INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/98 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena January

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena January
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 5
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 12
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 19
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 26
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
km 1/98 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena January

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 5

Hadzidzi 10

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe Tiatiawo.

17 min: “Do Vivi Ðe Ðaseɖiɖi Tsitotsito Ŋu.” Nyatia me dzodzro kple nyaselawo. Te gbe ɖe nusiwo hiã le dzeɖonya nyuiwo gbɔgblɔ me dzi: (1) Do gbe na amea xɔlɔ̃wɔwɔtɔe, (2) ƒo nu tso nya aɖe si ŋu ame geɖe le nu ƒom tsoe fifia ŋu alo bia nya tso eŋu, (3) he susu yi mawunyakpukpui si sɔ dzi eye (4) nàƒo nu tso agbalẽ si nam nèle ŋu. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ dzeɖonya si woazã le yiyi zi gbãtɔ me kple tɔtrɔyi si sɔ ɖe eŋu si ƒe aɖaŋu woɖo la afia.

20 min: Dzra Ðo Fifia be Yeawɔ Ðe Mawu ƒe Se le Ʋu Ŋu Dzi. Hamemegã bibi aɖe nadzro nusita wòle vevie be woakpe “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia ɖo me. Mɔfiafia si tso gbɔgbɔ me si le Psalmo 19:8 ɖee fia be Mawu ƒe se deblibo si ku ɖe ʋu ŋue Dɔwɔwɔwo 15:28, 29 me nyawo nye. Tadeagula nuteƒewɔlawo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe se ma dzi. Agbalẽvi sia gblɔa tame si nèɖo kplikpaa be yeawɔ ɖe edzi la eye wòƒoa nu ɖe nuwò ne wò ŋutɔ màte ŋu aƒo nu o. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 22:3.) Agbalẽvi yeye ɖenɛ fiana be nyitsɔ laa ye nègaɖoe be yemado ʋu o. Ne kpekpe sia wu enu la, woana agbalẽvia ɖeka Ðasefo xɔnyɔnyrɔ siwo di be yewoawɔ yeye la, eye amesiwo si ɖevi maxɔnyɔnyrɔwo le axɔ “Identity Card” na ɖevi ɖesiaɖe. Mele be miakpe agbalẽvi siawo ɖo fiẽ sia o. Mikpe wo ɖo nyuie le aƒeme gake MIGADE asi wo te O. Hamea ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo mee woade asi agbalẽviawo katã te le, woaɖu ɖasefo le wo ŋu, eye woaŋlɔ ɣletiŋkeke ɖe edzi le agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi kpɔla ƒe dzikpɔkpɔ te. Esia ana woakpɔ egbɔ be ena kpekpeɖeŋu si hiã la eƒe ƒuƒoƒoa me tɔ siwo katã di be yewoakpe atikewɔwɔ ƒe mɔfiamegbalẽ sia ɖo. Ele be amesiwo aɖu ɖasefo nakpɔ eteƒe ŋutɔŋutɔ be amesi tɔ agbalẽvia nye la le asi dem ete. Ne ame aɖe meva o eye wòdi be yeakpe yeƒe agbalẽvia ɖo ahade asi ete la, nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo alo hamemegãwo akpe ɖe eŋu le Subɔsubɔkpekpe si akplɔe ɖo me vaseɖe esime gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔwo katã nakpe woƒe agbalẽviwo ɖo keŋkeŋ nyuie. (Dzro November 2, 1991 ƒe lɛtaa me.) Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo ate ŋu atrɔ asi le agbalẽvi sia dzi nyawo ŋu wòasɔ ɖe woƒe nɔnɔmewo kple dzixɔsewo nu, ale be woate ŋu aŋlɔ woa ŋutɔwo ƒe mɔfiafianya si woa ŋutɔwo kple wo viwo azã. Enyo be woakpe agbalẽvia ɖo be wòanye takpɔkpɔ nyuitɔ.

Hadzidzi 142 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 12

Hadzidzi 14

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ƒo nu tso gbeadziyiyi ƒe ɖoɖo si miewɔ ɖe kwasiɖanuwuwua ŋu la ŋuti.

12 min: Dzro “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me.

23 min: “Yehowa Naa Ŋusẽ si Gbɔ Dzɔdzɔmetɔ Ŋu Mí.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. (Kpɔ w90-EW, Vol. 111, No. 14, axa 19, memamã 15-16.) Wɔ ɖoɖo bene ame aɖewo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siwo ɖe alesi Yehowa do ŋusẽ woe fia.

Hadzidzi 81 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 19

Hadzidzi 1

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

20 min: Ƒomenusɔsrɔ̃ si Na Wokpɔa Dzidzɔ. Atsu kple asi nadzro woƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo me. Esi wotsi dzi ɖe alesi xexemenuwo le ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe wo viwo dzi ŋu ta la, wokpɔe be ehiã be yewoatu yewo viwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo gake wolɔ̃ ɖe edzi be yewomete ŋu wɔa ƒomenusɔsrɔ̃ edziedzi o eye zi geɖe la, metsea ku tututu o. Wowɔ ɖeka dzro aɖaŋu siwo woɖo le August 1, 1997, Gbetakpɔxɔ, axa 26-9 si ku ɖe alesi woawɔ ƒomenusɔsrɔ̃ wòanyo ŋu me. Wo ame evea ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe edzi le yewo viwo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ta kpɔkpɔ me.

Hadzidzi 146 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 26

Hadzidzi 187

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro February ƒe agbalẽnunana me. Ƒo nu tso Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa me nya ɖeka eve aɖewo siwo akpe ɖe ame ŋu le enana me ŋu.

15 min: “De Bubu Yehowa ƒe Tadeaguƒe Ŋu.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Hamemegã nawɔe, eye nena wòasɔ ɖe mia gbɔ nɔnɔmewo nu le ameŋububu me.

18 min: Akɔntabubu le Míaƒe Gomekpɔkpɔ le Xexeame Katã ƒe Ðaseɖiɖidɔa me Ŋu. (Woatui ɖe Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa ƒe axa 100-2, 105-9 dzi) Agbalẽŋlɔla ƒe nuƒo kple numedzodzro. Ne egblɔ akɔntabubu le míaƒe dɔwɔna ŋu ƒe kpɔɖeŋu si le Ŋɔŋlɔawo me vɔ la, nekpe subɔsubɔdɔwɔla eve ne wòadzro tanya sue si nye “Nusita Míebua Akɔnta le Míaƒe Gbeadziyiyi Ŋuti Ðo” me kpli wo. Azɔ agbalẽŋlɔla la nate gbe ɖe akɔntabubu siwo de pɛpɛpɛ nana kaba ƒe vevienyenye dzi. Negblɔ nusiwo tae wòɖea vi ne ame ŋutɔ ɖo eƒe taɖodzinuwo, eye negblɔ dzideƒonamenyawo le yayra siwo amesiwo kpɔa gome le ɖaseɖiɖidɔa me bliboe kpɔna ŋu.

Hadzidzi 189 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe