Ðoɖo Kawoe Nèwɔ Ðe Wò Mɔkeke Ŋu Le Ƒe 1996 Me?
Ne míebu mɔkeke ŋu la, míaƒe susu yia yame ƒe kɔkɔ nyuie, ɖoɖowɔwɔ ɖe nutome sue alo nutome gã takpekpe yiyi ŋu, kple ɖoɖowɔwɔ ɖe gbɔɖememɔkeke yiyi alo tsaɖiɖi dodzidzɔname aɖe si mia kple wò ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo miawɔ ŋu la dzi. Ŋkuɖodzinya ʋee aɖewoe nye si gbɔna si akpe ɖe ŋuwò nàda Fiaɖuƒenuwo ɖe nɔƒe gbãtɔ ne èle wò ɖoɖo wɔm ɖe mɔkeke ŋu:
◼ Wɔ ɖoɖo si sɔ nyuie ɖe teokrasi kpekpewo abe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛa alo nutome gã takpekpea ene yiyi ŋu. Wɔ ɖoɖo ɖe ʋuɖoɖo kple dzeƒe ŋu ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ be nàƒo asa na kuxiwo.
◼ Ne èyi mɔkeke la, wɔ ɖoɖo nàde hame si le afima ƒe kpekpewo eye nàkpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ðo ŋku edzi nàɖo wò gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu ɖa; ne ehiã la, ɖoe ɖe wò hamea ƒe agbalẽŋlɔla to posu me.
◼ Ƒometɔ siwo mele nyateƒea me o sasrãkpɔ aʋu mɔnukpɔkpɔ na wò be nàwɔ vomeɖaseɖiɖi si aɖe vi. Ðo ŋku edzi natsɔ wò Biblia kple agbalẽ bubuwo ɖe asi.
◼ Èbu kpekpeɖeŋunana hame aɖe si te ɖe mia ŋu si hiã be woado alɔe wòakpe eƒe anyigbamamãa ɖo la ŋu kpɔa? Gblɔe na hamemegãwo alo nutome sue dzikpɔla nàxɔ nyatakaka tso hiahiã siwo le miaƒe nutoa me ŋu.
◼ Suku ƒe mɔkeɣiwo naa mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe sɔhɛwo be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Sɔhɛwo, ɖe miate ŋu aƒo mia ɖokui ɖe kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa mea?
◼ Esi àɖe dzi ɖi ɣemaɣi eye ànɔ teƒe bubuwo ta la, àkpɔe be nu nyui geɖe ado tso subɔsubɔa me ne èwɔ ɣetrɔ me ɖaseɖiɖi geɖe wu le esi ame geɖe nɔa aƒeme ɣemaɣi ta.
◼ Hamemegãwo nanɔ ŋudzɔ akpɔe be hamea ƒe dɔwo katã le ɖoɖo nu, woawɔ ɖoɖo be ame bubu nawɔ amesi manɔ anyi o la ƒe dɔdasiwo.
Miɖo ŋku edzi be “veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ.” (Lod. 21:5) Wɔ ɖoɖo nàwɔ teokrasidɔwo ƒe mɔnukpɔkpɔ si aʋu ɖi na wò ŋudɔ nyuie le mɔkekea me.