Subɔsubɔkpekpewo Hena January
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 6
Hadzidzi 8
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe Tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe September gbeadzisubɔsubɔdɔ ƒe akɔntabubu kple miaƒe hamea tɔ ŋu.
20 min: Kristotɔwo ƒe Srɔ̃kpekpe Siwo Da Sɔ. Hamemegã ƒe nuƒo si tso Gbetakpɔxɔ, October 1, 1984, axa 14-26, kple September 1, 1996, axa 22 kple 23, memamã 11-14 me, si aƒo nu tso nya vevi siawo ŋu: (1) Srɔ̃ɖeɖe nye dzidzɔnu si Mawu ɖo anyi, eyata ele be Kristotɔwo nana wòanɔ nenema. Srɔ̃tɔawoe atia srɔ̃ɖeɖe si tɔgbe woawɔ (dekɔnu tɔ loo alo dziɖuɖua gbɔ tɔ), kpakple ne woatu aglo alo aɖo kplɔ̃ akpee. Mele be ame bubuwo naɖe ɖeklemi wo o. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 14:4.) (2) Anyo be woana wɔna la nanɔ kpokploe ale be woagatsɔ srɔ̃tɔawo kple wo ŋu nɔlawo kpakple woƒe awudodo ‘aƒo adegbee’ o. (Yes. 61:10; Yoh. I, 2:15-17) (3) Togbɔ be asɔ be woawɔ dekɔnu siwo sɔ hã la, mehiã be woazu kluvi na hadomenuɖoɖi xɔasiwo alo esiwo xɔa ɣeyiɣi la wɔwɔ o. Bubu nanɔ lɔlɔ̃ ɖeɖefia nuwɔna ƒomevi ɖesiaɖe si ŋugbetɔsrɔ̃a kple ŋugbetɔa awɔ ŋu. (Mat. 5:16; Kol. 3:17) (4) Menye dzizizi na srɔ̃tɔawo be ‘woaɖo kplɔ̃’ kokoko le srɔ̃kpekpea me o, gake ne woaɖoe la, ehiã be woaɖɔ ŋu ɖo le nuɖuɖu, ahanono, haƒoƒo kple ɣeɖuɖu gome. (Kor. I, 10:31, 32) (5) Mele be srɔ̃tɔawo ƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo naƒoe ɖe wo nu woawɔ nuwo wòagbɔ eme o ke boŋ woakpe ɖe wo ŋu woawɔ nyametsotso nyui. Menye lɔlɔ̃ alo tsitsi ɖeɖefia be amesiwo womekpe wo o la nayi teƒea o. (Heb. 5:14; Dɔw. 20:35; Mat. 7:12) (6) Mele be amesiwo si nu mele boo o la nadze agbagba be yewo tɔ nasɔ kple amesiwo ate ŋu awɔ wo tɔ wòakɔ mo dzi wu la tɔ o. (Gal. 5:26) (7) Ne hamemegãwo le kpekpem ɖe srɔ̃tɔ Kristotɔwo ŋu la, ele be wòanɔ susu me na wo be ne nusi wowɔ metsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo ŋu o la, mehiã be woabu fɔ nusi amea ƒe dzitsinya ɖe mɔ nɛ wòwɔ la o. (Kor. I, 1:24; File. 8, 9) (8) Alesi wòle be amesiame naƒo asa na nukikli zuzu na ame bubuwo le nya siwo ku ɖe dzitsinya gɔ̃ hã ŋu gome la, nenema kee mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu hã be míazi míaƒe dzitsinya ɖe ame bubuwo dzi o.—Rom. 14:1-4, 21, 22.
15 min: “Míedze eye Wodzra Mí Ðo be Míafia Nu Ame Bubuwo.” (Memamã 1-6) Ƒo nu tso memamã 1-2 ŋu kpuie eye nàte gbe ɖe alesi wòhiã be míaka ɖe edzi be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu afia nu amewo nyuie la dzi. Na gbeƒãɖela eve kple aƒemenɔla eve nawɔ dzeɖonya siwo le memamã 3-6 me ƒe wɔwɔfia, eye hatsotso ɖesiaɖe nawɔ alesi woawɔ yiyi zi gbãtɔ kple tɔtrɔyi afia.
