Subɔsubɔkpekpewo Hena May
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 6
Hadzidzi 153
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Ðoɖo Kawoe Nèwɔ ɖe Wò Mɔkeke Ŋu le Ƒe 1996 Me?” me.
15 min: “Wɔ Dɔ Kple Luʋɔ Blibo!” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu la, dzro “Nyati Siwo me Ƒomea Adzro Ðekae,” si le October 15, 1981, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe axa 25 me.
20 min: “Gblɔ Nyateƒea na Hawòvi.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Dzro ewɔwɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖoawo me. De dzi ƒo na ame yeyewo be woakpɔ gome le magazine mamã me atsɔ ŋgɔdonya kpuiwo adze egɔmee. Na woawɔ wɔwɔfia eve siwo fia alesi míawɔ nudɔdɔwoe.
Hadzidzi 148 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 13
Hadzidzi 63
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
18 min: “Eme Menyo Na Mí le Gbɔgbɔ me Alea Gbegbe Kpɔ O!” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Na gbeƒãɖela eve alo etɔ̃ siwo dometɔ ɖeka nye ƒewuivi la nagblɔ yayra aɖewo siwo wokpɔ la. Fia alesi ŋudzedzekpɔkpɔ geɖe ʋãa mí be míetsɔa dzonɔameme wɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe lae la tsɔ wu enui.
20 min: “Mawu Lɔ̃a Amesi Naa Nu Kple Dzidzɔ.” Tsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo dzro emedegbalẽvia ƒe memamã 1-14 mee. Xlẽ memamã 4, 5, 11-14.
Hadzidzi 12 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 20
Hadzidzi 126
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro gbeadzisubɔsubɔdɔ ŋuti ɖoɖowo hena kwasiɖaa nuwuwu me. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le magazine mamã me.
15 min: “Yi Edzi Nàgblɔ Nyateƒea.” Te gbe ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ kple taɖodzinu be míadze nusɔsrɔ̃ gɔme le Sidzedze-gbalẽa me la dzi. Na woawɔ wɔwɔfia kpui eve.
20 min: “Mawu Lɔ̃a Amesi Naa Nu Kple Dzidzɔ.” Tsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo dzro emedegbalẽvia ƒe memamã 15-24 mee. Xlẽ memamã 15, 18, 20-24.
Hadzidzi 207 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme May 27
Hadzidzi 121
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
15 min: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe Agbalẽa Nana le June me. Subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro susu si ta wota Sidzedze-gbalẽa me gbã. Emegbe nedzro emenya vevi aɖewo me kple gbeƒãɖela bibi eve alo etɔ̃. Agbalẽa ɖo nyabiase siwo ku ɖe míaƒe etsɔme, amegbetɔ ƒe fukpekpe, Mawu ƒe Fiaɖuƒe, mawuvɔvɔ̃gbenɔnɔ, ƒomegbenɔnɔ, kple gbedodoɖa ƒe viɖewo la ŋu. Hatsotso eve nawɔ alesi woazã gbeƒãɖeɖemɔnu si ŋudɔ woate ŋu awɔ atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme le yiyi zi gbãtɔ alo tɔtrɔyi me la afia. Emegbe subɔsubɔdɔdzikpɔla nadzro nya siwo gbɔna me. Eva hiã be míawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo tsea ku wu la le ɣeyiɣi siwo le kpuie wu me. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu koŋ le taɖodzinu ma ta. Egblɔ nyateƒea eme kɔ, eye wòle kpuie. Nyabiase siwo le memamã ɖesiaɖe kple ta ɖesiaɖe ƒe nuwuwu la kpena ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ nyati veviawo dzi. Nya siwo wobiaa adzɔgbeɖela yeye siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la ƒe ŋuɖoɖowo le agbalẽ sia me. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ dɔ kple taɖodzinu be yeadze nusɔsrɔ̃ gɔme le June me.
10 min: Nyabiaɖaka. Xlẽe eye nàdzro eme kple nyaselawo.
15 min: “Ðe Nèxaxa Akpaa?” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu la, de nya siwo le June 8, 1990, Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe axa 14-16 la eme. Na gbeƒãɖela ɖeka alo eve nagblɔ nusi wowɔ be wote ŋu wɔ ɖe teokrasi ɖoɖowɔɖi si me vovo mele o dzi afia kpuie.
Hadzidzi 155 kple gbedodoɖa hena kpakpã.