De Bubu Yehowa ƒe Tadeaguƒe Ŋu
1 Ne míenye amedzrowo le ame aɖe ƒe aƒeme la, míedea bubu amea ƒe nuwo ŋu, míewɔa naneke si agblẽ wo o, eye míewɔa nu be wòatɔtɔ alesi nuwo yia edzi ɖe ɖoɖo nu le aƒea me la me o. Aleke gbegbe wòle vevie wui enye si ne míenye Yehowa ƒe amedzrowo! Ele be míanya alesi míazɔe le eƒe aƒeme. (Ps. 15:1; Tim. I, 3:15) Eɖanye Fiaɖuƒe Akpataa me, ame aɖe ƒe aƒeme, alo dutoƒoxɔ aɖe mee míewɔa míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo le o, mía dometɔ akpa gãtɔ míedea bubu míaƒe tadeaguƒe ŋu ɣesiaɣi abe Yehowa, amesi ƒe “gãnyenye xɔ anyigba kple dziƒo,” ƒe aƒemee wònye ene.—Ps. 148:13.
2 Gake wode dzesii be nɔvi aɖewo ɖenɛ fiana be yewomedea bubu kpekpeawo ŋu o to toliɖeɖe alo nuwɔwɔ abe ɖe nya si gblɔm wole mele vevie o ene me. Ame tsitsi ʋee aɖewo nɔa dze siwo mehiã o ɖom le xɔ siwo kpe ɖe Fiaɖuƒe Akpata ŋu me, alo le egodo esime kpekpeawo le edzi yim. Ne wotsɔ ɖevi si metsi o na nɔvia tsitsia be wòakpɔ egbɔ la, ɣeaɖewoɣi wo ame evea va nɔa fefem eye womesea nya aɖeke le kpekpea me o. Wokpɔa ɖevi aɖewo le Fiaɖuƒe Akpataa godo le kpakpã vɔ megbe wonɔa fefem, nɔa aƒa dom bobobo, wonɔa wɔwɔm abe karate dam wole kple wo nɔewo ene. Le teƒe aɖewo la, woƒua du lɔa amewo, ɖea fu na aƒelikawo alo wotsoa ʋumɔ me.
3 Alesi Míawɔ be Míaganye Bubumadenuŋulawo O: Sidzedze asixɔxɔ si le míaƒe tadedeagua ŋu kple alesi wònye nu kɔkɔe la akpe ɖe mía ŋu godoo be míadi be míanɔ dalĩ dom, anɔ nu ɖum, alo anɔ chewing gum (aŋekpetike) ɖum, anɔ pepa ŋlɔm, alo anɔ aɖuɖɔɖɔƒe yim anɔ gbɔgbɔm, alo wòazu numãme na mí be míatsi megbe ɣesiaɣi ava kpekpeawo atsɔ anɔ fu ɖem na ame bubuwo o. Dzila siwo dea bubu nu ŋu eye wokpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu meɖea mɔ wo viwo ƒoa ɖi anyigbakuntru, zikpuiŋuvɔwo, alo Fiaɖuƒe Akpataa ƒe gli ŋu alo aƒe si me wowɔa agbalẽ me nusɔsrɔ̃ le tɔ o. Eye ɖikekemanɔmee la, mí katã míelɔ̃ ɖe edzi be mesɔ kura be míawɔ ŋukpenanu ƒomevi aɖeke, agblɔ bometsinyawo alo aƒo atsa le míaƒe kpekpewo me o.—Ef. 5:4.
4 Ne míeɖoa ŋku taɖodzinu si le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo ŋu dzi la, ana míakpɔ egbɔ be mía kple mía viwo míade bubu si dze Yehowa ƒe tadeaguƒe la ŋu le teƒe si ‘míelɔ̃ be míatsi tre ɖo.’—Ps. 84:11.