Nukatae Wowɔnɛ?
1 Wogblɔ le Kristo ŋu be ‘ŋuʋaʋã ɖe Mawu ƒe aƒe ŋu amii.’ (Ps. 69:10) Yesu ƒe ŋuʋaʋã ɖe Yehowa ƒe tadeagu vavãtɔ ŋu ʋãe wòtsɔ subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ. (Luka 4:43; Yoh. 18:37) Ŋuʋaʋã sia ke be woaɖi ɖase le nyateƒea ŋu dzena le Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa me egbea. Le subɔsubɔƒe si va yi me la, ame 645,509 le xexeame katã le mamã dedie nu wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe akpa aɖe ɣleti sia ɣleti. Le adzɔgbe si míeɖe na Mawu ta la, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nabu eŋu le gbedodoɖa me akpɔe ɖa nenye be míate ŋu atrɔ asi le míaƒe nɔnɔmewo ŋu ale be míawɔ kpekpeɖeŋu alo gbesiagbe mɔɖeɖedɔa.—Ps. 110:3; Nyagb. 12:1; Rom. 12:1.
2 Ðokuitɔdidi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ƒe nuɖoanyi si me míele wɔe be nusita ame abiã ŋku ɖe subɔsubɔdɔa ŋu vevie nenema gbegbe ɖe nusi me ga alo bubu aɖeke matso o ta gɔmesese sesẽna na ame geɖe le xexeame. Nukatae mɔɖelawo wɔnɛ? Wonya be agbeɖeɖedɔ wɔm yewole. Lɔlɔ̃ deto na Yehowa kple na wo haviwo ʋã wo, eyata wosena le wo ɖokui me vevie be agba le yewo dzi be yewoakpe ɖe amewo ŋu woatsi agbe. (Rom. 1:14-16; Tim. I, 2:4; 4:16) Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a siwo nye mɔɖelawo ɖo eŋu kpuie nyuie be: “Nukata míele mɔɖeɖedɔa wɔm? Ðe míate ŋu aɖe mía ɖokui nu le Yehowa gbɔ ne míewɔe oa?”
3 Nɔvinyɔnu bubu ŋlɔ nya sia le nyametsotso si wòwɔ be yeadze mɔɖeɖedɔa gɔme ŋu be: “Mía kple srɔ̃nye míewɔ ɖoɖo be ame ɖeka ko nawɔ dɔ míaɖu, si fia be míaɖe asi le nusiwo katã mehiã o ŋu. Gake Yehowa yra mí geɖe, megblẽ mí ɖi ahedada alo hiã ka mí kpɔ o. . . . Mekpɔ susu vevi si ta mele agbe ɖo—be makpe ɖe ame ɖihiãwo ŋu ne woanya be Yehowa, Mawu vavã la mele adzɔge tso amesiwo dinɛ gbɔ o.” Agbemenuhiahiã vevi siwo le mɔɖelawo si ɖia ƒo na wo elabena wokpɔe be nuwɔna hiã kpata le ɣeyiɣi siawo me, eye wodina vevie be yewoaƒo gbɔgbɔmekesinɔnu siwo anɔ anyi ɖaa nu ƒu.—Tim. I, 6:8, 18, 19.
4 Ne wò nɔnɔmewo ɖe mɔ la, nukatae màkpe ɖe nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu akpe alafa geɖe siwo le mɔɖeɖedɔa wɔm le xexeame katã la ŋu o? Esia wɔwɔ ana nàkpɔ dzidzɔ si kpɔm wole.