INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/96 axa 1
  • Mizɔ Le Xɔse Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mizɔ Le Xɔse Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Na Míaƒe Xɔse Nadzi Ðe Edzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Xɔse—Enye Nɔnɔme Nyui Aɖe Si Nana Míesẽa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Xɔ Yehowa Ƒe Ŋugbedodowo Dzi Se
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • “Minɔ Tsitre Sesĩe Le Xɔse La Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 9/96 axa 1

Mizɔ Le Xɔse Me

1 Ame miliɔn geɖe ƒe ŋku nɔa woƒe ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu le woƒe agbe me, eye woɖoa ŋu ɖe kesinɔnuwo ƒe ŋusẽ fluamea ŋu bometsitsitɔe. (Mat. 13:22) Wova srɔ̃a nu tsoa eme vevesesetɔe ne woƒe kesinɔnuwo bu alo wofi wo alo wova zu nu maɖinuwo. Woƒoe ɖe mía nu be míawɔ nu le nunya me wu, eye míadze agbagba be gbɔgbɔmenuxɔasiwo nasu mía si. (Mat. 6:19, 20) Esia bia be ‘míazɔ le xɔse me.’—Kor. II, 5:7.

2 Woɖe “xɔse” gɔme tso Helagbe me nya si fia kakaɖedzi, ŋuɖoɖeameŋu, kple dzixɔse sesẽ la me. Zɔzɔ le xɔse me fia be míatsɔ kaka ɖe Mawu dzi akpe akɔ kple nɔnɔme sesẽwo, míaɖo ŋu ɖe ŋutete si le esi be wòafia mɔ míaƒe zɔzɔme kple alesi wòlɔ̃ faa be yeakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na míi la ŋu. Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi; eƒe susu nɔ nusi le vevie ŋutɔŋutɔ dzi. (Heb. 12:2) Nenema ke wòhiã be míaƒe dzi nanɔ gbɔgbɔmenu makpɔmakpɔwo ŋui. (Kor. II, 4:18) Ele be míaɖo ŋku alesi kakaɖedzi mele agbe si míele fifia ŋu o dzi ɣesiaɣi eye míadze sii be Yehowa ŋu koe míate ŋu aɖo ŋu ɖo.

3 Ele be dzixɔse sesẽ nanɔ mía si hã be Yehowa le mía kplɔm to eƒe habɔbɔ si wokpɔna dzi le “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe mɔfiafia te. (Mat. 24:45-47) Míeɖea míaƒe xɔse fiana ne ‘míeɖoa to amesiwo le ŋgɔ xɔm’ le hamea me. (Heb. 13:17) Dɔwɔwɔ le ɖekawɔwɔ me kple teokrasiɖoɖo ɖokuibɔbɔtɔe ɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Pet. I, 5:6) Ele be wòaʋã mí míatso dzi blibo me ado alɔ dɔ si wode asi na habɔbɔa be wòawɔ. Esia ana mía kple mía nɔviwo míanɔ kplikplikpli le lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ƒe nublanu sesẽ aɖe me.—Kor. I, 1:10.

4 Alesi Wodoa Ŋusẽ Xɔsee: Mele be míaɖe mɔ míaƒe xɔse nagbe tsitsi o. Ele be míawɔ aʋa sesĩe adzii ɖe edzi. Nusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple kpekpewo dede edziedzi akpe ɖe mía ŋu míado ŋusẽ míaƒe xɔse ale be wòate ŋu anɔ te ɖe dodokpɔ ɖesiaɖe nu le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. (Ef. 6:16) Ðe Biblia xexlẽ kple dzadzraɖo ɖe kpekpewo ŋu ƒe ɖoɖo nyui si dzi nèzɔna ɖo le asiwòa? Ðe nèdea ŋugble le nusi nèsrɔ̃na ŋu edziedzia, eye ɖe nèyia Yehowa gbɔ to gbedodoɖa mea? Ðe wòzu numãme na wò be nèdea kpekpewo katã hekpɔa gome le wo me le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe mea?—Heb. 10:23-25.

5 Dɔ nyui wɔwɔe wotsɔ ɖoa kpe xɔse dzii. (Yak. 2:26) Mɔ nyuitɔ siwo dzi míaɖe míaƒe xɔse afia le dometɔ ɖekae nye be míagblɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ na ame bubuwo. Ðe nèdia mɔnukpɔkpɔwo be yeagblɔ nyanyuia na amewoa? Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò nɔnɔmewo ŋu be nàte ŋu awɔ geɖe le subɔsubɔdɔa mea? Ètsɔa aɖaŋu siwo woɖona na mí be míana míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ahaɖe vi wu la wɔa dɔea? Ðe nèɖoa wò ŋutɔ wò gbɔgbɔmetaɖodzinuwo eye nèdoa vevie nu be yeaɖo wo gbɔa?

6 Yesu xlɔ̃ nu le mía ɖokui nyɔnyrɔ ɖe gbesiagbegbenɔnɔ me dɔwɔnawo me vĩ kple nana be ŋutilãmenudidi alo mía ŋutɔwo ƒe nuwo didi navu atsyɔ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye dzi ŋu. (Luka 21:34-36) Ele be míalé ŋku ɖe míaƒe zɔzɔme ŋu vevie ale be míaƒe xɔse dome nagagblẽ o. (Ef. 5:15; Tim. I, 1:19) Mí katã míele mɔ kpɔm be míate ŋu agblɔ mlɔeba be ‘ʋiʋli nyui lae míeʋli, míewu mɔzɔzɔ la nu, eye míelé xɔse la me ɖe asi.’—Tim. II, 4:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe