Aleke Nèbua Miaƒe Fiaɖuƒe Akpatae?
1 Abe tsidzɔƒe si le kuɖiɖinyigba dzi ene la, Fiaɖuƒe Akpata la nye gbɔgbɔmekɔfafaxɔƒe le nuto ɖesiaɖe me. Xɔ sia mee ame ƒomevi vovovowo va srɔ̃a nu tso Yehowa ŋu le. Wobunɛ be enye “aƒe” si ŋu wokɔ keŋkeŋ na mía Mawu Yehowa ƒe tadedeagu.
2 Nenemae wò hã nèbua Fiaɖuƒe Akpata laea? Ðe nètsɔa dzidzɔ kpɔa mɔ na kpekpeawo yiyi, hadede kple nɔvi ŋutsu kple nyɔnuwo, kple asikpekpe ɖe dɔ siwo wowɔna le afima ŋua?
3 Tɔwò Sinua Wɔwɔ le Beléle na Fiaɖuƒe Akpataa Me: Esi míezãa Fiaɖuƒe Akpataa zi geɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ta la, edzadzraɖo kple beléle nɛ ahiã godoo. Ðe nèkpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònye na wò be nàkpe asi ɖe eŋu be eme nakɔ eye wòanɔ dzadzɛ la ŋua? Ele be woadzra Fiaɖuƒe Akpataa me ɖo ɖe ɖoɖowɔɖi si dzi wowɔna ɖo ɖaa nu, le alesi wozãnɛ kple alesi eƒe nuhiahiãwo le nu. Amesiame ate ŋu akpɔ gome le eme, ɖeviwo ke hã. Awɔe be amesiame anya agba si le mía dzi le beléle na Fiaɖuƒe Akpataa me, eye wòagakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu wu kura. Aleke gbegbe wònyoe enye si be nàge ɖe Fiaɖuƒe Akpata si le dzadzɛ me eye nàkplɔ ɖetsɔlemetɔwo ayi akpata ma mee! Zi geɖe la, wowɔa ɖoɖo be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo nadzra eme ɖo. Ate ŋu anye be hamemegãwo awɔ ɖoɖo be ƒuƒoƒowo naɖɔ li wo nɔewo le eme dzadzraɖo me le agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla alo nɔviŋutsu bubu si le ƒuƒoƒoa me ƒe dzikpɔkpɔ te. Ele be nuzazãwo kple dɔwɔnuwo nanɔ anyi woatsɔ adzra eme ɖoe. Subɔsubɔdɔwɔla alo hamemegã si wode dɔ asi na be wòakpɔ Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo dzi la ate ŋu aŋlɔ nusiwo wòle be woawɔ ne wole eme dzram ɖo la ada ɖi. Adɔ nuzazãwo hã eye wòakpɔ nusiwo hiã dzadzraɖo hã gbɔ. Esi wònye amesiame kpea asi ɖe eme dzadzraɖo ŋu ta la, agba la matsi ame ʋee aɖewo ko dzi o.
4 Ele be woanɔ ŋku lém ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ƒe dzedzeme ŋu edziedzi. Ðe eme alo egodo gahiã aŋɔsisia? Ðe nanewo li siwo hiã dzadzraɖoa? Ðe wòhiã be woalé ŋku ɖe nanewo ŋu le eƒe xɔxɔnu alo eƒe ʋutɔɖoƒea? Ne wodo sɔgbe alo seƒoƒowo ɖe eŋu la, ke nusiawo hiã beléle edziedzi. Ðe hamea ate ŋu akpɔ ga woagaɖo atsyɔ̃ na Fiaɖuƒe Akpataa me ɖe edzi wua? Zi geɖe la, woate ŋu awɔ nu suesue aɖewo si mabia gazazã fũ akpa o gake wòana eme nagadze ani wu. Miɖo ŋku edzi be takpeƒe dzadzɛ si wodzra ɖo nyuie eye woléa be nɛ alesi dze ye ƒoa nu nyuie tso Yehowa kple eƒe amewo ŋu.
5 Nuwo dzadzraɖo dzi aɖe akpɔtɔ ne amesiame ɖɔa ŋu ɖo be womagagblẽ emenuwo o. Mele be woaɖu chewing gum atre ɖe zikpuiwo te gbeɖe o. Eye mienya be aŋekpetike alo tɔfi dada ɖe anyigbakuntru si le eme dzi alo ɖe anyigba, alo tsinuwo kɔkɔ ɖe edzi, alo alesi womatutu afɔ hafi age ɖe akpataa me o katã naa xɔa me dzadzraɖo sesẽna ŋutɔ. Glia ŋu alo zikpuiwo ate ŋu aƒo ɖi bɔbɔe alo agblẽ. Bemalémalé na nu ate ŋu aƒo ɖi akpataa me, eye edzadzraɖo axɔ ɣeyiɣi kple ga geɖe. Edzɔa dzi na mí ɣesiaɣi ne amesiame ɖɔ ŋu ɖo.
6 Edzea ani be nàkpɔ ɖeviwo le Fiaɖuƒe Akpataa me. Ele be woanɔ wo dzilawo xa tututu ne woaxɔ nufiame tso Yehowa ƒe Nya la me eye woasrɔ̃ alesi woawɔ anye ɖevi siwo kafua Yehowa. Gake Fiaɖuƒe Akpataa me nɔnɔ to vovo na aƒeme alo fefewɔƒe nɔnɔ. Enye dzilawo ƒe agba be woƒe ŋku nanɔ wo viwo ŋu eye woagbe nya na wo ne wole akpataa me. Mele be woaɖe mɔ sẽ kple sẽ ko woado ayi aɖuɖɔɖɔƒe evɔ menye aɖuɖɔe le wo tom hafi o alo anɔ fefem do ŋgɔ na kpekpeawo alo ne wokpã o. Ne ‘woɖe asi le’ ɖevi siwo ƒe mo mefa o ‘ŋu’ la, wodoa ŋukpe ame. (Lod. 29:15) Ne nɔvi siwo kpɔa nya mawo gbɔ ƒo nu na wò tso nya siawo ŋu la, xɔe na wo eye nàda akpe, elabena wotsɔ ɖe le eme na wò eye wodi be wòadze le go sia go me be Fiaɖuƒe Akpata lae nye Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛtɔ la wɔƒe le nutoa me.
7 Ðoɖowɔwɔ ɖe Takeke Ŋu: Esi Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo valawo le dzidzim ɖe edzi ɖaa ta la, eɖoa ɣeaɖeɣi la, eva hiãna kokoko be woabu Fiaɖuƒe Akpata yeye tutu ŋu. Akpata geɖe yɔ gbagba xoxo. Esia fia be ele vevie be míagasusu nuwo ɖe ɣeyiɣi kpui aɖe ko ŋu si ate ŋu ana be Fiaɖuƒe Akpataawo nanɔ sue akpa alo míasɔ gbɔ wui hafi woava tui vɔ gɔ̃ hã o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be woaɖɔ ŋu ɖo be Fiaɖuƒe Akpata si woatu la nalolo ale gbegbe be masɔ o alo woadzi eŋuti gazazãwo ɖe edzi dzodzro o. Afɔku bubu hã li be míalala eteƒe nadidi fũ akpa hafi ava nɔ Fiaɖuƒe Akpata yeye tutu ŋu bum, eye emegbe hafi míava nɔ dɔ wɔm tso etutu le etsɔme ŋu. Ele be míakpɔ nu ayi ŋgɔ. Togbɔ be míenya be nuwuɣia mee míele eye “xaxa gã” la tu aƒe hã la, míenya alesi gbegbe wògogoe o, eye ele be míawɔ ɖoɖo be míanɔ dɔ dzi alɔtsɔtsɔe ɣeyiɣi si me nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ava.
8 Nuwo toa vovo le nɔnɔme ɖesiaɖe me eye nusiwo hiã fifia kple esiwo míele mɔ kpɔm na la ato vovo. Ame aɖewo akpɔe be asɔ wu be yewoahaya xɔ anɔ zazãm gbɔ, gake le dukɔ sia me, hame geɖewo kpɔe be enyo wu be yewoaƒle anyigba atu Fiaɖuƒe Akpata si asɔ na yewoƒe hiahiãwo.
9 Amekawoe awɔ ɖoɖoa? Ele be hamemegãwo katã nakpɔe be yewoƒe dɔe. Ele be woanɔ nya sia dem nusiwo me wodzrona le woƒe kpekpewo me la me ɣeaɖewoɣi. Dzadzraɖo ka wɔm míele ɖe takeke si míele mɔ kpɔm na la ŋu? Ðewohĩ hame eve alo etɔ̃ le Fiaɖuƒe Akpataa zãm xoxo. Akpata yeye ahiãa? Ɣekaɣi? Mele be wòanye be akpata la nye hame ɖeka tɔ eye woabui be akpata yeyea tutu nye hame ɖeka alo eve bubu siwo kpea ta le akpata ma me ƒe nya o. Esia anye nuwo ŋu bubu mayiŋgɔe si mesɔ o. Eɖanye gbe vovovo kawo gblɔlawoe le akpata ɖeka ma zãm o, ele be amesiame natsi dzi boŋ be, Nukae mí katã míate ŋu awɔ ɖekae akpɔ dzidziɖedzi gã si Yehowa tsɔ le eƒe habɔbɔa yramee egbea la gbɔ?
