‘Míeɖea Gbeƒã Nya La’
1 Egbea “mawusosroɖa ƒe nɔnɔme” koe le ame akpa gãtɔ si abe alesi Biblia gblɔ be anɔ le “ŋkeke mamleawo” me ene. (Tim. II, 3:1, 5) Nusitae nye be subɔsubɔhakplɔlawo mete ŋu na gbɔgbɔmemɔfiafia vavãtɔ woƒe alẽhawo o. Kristodukɔa ƒe osɔfowo meʋlia Biblia ta o. Wolɔ̃ xexemenunyalawo kple mawunyaŋutinunyalawo ƒe nu gbɔlowo fiafia wu alo woƒoa nu tso hadome kple dunyahehe ƒe nyawo ŋu wu be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe Nya la. Subɔsubɔhakplɔla geɖe mexɔ Biblia dzi se o. Wobunɛ tsigãdzinui, eyata wotsɔa vɔ̃ɖinyenye doa nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia ɖe ŋgɔ wu Biblia ƒe nufiafia le Wɔla Gã la ŋu. Osɔfo geɖe mezãa Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã o, eye womegblɔa nya aɖeke le alesi woɖee ɖa le egbegbe Biblia-gɔmeɖeɖewo me ŋu o.
2 Egbe ƒe osɔfowo le gbeƒã dzodzro ɖem abe alesi subɔsubɔhakplɔlawo wɔ le Yesu ƒe ŋkekea me ene. (Mat. 15:8, 9) Ðeko wòle abe alesi nyagblɔɖila Amos gblɔe ɖi ene. “Dɔwuame [aɖe li], ke menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.” (Amos 8:11) Amewo hiã na gbɔgbɔmenuɖuɖu si le Mawu ƒe Nya la me wu nusianu.
3 Alesi Míakpɔ Amewo ƒe Gbɔgbɔmenuhiahiã Gbɔe: Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be wòaku ɖe ‘ŋɔŋlɔ kɔkɔe siwo te ŋu naa nunya ame hena agbexɔxɔ’ la ŋu eye esia ta wògblɔ nɛ moveviɖoɖotɔe be ‘wòaɖe gbeƒã nya la’ na ame bubuwo. (Tim. II, 3:14, 15; 4:2) Esi míenye Yehowa Ðasefowo ta la, ele be míaku ɖe nusi Biblia fia ŋu ne míele gbeƒã ɖem, bene míasrɔ̃ míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu, amesi gblɔ be: “Nye nufiafia la menye [tɔnye] o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.” (Yoh. 7:16) Mawu ƒe Nya la dzie míetua míaƒe nufiafia ɖo elabena míekpɔe be Mawu ƒe nunya le eme, eye míedi be amewo nanya afisi nya si míegblɔna na wo la tso.—Kor. I, 2:4-7.
4 Gbã la, ele be amewo nase nyateƒea tso Biblia me ale be woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahaxɔ edzi ase. Paulo ŋlɔe wòsɔ be: “Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã?” (Rom. 10:14) Ne míeɖe gbeƒã Mawu ƒe Nya la, míekpena ɖe ame bubuwo ŋu xɔse sua wo si to sidzedze vavãtɔ me. Sidzedze sia ate ŋu atrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ wòanyo eye etrɔnɛ hã. Englandtɔ nuŋlɔla Charles Dickens ŋlɔ le Biblia ŋu be: “Eyae nye agbalẽ nyuitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ alo esi anɔ anyi le xexeame, elabena efiaa nu nyuitɔ kekeake si ate ŋu afia mɔ amegbetɔ ɖesiaɖe si adze agbagba be yeanye nyateƒetɔ kple nuteƒewɔla la ame.”
5 Amesiwo gbɔgbɔmenyateƒea ƒe dɔ le wuwum la va kpɔnɛ be Mawu ƒe Nya ƒe ŋusẽ ɖo kpe edzi. Le keke ƒe 1913 me ke la, wotsɔ agbalẽvi si ƒe tanyae nye Where Are the Dead? na ɖekakpui Frederick W. Franz si nɔ kɔledzi dem la. Esi wòtsɔ ɖetsɔleme geɖe xlẽ alesi Biblia ɖo biabia sia ŋui la, egblɔ be: “Nyateƒe lae nye sia.” Nyateƒedila miliɔn geɖe va se le wo ɖokui me nenema. Mina míatsɔ veviedodo kple dzonɔameme ayi edzi aɖe gbeƒã Nya la ale be dzi nadzɔ míawo hã be míasee ame bubuwo nagblɔ be: “Nyateƒe lae nye sia.”