Ðe Biblia Fia Nu be Míaxɔ Dzɔgbese Dzi Asea?
GBƆÐIAMENYA! AMEŊUGBLẼNYA! Ne bubume aɖe si le nutoa me kpɔe be woka aʋatso tsɔ gblẽ yeƒe ŋkɔ alo bubu si le ye ŋu la, edina be yeaɖɔ nya la ɖo. Ðewohĩ atsɔ nya ɖe amesiwo gblɔ gbɔɖiamenya la ŋu gɔ̃ hã.
Nenema ke dzɔgbesedzixɔse hã nye aʋatsokaka ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la si ŋutɔŋutɔ. Dzixɔse ma fia be Mawu ŋutɔ gbɔe afɔku kple dzɔgbevɔ̃e siwo wɔa fu ameƒomea la katã tso. Ne èxɔ dzɔgbese dzi se la, àte ŋu abui be Xexeame Katã ƒe Fiagã la wɔ nuŋlɔɖi si me nya siwo gbɔna la tɔgbe le be: ‘Egbe nu vevi awɔ John le lɔrifɔku me, asrã alé Fatou, ahomya agbã Mamadou ƒe aƒe’! Ðe nane ate ŋu aʋã wò be nàsubɔ Mawu sia tɔgbea?
Dzɔgbesedzixɔselawo biana be: ‘Gake ne menye Mawu gbɔe míaƒe dzɔgbevɔ̃ewo tsona o la, ke ameka gbɔe wotsona?’ Ousmane si nye ɖekakpui si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me la hã bu nya sia ŋu. Gake mele be wòatsɔ eƒe susu abu nya aɖewo alo akpa nya aɖewo le susu me ko be wòake ɖe nyateƒea ŋu o. Esrɔ̃e be Mawu to nufiafia siwo le Biblia, Eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, la dzi kɔ eɖokui ŋu le ameŋugblẽnya sia me. (Timoteo II, 3:16) Eyata mina míadzro nya si Biblia gblɔ le nya sia ŋu me kpɔ.
Ameka ƒe Vodadae?
Tsiɖɔɖɔwo, ahomwo, anyigbaʋuʋuwo—zi geɖe la, woyɔa afɔku siawo be Mawu ƒe nuwɔnawo. Gake Biblia megblɔ be Mawue hea afɔku siawo vanɛ o. Bu afɔku aɖe si dzɔ le Titina Ɣedzeƒe ƒe alafa geɖe enye sia la ŋu kpɔ. Biblia gblɔ na mí be ame ɖeka si ko tsi agbe le afɔku sia me la ka nya ta be: “Mawu ƒe dzo [Hebrinyagbɔgblɔ si fiana dzikedzo zi geɖe] ge tso dziƒo dze alẽawo kple dɔlawo dzi hefia wo.”—Hiob 1:16.
Togbɔ be ŋutsu sia si vɔvɔ̃ ɖo la anya bu be Mawu gbɔe dzoa ge tso hã la, Biblia ɖee fia be menye Eyae wɔ naneke o. Wò ŋutɔ xlẽ Hiob 1:7-12, eye àkpɔe be menye Mawu gbɔe dzikedzoa tso o, ke eƒe Futɔ—Satan Abosam boŋ gbɔ ye wòtso! Mefia be Satana ye hea dzɔgbevɔ̃e ɖesiaɖe vanɛ ya o. Gake edze ƒã be susu aɖeke meli si ta míabu fɔ Mawu o.
Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, amewoe wobua fɔe zi geɖe ne nuwo meyi nyuie o. Kpododo nu le suku, dɔwɔƒe, alo le hadomenuwɔnawo me ate ŋu atso agbagbamadzemadze kple hehe nyui maxɔmaxɔ alo ɖewohĩ ame bubuwo ŋu mabumabu gbɔ. Nenema ke ɖekematsɔleme ate ŋu ahe dɔléle, afɔkuwo, kple ku vɛ. Zikpuimeka si woabla ko ne wole ʋu kum ɖea alesi wòate ŋu adzɔ be ame natsi lɔrifɔku me dzi kpɔtɔna ŋutɔŋutɔ. Zikpuimeka maɖe vi aɖeke o ne “dzɔgbese” matrɔmatrɔ ye kpɔa ŋusẽ ɖe nudzɔdzɔwo dzi. Atikewɔwɔ nyui kple dzadzɛnyenye hã ɖea ku kpo dzi kpɔtɔna geɖe ŋutɔ. Le nyateƒe me la, afɔku aɖewo siwo ame geɖe gblɔna be enye “Mawu ƒe nuwɔnawo” gɔ̃ hã nye amegbetɔ ƒe nuwɔnawo—si nye nu wɔnublanui siwo tso amegbetɔ ƒe anyigba ŋudɔmawɔmawɔ nyuie gbɔ.—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 11:18.
“Azãgbe Kple Nuɖiɖeame”
Enye nyateƒe be nu wɔnublanui geɖe dzɔna siwo tsoƒe menɔa nyanya gobii o. Gake de dzesi nya si Biblia gblɔ le Nyagblɔla 9:11: “Megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Eyata naneke meli si ta míaxɔe ase be Wɔla lae le megbe na afɔkuwo alo be to hem wòle na amesiwo dzi afɔku dzɔna ɖo la le mɔ aɖe nu o.
Yesu Kristo ŋutɔ ƒo nu tsi tre ɖe dzɔgbese ŋuti nukpɔsusu ŋu. Yesu he susu yi afɔku aɖe si nɔ nyanya na eƒe nyaselawo nyuie dzi eye wòbia be: “Ame wuienyi ma, siwo dzi Siloa-mɔ mu dze, eye wòwu wo la, ɖe miesusu bena, woawoe nye fenyilawo wu amesiwo katã nɔ Yerusalem mahã? Gbeɖe.” (Luka 13:4, 5) Edze ƒã be Yesu fia be “azãgbe kple nuɖiɖeame” gbɔe wòtso, menye Mawu gbɔe o.
Blibomademade Me Tsonu Gbegblẽwo
Ke ku kple dɔléle siwo gɔme menya sena o ya ɖe? Biblia gblɔ nya sia le amegbetɔ ƒe nɔnɔme ŋu tẽ be: “Amewo katã ku le Adam me.” (Korintotɔwo I, 15:22) Ku wɔ fu amegbetɔ tso esime mía tɔgbui Adam dze tomaɖomaɖomɔ dzi. Adam he ku vɛ na eƒe dzidzimeviwo abe alesi tututu Mawu xlɔ̃ nui ene. (Mose I, 2:17; Romatɔwo 5:12) Eyata míate ŋu agblɔ be mí katã mía tɔgbui Adam gbɔe dɔlélewo katã tso. Dziɖeleameƒo kple kpododonu le agbe me ƒe akpa geɖe tsoa gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo ƒe dome míenyi hã gbɔ.—Psalmo 51:7.
Bu ahedada ƒe kuxia ŋu kpɔ. Dzɔgbesedzixɔse na ame dahe geɖe na ta zi geɖe le woƒe agbenɔnɔ sesẽ la me. Woxɔe se be, ‘Míaƒe dzɔgbesee wònye.’ Gake Biblia ɖee fia be amegbetɔ ƒe blibomademade gbɔe wòtso, ke menye dzɔgbese o. Ame aɖewo daa ahe ne wole ‘nusi woƒã ŋem’ to kuviawɔwɔ alo nunɔamesiwo dome gbegblẽ me. (Galatiatɔwo 6:7; Lododowo 6:10, 11) Ame miliɔn geɖe da ahe le esi amegã ŋuklẽlawo tafaa wo ta. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 2:6.) Biblia gblɔ be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Kpeɖodzi aɖeke meli si ta woagblɔ be Mawu alo dzɔgbese gbɔe ahedada ɖesiaɖe tso o.
Dzɔgbesedzixɔse—Emetsonu Gbegblẽwo
Nu bubu si hã tsi tre ɖe dzɔgbesedzixɔse ŋue nye ŋusẽ gbegblẽ si dzɔgbese ate ŋu akpɔ ɖe edzixɔselawo dzi. Yesu Kristo gblɔ be: “Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo.” (Mateo 7:17) Mina míade ŋugble le dzɔgbesedzixɔse ƒe ‘kutsetse’ ɖeka ŋu kpɔ—alesi wòkpɔa ŋusẽ ɖe amewo ƒe susu dzi le agbanɔamedzi tsɔtsɔ gome.
Ele vevie be ame ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi tsɔtsɔ ƒe susu nyui nanɔ ame si. Enye nusiwo ʋã dzilawo wokpɔa woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ, si naa dɔwɔlawo wɔa woƒe dɔwo le dzitsinya nyui me, eye wònaa adzɔnuwɔlawo wɔa adzɔnu nyuiwo la dometɔ ɖeka. Dzɔgbesedzixɔse ate ŋu atsi susu ma nu. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ame aɖe ƒe ʋu ƒe kuɖɔɖoti mele dɔ wɔm nyuie o. Ne agbanɔamedzi tsɔtsɔ ƒe susu nyuie le esi la, adzrae ɖo le esi wòbua eya ŋutɔ kple ʋua ɖolawo ƒe agbe ŋu ta. Le go bubu me la, dzɔgbesedzixɔsela aŋe aɖaba aƒu afɔkua dzi ahabu be ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu’ me ko wòatso hafi ʋua nakpɔ afɔku!