10 Hamemegãwo alo ame bubu siwo wotia axɔ ŋgɔ le xɔtunyigbaa didi me, gake ele be hamea me tɔ ɖesiaɖe nanɔ edim. Woate ŋu akpɔ Nutome Xɔtukɔmitia (le afisiwo wole) be woakpe ɖe hamea ŋu le anyigba didi me. Ɣeaɖewoɣi wonaa anyigba si asɔ la mí faa. Hame aɖewo ƒlea xɔ si wotu da ɖi xoxo eye wotrɔa asi le eŋu wòsɔna na hamea ƒe nuhiahiãwo. Nuto ka mee anyigba la alo xɔa le? Anyigba ate ŋu aɖi le nuto aɖe me wu, gake ɖe wòade hamea dzi be woatu akpataa ɖe afima? Ele be woabu dutsoɖoɖowo kple dua ƒe akpa vovovowo tsotso ŋuti sewo ŋu, eye ɣeaɖewoɣi wodea se ɖe xɔ si ƒomevi woate ŋu atu ɖe anyigbaa dzi la ŋu. Ele be woade ŋugble le dutsoɖoɖowo alo xɔ si tɔgbe anɔ dua ƒe akpa vovovowo ŋu sewo ŋu, eye ɣeaɖewoɣi wodea sewo ɖe xɔ si ƒomevi woate ŋu atu ɖe anyigbaa dzi ŋu. Ke tsiʋewo toƒe, tsi, kple nuzazã bubuwo hehe vɛ hã ɖe? Ɣeawokatãɣi ele be woakpɔ Nutome Xɔtukɔmitia hafi adze ɖoɖo ɖesiaɖe gɔme.
11 Gakpɔkpɔ na Fiaɖuƒe Akpataa Tutu: Ne hamea le alesi miawɔ atu Fiaɖuƒe Akpata ŋu bum la, ɖewohĩ àkpɔe be yeate ŋu ana nane ɖe dɔa wɔwɔ ŋu alo ado ga si mahiã wò fifia o na hamea hena etutu. Hekpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ miadi be yewoagblɔ alesi miekpɔ be yewoate ŋu anɔ dzɔdzɔm dzinu sia dzinu le Yehowa ƒe yayra me. Togbɔ be menye nu ewolia alo adzɔe o le esi wònye lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔe wònye le go sia go me ta hã la, hamemegãwo adi be yewoanya nusia tso nɔviwo gbɔ bene wòakpe ɖe wo ŋu le ɖoɖoawo wɔwɔ me. Agbalẽ kakɛ siwo dzi womaŋlɔ ŋkɔ ɖo o gake woaŋlɔ ga homea ɖo asu be woanya ga si woate ŋu anɔ kpɔkpɔm.
12 Ne hamea dze agbagba ɖesiaɖe be yewo ɖeɖe yewoade ga xɔa tutu me gake wòglo kokoko la, woate ŋu aŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒea tso nya la ŋu. Hamea nakpɔ egbɔ be yewogblɔ nusiwo yewoate ŋu akpɔ le yewo gbɔ si nye nudzɔdzɔ kple gadodo na xɔa tutu ɖe lɛta ma me. Woaɖo dɔwɔgbalẽ aɖewo ɖe hamea si Nutome Xɔtukɔmitia akpe ɖe wo ŋu woakpe wo ɖo agbugbɔ aɖo ɖa.
13 Nusi míate ŋu awɔ wòadze edzi le ɖoɖowɔwɔ kple gadidi ɖe xɔ bubuwo tutu ŋu ƒe kpɔɖeŋu aɖee nye be hame etɔ̃ siwo le dugã aɖe me le Ghana kpe asi ɖe wo nɔewo ŋu wotu Fiaɖuƒe Akpata aɖe, eye gbeƒãɖelaawo ƒe akpa gãtɔ nɔ hame gbãtɔa me. Emegbe le dugã ma ƒe akpa bubu la, wokpɔe be enyo be yewoaƒle sɔlemexɔ xoxo aɖe si le hame yeyeawo dometɔ ɖeka ƒe anyigbamamã me atrɔ asi le eŋu. Nukae woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe hame sia ŋu?
14 Hamemegãwo katã va nɔ anyi lé susu kpɔ le nu vovovo siwo woate ŋu awɔ ŋu. Ga si nɔ hamea si mesɔ gbɔ ne woazã enumake ɖe akpata yeyea ŋu o. Eye womexe ga si wodo tsɔ tu Fiaɖuƒe Akpata si me wole fifia la hã vɔ o. Ehiã be amesiame nana kpekpeɖeŋu le nya sia me. Ke nukata womagado ga akpee o? Nusiae hame etɔ̃a wɔ, eye wokpɔ nudzɔdzɔ nyui aɖe na hame si le ɖoɖo wɔm be akpata yeye nanɔ yewo si. Esia kpe ɖe wo ŋu be akpata yeyea ƒe gadodowo xexe ɖo eteƒe nɔ bɔbɔe wu na hame siwo va le eme fifia. Hame siwo susɔ ɖe akpata gbãtɔa me gadzɔ nu faa dɔmenyotɔe le gadodoawo xexe me ke womegblɔ be meganye yewoƒe agba be yewoakpe asi ɖe eŋu agade ga Fiaɖuƒe Akpataa tutu me ake elabena yewoxe ga gbãtɔ si wodo na wo na xɔa tutu ta evɔ o. Nuteƒekpɔkpɔ sia sɔ kple hame geɖe siwo bua etsɔme ŋu eye wowɔa ɖoɖo ɖe dzidziɖedzi si le vavam ɖaa le woƒe nutoa me ŋu la hã tɔ.
15 Le teƒe bubuwo la, hamewo te ŋu xe woƒe akpata gadodowo katã vɔ eye wote ŋu dzra ga ɖo ɖe gadzraɖoƒe, ɖewo nyea gadzadzraɖo ɖoɖo si me woxea deme ɖe gatia dzi le, “wònyea xɔtuga” eye ga ɖesiaɖe si atsi woƒe nudzɔdzɔwo dzi la, woɖenɛ dea gadzraɖoƒea tsɔ nɔa mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ga agahiã na Fiaɖuƒe Akpata bubu tutu le woƒe nutoa me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woganɔa nu dzɔm de Habɔbɔa ƒe Fiaɖuƒe Akpata Tuga la me ɖaa.
16 Fiaɖuƒe Akpata Yeye Tutu: Ele be woasusu nuwo ŋu nyuie ne wole xɔa tutu ƒe ɖoɖo wɔm. Ele be woabia Nutome Xɔtukɔmitia ƒe kpekpeɖeŋu le ɖoɖoawo wɔwɔ kple dumemegãwo alo nutoa me dziɖuɖumegãwo kpɔkpɔ be woada asi ɖe xɔtuɖoɖoawo dzi me. Akpata bubuwo kpɔkpɔ kple ŋkuléle ɖe woƒe xɔ ƒe nɔnɔmetatawo ŋu ate ŋu aɖe vi geɖe. Afisi Nutome Xɔtukɔmitia mele o la, nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ate ŋu agblɔ woƒe susu na hamemegãwo, eye ne hamemegãwo le nya me tsom la, nunya anɔ eme be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo tso nɔvi siwo si nuteƒekpɔkpɔ le le anyigbaƒeƒle kple xɔtutu me le hamea me kple hame bubuwo me gbɔ. Agbalẽ si me mɔfiamewo kple xɔ ƒe nɔnɔmetatawo le le Habɔbɔa si si hamea ate ŋu abia be woaɖo ɖe yewo. Ele be miatia nɔnɔmetata si ana Fiaɖuƒe Akpataa magblẽ ga wu alesi dze o gake wòade ame dzi ahadze ani hã.
17 Woate ŋu abu ga si wosusu be woazã ɖe dɔa ŋu le xɔ si ƒomevi hamea di be yewoatu eye woate ŋu akpɔ eƒe ga la nu. Ele be wòanɔ susu me na mí ɣesiaɣi míazã ga nyuie, gake beléle na xɔ si ŋu womezã ga ɖo fũ o la ate ŋu ava axɔ asi wu ne ɖe wodi ga vi aɖe kpee tsɔ ƒle nusiwo anɔ anyi adidi alo be xɔa nalolo vie alo woaƒle xɔtunu siwo nyo wu vie le xɔa gɔmedzeɣi. Nu bubu si hã ŋu wòle be woabue nye be woagada agba ɖe hamea dzi dzodzro le ganyawo gome o. Mele be míade dzi ƒo na hamea be míatu xɔ si lolo sã wu esi hiã fifia alo le ɣeyiɣi aɖe megbe o alo esiwo ŋu teƒeteƒe siwo mehiã o le alo esiwo xɔ asi o. Gake ele be woadi xɔtunu kple xɔŋutinu siwo anɔ anyi adidi. Le kpɔɖeŋu me, akaɖi, yagbɔmɔ̃ kple zikpui, kple le alesi hamea ƒe lolome le nu la, nuƒomɔ̃ nyuiwo hiã be wòaɖe vi na kpekpea valawo bliboe.
18 Zi geɖe hamemegãwo akpɔe be nunya anɔ eme be yewoatia xɔtukɔmiti aɖe si akpɔ xɔa tutu dzi eye woatia kɔmitia me tɔ ɖeka wòanye zimenɔla si akpɔ dɔa dzi. Ne anya awɔ la, ele vevie be woatia nɔviŋutsu siwo kpɔ nuteƒe le xɔtutu alo dɔwɔnyawo me be woanye kɔmiti sia me tɔwo. Xɔtukɔmitia ate ŋu atso nya me le nya kuklui siwo wodoa goe ɖaa ŋu gake woana wòawɔ ɖeka kple xɔ ƒe nɔnɔmetata si dzi hamea da asi ɖo kpakple nusi wodi. Gake ele be woawɔ dɔ aduadu kple hamemegãwo ƒe ha la, amesiwo xɔtukɔmitia me tɔwo ana nyatakakae eye woanɔ aɖaŋuɖoɖo xɔm le wo gbɔ. Hamemegãawo atso nya me le tɔtrɔ veviwo alo nya tɔxɛwo katã ŋu. Eme kɔ be tɔtrɔ aɖewo ate ŋu ava ga home si woabu ɖe xɔa tutu ŋu me ne wole etum le ga dada ɖe nu dzi kple kuxi siwo womenɔ mɔ kpɔm na o siwo woava do goe ta.
19 Dɔwɔwɔ Aduadu Hiã: Ne hame eve alo wu nenema ɖoe be yewoaƒo ƒu aƒle anyigba atu xɔ, alo be yewoatrɔ asi le tudaɖi aɖe ŋu la, ele be hamemegãwo katã nadzro nusi woɖo be yewoawɔ la me kpɔ nyuie eye woaɖo kpe xɔ si ƒomevi woatu, ga home si wosusu be axɔ, gakpɔkpɔ na dɔa, kple nya siawo tɔgbe dzi. Ele be hame vovovoawo nanya nusi wosusu be asɔ la nyuie to woƒe hamemegãwo ƒe ha la dzi, ale be hame ɖesiaɖe nate ŋu anɔ te ɖe nyatakaka nyui si woxɔ dzi awɔ nyametsotso mamlɛa. Ne hame vovovoawo da asi ɖe edzi be yewoawɔ dɔ ɖekae eye wolɔ̃ ɖe nya veviawo dzi la, ke ele be woadee agbalẽ me eye subɔsubɔkɔmiti vovovoawo katã nade asi ete. Nuwɔwɔ aduadu si anɔ hamemegãwo ƒe hawo kple hame siwo le xɔa tum dome la hiã ale gbegbe.
20 Le aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ tso Nutome Xɔtukɔmitia gbɔ vɔ megbe la, hamemegãwo ƒe ha ate ŋu atso nya me be nɔviwo ɖeɖeko natu xɔ bliboa katã alo ɖewohĩ nɔnɔmewo awɔe be wòanyo be woatsɔe ade asi na xɔtudɔxɔla aɖe. Alo ɖewohĩ nɔviwo ate ŋu awɔ dɔa ƒe akpa aɖe eye woatsɔ nanewo wɔwɔ ade asi na xɔdɔwɔlawo. Ènya atikpakpa, gliɖoɖo, pɔmpidɔ alo asinudɔ bubuawo dometɔ aɖe nyuiea? Ne ènyae la, ke anɔ eme be àte ŋu ana kpekpeɖeŋu gã aɖe. Gake mehiã be nànye asinudɔwɔla bibi hafi atsɔ ɖokuiwò ana o. Dɔ geɖe anɔ anyi, abe teƒea dzadzraɖo, nuwo tsɔtsɔ vɛ, nanewo dede, egbɔkpɔkpɔ be teƒea nanɔ dzadzɛ. Ame bubuwo ate ŋu atsɔ wo ɖokui ana na dɔ siwo le bɔbɔe wu wɔwɔ kple nuɖaɖa na dɔwɔlawo. Miaƒe hamea me tɔ siwo tsɔ wo ɖokui na kple hame siwo te ɖe mia ŋu me tɔwo tɔ ƒe asikpekpeɖeŋu wɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu si woɖo le avɔgbadɔa tutu le gbedzi kple le Salomo ƒe gbedoxɔa tutu me, esime wozã aɖaŋudɔwɔla siwo le Yehowa ƒe amewo dome.—Mose II, 35:34, 35; Kron. II, 2:11-16.
