe nye gbɔgbɔmemenyenye kple ɣeyiɣi siwo metsɔ srɔ̃a Biblia, kpekpewo dede, gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ, kple nye agbanɔamedzi bubuwo gbɔ kpɔkpɔ le aƒeme la dzi? Ne meɖo ha sia me la, nukae woabia tso asinye be mawɔ? Ðe tetekpɔ ava be mawɔ nusiwo tsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋua? Ðe habɔbɔa ƒe taɖodzinuwo tsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋua? Nyabiase siawo akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòanya nenye be esɔ alo mesɔ be yeanɔ habɔbɔ aɖe me o, kpekpeɖeŋunahabɔbɔ hã le eme.
28 Esɔ le dzɔdzɔme nu be woaɖo ŋku lɔlɔ̃tɔ aɖe dzi atsɔ ade bubu eŋui. Le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔ sena le eɖokui me be “yeaɖi ame bubutɔe.” Gake amesiwo dina be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi la akpɔ nyuie be dzixɔse dada si nye be ame kukuwo kpɔa nusiwo wɔm wole la nagakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nuwɔnawo dzi o. (Ps. 146:4) Yesu Kristo gblɔ na ame aɖe si ava zu eyomedzela be: “Na ame kukuawo naɖi woa ŋutɔwo ƒe kukuawo; ke wò la yi ɖagblɔ mawufiaɖuƒe la fia.” (Luka 9:60) Togbɔ be Yesu mele fli tem ɖe kuteƒeyiyi me o hã la, eɖee fia be ele be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃la wɔwɔ dɔ si hiã kpata eye wònye agbeɖeɖedɔ la naxɔ nɔƒe gbãtɔ. Aleke mí Kristotɔ ɖeadzɔgbewo míele dɔ sia wɔmee?—Ef. 5:10; tsɔe sɔ kple Romatɔwo 12:2.