Ẽ, dzɔgbesedzixɔse ate ŋu ado ɖekematsɔleme, kuviawɔwɔ, ame ƒe nuwɔnawo ŋuti gbanɔamedzi matsɔmatsɔ, kple nu gbegblẽ bubu geɖe ɖe ŋgɔ.
Ðe Wònye Mɔxenu na Mía Kple Mawu Dome Ƒomedodoa?
Nu vɔ̃ɖitɔ wue nye be, dzɔgbesedzixɔse ate ŋu axe mɔ na agba, alo dɔ, siwo le ame dzi le Mawu gbɔ la ŋuti bubu. (Nyagblɔla 12:13) Hakpala la ƒoe ɖe ameƒomea katã nu be ‘woaɖɔe kpɔ, eye woakpɔ be Yehowa ƒe dɔme nyo.’ (Psalmo 34:9) Mawu ɖo nudidi aɖewo na amesiwo ase vivi le eƒe dɔmenyo me.—Psalmo 15:1-5.
Nudidi siawo dometɔ ɖekae nye dzimetɔtrɔ. (Dɔwɔwɔwo 3:19; 17:30) Ema bia be míalɔ̃ ɖe míaƒe vodadawo dzi eye míawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Esi míenye ame madeblibowo ta la, nu geɖe li siwo me wòle be mí katã míatrɔ dzime le. Gake ne ame aɖe xɔe se be dzɔgbese kpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi keŋkeŋ la, asesẽ be wòakpɔe be ehiã be yeatrɔ dzime alo atsɔ yeƒe vodadawo ƒe agba.
Hakpala la gblɔ le Mawu ŋu be: “Wò amenuveve nyo wu agbe.” (Psalmo 63:3) Gake dzɔgbesedzixɔse na ame miliɔn geɖe bu be Mawu gbɔe yewoƒe fukpekpewo tso. Abe alesi wòanɔ godoo ene la, esia na ame geɖe lé fui, eye womedi be ƒomedodo kplikplikpli nanɔ yewo kple Wɔla la dome o. Ne èbu eŋu kpɔ la, aleke nàlɔ̃ amesi nèbu be eya gbɔe yeƒe kuxiwo kple fukpekpewo tso lae? Eyata dzɔgbesedzixɔse zu mɔxenu le Mawu kple amegbetɔ dome.
Wovo tso Dzɔgbese ƒe Ameteteɖeanyi Me
Dzɔgbesedzixɔse wɔ ɖekakpui Ousmane si míeyɔ le gɔmedzedzea me la kluvii tsã. Gake esime Yehowa Ðasefowo kpe ɖe Ousmane ŋu wòtsɔ Biblia da eƒe susuwo kpɔe la, eʋãe wòɖe asi le eƒe dzɔgbesedzixɔse la ŋu. Nusi do tso emee nye be ekpɔe be yevo le ememe eye agbenɔnɔ ŋuti nukpɔsusu nyui yeye aɖe su ye si. Vevietɔ wu la, eva dze si Yehowa be enye Mawu “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.”—Mose II, 34:6.
Ousmane va kpɔe hã be togbɔ be Mawu mewɔ ɖoɖo ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa ŋu do ŋgɔ o hã la, tameɖoɖo aɖe le esi na etsɔme.a Petro II, 3:13 gblɔ be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” Yehowa Ðasefowo kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu mɔkpɔkpɔ va su wo si be woanɔ agbe tegbee anye “anyigba yeye” sia si ŋugbe wodo la ƒe akpa aɖe. Woadi be woakpe ɖe wò hã ŋuwò.
Ne wò Biblia me sidzedze vavãtɔ le dzidzim ɖe edzi la, àva kpɔe be wò tsɔme menɔ te ɖe dzɔgbese aɖe si woɖo ɖi xoxo si ŋu màte ŋu awɔ naneke le o dzi o. Nya siwo Mose gblɔ na blema Israel-viwo la sɔ nyuie le go sia me be: “Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu.” (Mose V, 30:19, 20) Ẽ, àte ŋu awɔ tiatia le wò etsɔme ŋu. Dzɔgbese mekpɔ ŋusẽ ɖe edzi o.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 15, 1984, axa 3-7 hena Mawu ƒe nunyanyadoŋgɔ me dzodzro tsitotsito.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 6, 7]
Afɔku siawo menye ‘Mawu ƒe nuwɔnawo’ o
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
U.S. Coast Guard photo
WHO
UN PHOTO 186208 /M. Grafman