21 Enyo be woawu Fiaɖuƒe Akpataa tutu nu kaba alesi woate ŋui ale be megado kplamatse gbeƒãɖeɖedɔa dzodzro o. Ele be hamemegãwo ƒe ha la nakpɔ egbɔ be le xɔa tuɣi la, yewowɔ ɖoɖo ɖi koŋ ɖe gbeadzidede edziedzi ŋu. Ame aɖewo siwo mate ŋu awɔ geɖe le xɔtudɔa me o la akpɔe be yewoate ŋu adzi yewoƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ ɖe edzi le ɣeyiɣi sia me. Gake ele be woakpɔ nyuie be ame aɖeke nagagbla ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋu ale gbegbe be wòagblẽ eƒe ƒomea ɖi o. Ðoɖowɔɖi nyui akpe ɖe ame ŋu le esia me ale be woate ŋu awɔ ƒomenusɔsrɔ̃, ade kpekpewo kple gbeadzi, togbɔ be nusi woate ŋu awɔ dzi ate ŋu aɖe akpɔtɔ vie le xɔa tuɣi hã. Ate ŋu ahiã be woawɔ dɔ sesẽ gaƒoƒo geɖe atsɔ awu dɔa nui, gake Yehowa yraa amesiwo subɔnɛ tso dzi blibo me.—Kol. 3:23, 24.
22 Esime miele dɔ wɔm ɖekae le Fiaɖuƒe Akpataa tutu me la, mɔnukpɔkpɔ geɖe anɔ anyi be miaɖe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo afia, vevietɔ lɔlɔ̃, dzigbɔɖi, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu. (Gal. 5:22, 23) Zi geɖe susu geɖe nɔa anyi siwo tae womawɔ nuwo abe alesi tututu nàsusu be ele be woawɔe ene o. Ne esia le susu me na wò eye nèɖo ŋku edzi be zi geɖe woate ŋu awɔ nu ɖeka ma ke le mɔ vovovo nu la, akpe ɖe ŋuwò nàkpe asi ɖe amesiwo woɖo be woakpɔ dɔa dzi ŋu.
23 Ne wowu xɔa nu la, esɔ be woawɔ ɖoɖo ɖe eŋukɔkɔ ŋu. Hamemegãwo ƒe ha la ate ŋu atso nya me le nusi asɔ ŋu. Woate ŋu atia kwasiɖanuwuwu aɖe na ewɔwɔ. Hame geɖewo wɔa ɖoɖo be “xɔa nanɔ ʋuʋu ɖi” gaƒoƒo ʋee aɖewo siwo me nutoa me tɔwo ate ŋu ava akpɔ xɔ yeyea me eye woanya nu tso eŋu. Miate ŋu ata amekpegbalẽviwo ne mielɔ̃, eye miaŋlɔ ɖoɖowɔɖia ɖe edzi. Mia ŋutɔwoe awɔ ɖoɖo ɖe wo ŋu, elabena Habɔbɔa metaa wo o. Hame aɖewo wɔa ɖoɖo wogblɔa Fiaɖuƒe Akpataa tutu ƒe nuteƒekpɔkpɔ ʋee aɖewo kple hamea ƒe ŋutinya do ŋgɔ na xɔŋukɔkɔnuƒoa. Ne Memleɖagbee wokɔ xɔa ŋu la, woate ŋu awɔ ɖoɖo aƒo dutoƒonuƒo tɔxɛ aɖe Kwasiɖagbe tsɔ kpe ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a ŋu.
24 Fiaɖuƒe Akpata la Zazã: Amekawo tɔe nye Fiaɖuƒe Akpataa? Le nyateƒe me la, mele be hame ɖeka aɖe ko nabui be yewo “tɔe” nye Fiaɖuƒe Akpataa o nenye hame mae tui hafi hame bubuwo va kpe ɖe wo ŋu emegbe hã o. Yehowa ƒe tadedeague wokɔ eŋu na. Enye hame siwo katã le akpataa zãm ƒe hamemegãwo ƒe ha ƒe agbanɔamedzi be woalé ŋku ɖe xɔa zazã nyuie ŋu bene wòade Fiaɖuƒedɔwo wɔwɔ dzi bliboe.
25 Hafi miaƒle anyigba alo xɔ aɖe la, míekafui vevie be hamea(wo) naɖo akameti aɖe be woanye amesiwo ƒe ŋkɔ woade agbalẽ me ɖe anyigbaa alo xɔ bliboa ŋu. Ðeko wode akametia me tɔwo ƒe ŋkɔ agbalẽ me ɖe hamea nu be anyigbaa alo xɔa nanɔ woƒe ŋkɔ me. Menye woawoe kpɔ ŋusẽ ɖe Fiaɖuƒe Akpataa dzi o ke boŋ edzikpɔkpɔ ƒe agba le hamemegãwo dzi. Mehiã be woanɔ akametia me tɔwo ɖɔ lim ƒe sia ƒe o ke boŋ ne eva hiã ko hafi le ʋuʋudzo, ku, kple esiawo tɔgbe ta. (Eŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo le Habɔbɔa ƒe April 1, 1996, lɛta si ƒe tanyae nye “Information Regarding Ownership of Kingdom Halls” me.)
