Kpɔ Gome le Dɔ si Womagawɔ Akpɔ Gbeɖe O la Me
1 Eva hiã le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi vovovowo me be Yehowa nahe ʋɔnudɔdrɔ̃ va eƒe futɔwo dzi. Gake le eƒe nublanuikpɔkpɔ ta ena mɔnukpɔkpɔ dzidzɔdzɔetɔwo be woakpɔ ɖeɖe. (Ps. 103:13) Alesi wowɔ nu ɖe enui dzie nusi dzɔ ɖe wo dzi nɔ te ɖo.
2 Le kpɔɖeŋu me, Noa nye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa le ƒe 2370 D.M.Ŋ. me. Amesiwo ŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe nuxlɔ̃amea dzie tsrɔ̃. (Pet. II, 2:5; Heb. 11:7) Hafi woatsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. me la, Yesu gblɔ nusi wòhiã be amesiame nawɔ bene wòasi le tsɔtsrɔ̃ si ava dugã la dzi nu eme kɔ ƒã. Nu dziŋɔwo do tso eme na amesiwo katã gbe eƒe nuxlɔ̃amegbedasia. (Luka 21:20-24) Mawu xlɔ̃ nu hedrɔ̃ ʋɔnu amewo alea zi geɖe le ŋutinya katã me.
3 Egbeŋkekea me Nuxlɔ̃amedɔ Aɖe: Yehowa gblɔe gbaɖegbe ke be yeaɖe yeƒe dziku ɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi si li egbea ŋu eye be ame fafawo koe atsi agbe. (Zef. 2:2, 3; 3:8) Nuxlɔ̃amegbedasi sia ƒe gbeƒãɖeɣi le vɔvɔm kabakaba! “Xaxa gã” la ava kpuie, eye wole ame fafawo nu ƒom ƒu fifia. Nyateƒee, ‘agbleawo dzi ƒu eye wonyo na ŋeŋe.’ Eyata dɔ bubu aɖeke meli si ƒe vevienyenye kple hiahiã kpata de dɔ sia nu o.—Mat. 24:14, 21, 22; Yoh. 4:35.
4 Ele be míakpɔ gome le egbeŋkekea me nuxlɔ̃amenya la gbɔgblɔ na amewo me, “wosee o, womeɖasee o.” Esia nye dɔ si Mawu de mía si si dzi míate ŋu aŋe aɖaba aƒu o. (Xez. 2:4, 5; 3:17, 18) Míaƒe gomekpɔkpɔ le dɔ sia me bliboe ɖenɛ fiana be lɔlɔ̃ deto si ŋu ɖikeke mele o le mía si na Mawu, ɖetsɔleme vavãtɔ le mía si na mía haviwo, eye xɔse si meʋãna o le mía si na mía Ðela, Yesu Kristo.
5 Fifia Enye Ɣeyiɣi si Míatso Ðe Eŋu: Le blema ne Yehowa drɔ̃ ʋɔnu amewo vɔ la, vɔ̃ɖinyenye gadoa mo ɖa ake elabena Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo gali. Gake fifia ya ato vovo. Woaɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa. Magahiã be woagaxlɔ̃ nu amewo le xexeame katã azɔ o. (Nyaɖ. 7:14; Rom. 16:20) Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ su mía si be míakpe asi ɖe dɔ si womegale wɔwɔ ge akpɔ gbeɖe o la ŋu. Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míawɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ bliboe.
6 Apostolo Paulo tsɔ kakaɖedzi blibo gblɔ le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu be: “Ŋutinye kɔ tso amewo katã ƒe ʋu me.” (Dɔw. 20:26) Megbe nuxlɔ̃amenya la gbɔgblɔ o eyata mese le eɖokui me be yeɖi ʋufɔ o. Nukatae? Elabena ete ŋu gblɔ le eƒe subɔsubɔdɔ ŋu be: “Nusi ta hã medzea agbagba ɖo, eye meʋlina.” (Kol. 1:29) Mina dzidzeme ma ke nasu mía si le gomekpɔkpɔ le dɔ si womegale wɔwɔ ge akpɔ gbeɖe o me bliboe alesi míate ŋui!—Tim. II, 2:15.