Hadzidzi 14 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 13
Hadzidzi 16
13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ƒo nu tso nya siwo ŋu míate ŋu aƒo nu tsoe le magazine yeyeawo me ŋu. Ðo aɖaŋu aɖewo le alesi míate ŋu aɖe mía ɖokui nui ne míeyi amewo gbɔ be míaɖi vome ɖase na wo. Kpe nyaselawo bene woagblɔ ŋgɔdonya siwo wozã esime woƒo nu na amewo le fiasewo me, le ablɔ dzi, le abɔ me, le ʋu me, kple teƒe bubuwo. Gblɔ gbeadziyiɖoɖo siwo wowɔ ɖe kwasiɖanuwuwua ŋu.
15 min: “Míedze eye Wodzra Mí Ðo be Míafia Nu Ame Bubuwo.” (Memamã 7-9) Gblɔ tɔtrɔyiwo wɔwɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ si le 1995 Yearbook ƒe axa 45, eye nàte gbe ɖe tɔtrɔ ayi ɖetsɔlemetɔ ɖesiaɖe si míekpɔ gbɔ dzi. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ dzeɖonya siwo le memamã 7-8 ƒe wɔwɔfiawo. Togbɔ be míate ŋu ana agbalẽ bubuwo gbã hã la, ele be míadze agbagba adze nusɔsrɔ̃ wɔwɔ gɔme tso Sidzedze-gbalẽa me mlɔeba. De dzi ƒo na amesiame be wòaɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi na tɔtrɔyi wɔwɔ le kwasiɖa si gbɔna me.
17 min: Ɣeyiɣi De be Míakpe “Advance Medical Directive/Release” Gbalẽvi Yeye Ðo. Hamemegã si dze nadzro nusita wòle vevie be woakpe agbalẽvia ɖo keŋ ahatsɔe ɖe asi ɣeawokatãɣi la me. Ne nya aɖe dzɔ kpata eye wò ŋutɔ màgate ŋu aƒo nu o la, agbalẽ sia aƒo nu ɖe nuwò. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 22:3.) Gblɔ mɔfiame bubu siwo le January 1996, Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 2 la kpee. Nugɔmesese ŋudɔwɔwɔ le nya siawo gbɔ kpɔkpɔ me ahe nyui tso Yehowa gbɔ avɛ.—Lod. 16:20.
Hadzidzi 15 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 20
Hadzidzi 21
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me.
15 min: “Woaxɔ Ame Ƒomeviwo Katã ɖe Agbe.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Kpe nyaselawo be woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖewo tso alesi ameƒomevi vovovowo ɖo to woe ŋu.
20 min: Ðaseɖiɖi to Agbenyuinɔnɔ Me. Hamemegã aɖe naɖo dze kple sɔhɛ eve alo etɔ̃. Woatu dzeɖoɖoa ɖe November 1, 1987, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21-31 ƒe nyawo dzi. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ siwo wota kple mia gbɔ tɔ siwo fia alesi Kristotɔ sɔhɛwo ƒe agbenyuinɔnɔ wɔ dɔ nyui ɖe eteƒekpɔlawo dzii la kpee.
Hadzidzi 23 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 27
Hadzidzi 20
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
10 min: Agbalẽŋlɔla nadzro Nyabiaɖaka me.
15 min: “‘Míeɖea Gbeƒã Nya La.’” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Gblɔ nya aɖewo siwo fia nusiwo ta míedea bubu deto Mawu ƒe Nya la ŋu.—Kpɔ March 22, 1984, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 9-11.
15 min: Dzro February ƒe Agbalẽnunana Me. Tɔ asi nu dodzidzɔname siwo le agbalẽa me dzi, abe: (1) Tanya wɔdɔɖeamedziwo, (2) nɔnɔmetata dzeaniwo, (3) nufiameɖakawo kple nyaɖoɖowo, kpakple (4) biabia siwo na wobua tame ene. Abe alesi wogblɔe le dɔdasi si do ŋgɔ mee ene la, de dzi ƒo be woazã mawunyakpukpui si wotia nyuie la le dzeɖonyaa me. Na woawɔ dzeɖonya ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòaxɔ agbalẽ siwo woazã le kwasiɖa sia me.
Hadzidzi 26 kple gbedodoɖa hena kpakpã.