26 Le teƒe geɖewo la, hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka bene woate ŋu awɔ xɔa ŋudɔ bliboe eye woaɖe gazazã dzi akpɔtɔ. Hame ɖeka koe Habɔbɔa zãna le gadodo, Fiaɖuƒe Akpata Kpekpeɖeŋunaga (KHAA), kple nusiawo tɔgbe me, eye zi geɖe la, hame si ƒe anyigbamamã me Fiaɖuƒe Akpataa le ye wònyena. Gake togbɔ be hame ɖeka koe Habɔbɔa ŋlɔa agbalẽ na eye hame ma ƒe ŋkɔe anɔ xɔa ŋu hã la, agbanɔamedzi siawo gbɔkpɔkpɔ menye nusi dzi hame sia anɔ te ɖo woawo ɖeɖe natso nya me le kpekpeawo ƒe ɣeyiɣi kple ŋkeke siwo woawɔ wo na hame siwo katã kpena le Fiaɖuƒe Akpataa me, alo ga home si wo dometɔ ɖesiaɖe axe ɖe xɔtufea kple xɔa ŋuti gazazãwo ta ŋu o.
27 Aleke woate ŋu atso nya me le nya siawo ŋui le amesiame ŋu bubu lɔlɔ̃tɔe me? Hame aɖewo kpɔe be enyo na yewo be le teƒe siwo menye hame ɖekae le akpataa zãm o la, hame siwo katã zãnɛ ƒe hamemegãwo nakpe ta atso nya me le Fiaɖuƒe Akpataa ŋu nyawo ŋu. Ne wowɔe alea la, enaa kuxi siwo nyatakakawo masemase alo amesiwo wodɔ ɖa ƒe nya aɖewo gbɔ makpɔmakpɔ alesi dze la dzi ɖena kpɔtɔna. Ewɔnɛ be xɔ si ŋu wokɔ na Yehowa ƒe subɔsubɔa ɖea vi na amesiame eye eƒe agba nɔa amesiame dzi be wòalé be nɛ. Le ɖoɖo sia me la, hame ɖeka aɖeke meɖoa tɔ ɖe enu eye susɔeawo zua “xɔhayalawo” o. Anyo be woaŋlɔ nya siwo dzi wolɔ̃ ɖo da ɖi eye woana kɔpi ɖeka hame ɖesiaɖe woada ɖe woƒe nuŋlɔɖiwo me, elabena hamemegãwo ate ŋu aʋu adzo eye hamemegã bubu siwo va emegbe la manya naneke tso numenya si dzi wolɔ̃ ɖo ŋu o.
28 Ne hame ɖeka koe le Fiaɖuƒe Akpataa zãm la, hamemegãwo ate ŋu abu nusi wokpɔ be ade ame dzi wu fifia le kpekpeawo gome eye woagblɔ nusi wosusu na hamea be woalé ŋku ɖe eŋu, awɔ tɔtrɔ ne ehiã eye woatso nya me mlɔeba (to gbeƒãɖela adzɔgbeɖela xɔnyɔnyrɔ akpa gãtɔ ƒe asidada ɖe edzi me), eye woawɔe alesi woate ŋui be kpekpeawo nade ame akpa gãtɔ dzi. Gake ne menye hame ɖekae zãa akpataa o la, ke le nya si míegblɔ va yi nu la, hame vovovoawo ƒe hamemegãwo teƒenɔlawo adi be yewoakpe ta adzro kpekpewɔɣi siwo asɔ na wo me eye woawɔ ɖoɖo si aɖe vi na amesiame. Gake le kpekpewɔɣiwo gome la, tiatia si woawɔ la menye hamemegãwo ɖeɖeko ƒe nya o, ke boŋ hame ɖesiaɖee atso nya me le eŋu.
29 Hame aɖewo kpɔe be kpekpewɔɣiwo ɖɔliɖɔli kple hame bubuwo tɔ nyo na yewo, alo be yewoaɖɔ li wo ne ƒe trɔ alo le ɣeyiɣi siawo tɔgbe me. Nyawo léle kpɔ kple nyamesese na ame nɔewo naa gɔmesese nɔa anyi eye amesiame ƒe dzi dzea eme ale be mewɔna na ame aɖeke be hame ɖeka koe xɔa ɣeyiɣi si de ame dzi ɣesiaɣi o. Nuwɔwɔ aduadu gahiã le nutome sue dzikpɔla ƒe vava, Mɔɖelawo ƒe Suku wɔwɔ, kple esiawo tɔgbe hã me.
30 Ku ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu la, hamemegãwo katã ate ŋu akpe ado ŋgɔ aɖo kɔmiti si me hamemegã siwo si ŋutete le be woakpɔ akpataa ƒe nya kukluiwo kple edzadzraɖonyawo gbɔ la le. Hame ɖesiaɖe teƒenɔlawo asubɔ le kɔmiti sia me. Ana mahiã be hamemegãwo ƒe hawo katã (ne menye hame ɖekae o) nanɔ ta kpem kabakaba hena nyametsotso wɔwɔ le nya kuklui siwo ku ɖe xɔa zazã kple eme dzadzraɖo ŋu la ŋuti o. Woate ŋu agblɔ mɔfiame aɖewo ada ɖi, le kpɔɖeŋu me, le ga home si woazã ɖe nusiwo wozãna ɖe xɔa ŋu dɔwo ŋu ɖaa si mahiã asidadaɖedzi tɔxɛ aɖeke hafi o ŋu.
31 Le ɖoɖo sia me la, ne nya sesẽwo do mo ɖa alo gazazã gbogbo aɖe si womenɔ mɔ kpɔm o va la, woana hamemegãwo ƒe ha bliboa natso nya me le wo ŋu. Ne hamemegã siwo kpɔa Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖo gbɔ kpɔ be nane si ŋu yewoazã ga gbogbo aɖe ɖo nyo la, woate ŋu aŋlɔ nusi dzi wo katã wolɔ̃ ɖo aɖo ɖe hame vovovoawo, eye woagblɔ nyaawo ɖe eme, kple ga home si wosusu be woazã ɖe dɔa ŋu. Ke hameawo ate ŋu awɔ nyametsotso mamlɛa le eŋu.
32 Hame ɖesiaɖe ate ana ga si dzi wolɔ̃ ɖo be woazã ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋu dɔwo ŋu. Be woanya ga home sia la, hame siwo katã kpena le akpataa me ƒe hamemegãwo ate ŋu anɔ anyi asusu nusi hiã le mamã dedie nu na xɔtufea xexe kple ɖe gazazã bubuwo ŋu la ŋuti. Hame vovovoawo ƒe hamemegãwo ate ŋu azã esia atsɔ atso nya me le nusi wokpɔ be enyo be yewoakafu na yewoƒe hamewo. Ekema hame ɖesiaɖe atso nya me le ga si woanɔ xexem ɣleti sia ɣleti ŋu. Ne ehiã eye wòsɔ nenema la, woate ŋu awɔ tɔtrɔwo le ga si hame ɖesiaɖe ɖona ɖa ƒe agbɔsɔsɔme ŋu.
33 Ne hame aɖe li koŋ si nɔa gadodoa xem na Habɔbɔa la, ke woate ŋu aɖo gaa ɖa to wo dzi. Ele be xɔdzikpɔkɔmitia nazã gakɔntabugbalẽvi siwo le vovo na Fiaɖuƒe Akpataa ŋuti dɔwo kple wo me dzadzraɖo ɖeɖeko. Eye ne wokpɔe be ade ame dzi le gakɔntawo bubu me la, hame sia ate ŋu aʋu gadzraɖoƒekɔnta bubu nɛ. Ne eli sẽ la, ele be woana hamemegãwo nanya nusi zãm wole ɖe xɔa ŋu eye woawɔ ɖoɖo ato gakɔntawo me ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe. Ne nutome sue dzikpɔla va la, ato Fiaɖuƒe Akpataa tutu kple eŋu gazazãwo ƒe akɔntawo me, abe alesi wòtoa hamea ƒe akɔntawo mee ene.
34 Fiaɖuƒe Akpata la nye Yehowa ƒe nunana siwo kpena ɖe mía ŋu be míete ŋu kpea ta la dometɔ ɖeka. Dɔwɔna siwo me dzidzɔ le eye woɖea vi na mí siwo míewɔna le Fiaɖuƒe Akpataa me nye gbɔgbɔmeparadiso si Yehowa wɔ na mí la ƒe akpa aɖe. Nunanaawo li ɖe amesiame ƒe viɖe ta. Gake nunya le eme be míagabu wo nu tsɛwoe o. Ele be míakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu eye míalé fɔ ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu. Fia Dawid gblɔ be: “Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.” (Ps. 122:1) Mina mí katã míasrɔ̃ Dawid kple subɔla wɔnuteƒe bubu siwo nɔ anyi le blema le alesi míebua xɔ siwo ŋu wokɔ na Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ la tutu kple wo zazã me la ƒe kpɔɖeŋu.