INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe Agbalẽa Nana
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996 | March
    • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe Agbalẽa Nana

      1Edzɔ dzi na mí esime woɖe agbalẽ yeye si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ɖe go! Wotrɔ asi le eŋu be wòakpe ɖe amewo ŋu woakpɔ nyateƒea ƒe sidzedze vavãtɔ kaba. Mɔnukpɔkpɔ asu mía si zi gbãtɔ le March me be míana agbalẽ sia le míaƒe anyigbamamã me. Nya kae míagblɔ be míatsɔ anyɔ ɖetsɔleme?

      2 Mɔnu si ate ŋu anyɔ amesi ƒe Mawudzixɔse gbɔdzɔ la ƒe ɖetsɔleme enye si:

      ◼ “Wotsɔ Mawudzixɔse nyi ame geɖe, gake wokpɔe fifia be yewoƒe xɔse megale abe alesi wònɔ tsã ene o. Nuka gbɔe nèsusu be esia tso? [Na wòaɖo eŋu.] Edoa ŋusẽ míaƒe Mawudzixɔse ne míede ŋugble le nukunu siwo le xexeame godoo ŋu. [Xlẽ Psalmo 19:⁠2.] Amesi ƒe sewo kplɔa dziƒonu siawo na mɔfiame si me viɖe le hã mí. [Xlẽ Psalmo 19:​8-10.] Mawunyakpukpui siawo te gbe ɖe alesi wòle vevie be míasrɔ̃ nusianu si míate ŋui tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu dzi. [He eƒe susu yi nɔnɔmetata si le axa 4 kple 5 dzi, eye nàxlẽ nya siwo woŋlɔ ɖe ete.] Ne èdi be yeakpɔ viɖe tso sidzedze tɔxɛ sia me la, adzɔ dzi nam be magblẽ agbalẽ sia ɖe gbɔwò.”

      3 Ne èlé nyitsɔ laa nyadzɔdzɔ ɖefuname aɖe ɖe susu me la, àte ŋu agblɔ be:

      ◼ “Meka ɖe edzi be èse nu tso [yɔ nudzɔdzɔa]. Ðe nèbu eŋu kpɔ be Mawu tsɔa ɖe le numadzɔmadzɔwɔwɔ kple fukpekpe siwo teƒe kpɔm míele alo le dzɔdzɔm ɖe mía ŋutɔwo dzi la mea? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu lɔ̃ mí eye akpe ɖe mía ŋu míato ɣeyiɣi vɔ̃wo me ado.” Xlẽ Psalmo 72:​12-17 ƒe akpa aɖewo. Ʋu agbalẽa ƒe axa 70, eye nàɖee fia be agbalẽ sia si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la ɖo nya aɖe si ame miliɔn geɖe biana ŋu, si nye be, Nukata Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? “Àkpɔe be alesi Biblia ɖo nya ma ŋu faa akɔ na ame ŋutɔ. Madi be magblẽ agbalẽ sia ɖe gbɔwò be wò ŋutɔ nàxlẽ nu tso eŋu.”

      4 Ne èdo go dzila la, àte ŋu ahe susu ayi ƒomea dzi be:

      ◼ “Dzila geɖe lɔ̃ ɖe edzi be kuxi geɖe le agbagbadzedze be woatu ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le ɖo me. Nukawoe nède dzesi be wonye mɔxenu gãwo? [Na wòaɖo eŋu.] Mía dometɔ geɖe dzea agbagba alesi míate ŋui, gake míekpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si ana míakpɔ dzidzedze geɖe wu la ŋu zi geɖe. Biblia na aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake mí. [Xlẽ Kolosetɔwo 3:​12, 18-21 ƒe akpa aɖewo.] Nya bubu geɖe le Biblia si wòagblɔ tso nya sia ŋu, abe alesi woŋlɔe ɖe agbalẽ sia ƒe ta 15 si nye ‘Ƒome si Nyea Bubu na Mawu Tutuɖo’ me ene. Edzro nuxlɔ̃ame si wona le Biblia me si fia alesi woavo tso srɔ̃ɖeɖe me fukpekpewo me kple alesi míakpe akɔ kple kuxi siwo mía viwo doa goe la me. Meka ɖe edzi be exexlẽ ado dzidzɔ na wò.”

      5 Ne èdi mɔnu si le kpuie la, àte ŋu ate esia kpɔ:

      ◼ “Ðe nède ŋugble le nusita míetsina kua amegã hekuna ŋu kpɔa? Agbalẽ sia ƒe ta 6 lia ɖe nusi he ku vɛ kple alesi Mawu aɖee ɖae la me. Biblia gblɔ na mí be Mawu do agbe mavɔ ŋugbe na amesiwo lɔ̃a eyama. [Xlẽ Yohanes 17:⁠3.] Ne èdi be yeaxlẽ nu tso esia ŋu la, àkpɔe be nufiame geɖe le agbalẽa me ŋutɔ.”

      6 Ne míedzra ɖo nyuie la, míate ŋu ‘aɖe Ŋɔŋlɔawo me’ na ame bubuwo le mɔ si ahe dzidzɔ geɖe vɛ na wo nu!​—⁠Luka 24:⁠32.

  • Trɔ Yi Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia Gbɔ
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996 | March
    • Trɔ Yi Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia Gbɔ

      1 Esi wonɔ agbalẽ yeye si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ɖem ɖe go la, takpekpea me nuƒola la gblɔ be “ele be dzianukwaretɔwo nate ŋu anya nu geɖe to esɔsrɔ̃ me ale be woava Yehowa ƒe akpa dzi ahaxɔ nyɔnyrɔ̃.” Wotrɔ asi le agbalẽa ŋu be wòafia nyateƒea amewo kaba. Ena nyatakaka vevi aɖewo kpuie si ate ŋu aʋã nusrɔ̃viwo be woawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Egblɔ nyateƒea le mɔ si sɔ nu eye meƒo nu tso alakpanufiafia siwo li ŋu fũ o. Be míakpɔ dzidzedze le dɔwɔnu yeye sia zazã me la, ele be míatrɔ ayi amesiwo ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ.

      2 Ne èƒo nu na amesi ƒe Mawudzixɔxɔse gbɔdzɔ gake wòɖe ɖetsɔleme fia la, àte ŋu adze egɔme aʋu nɔnɔmetata si le agbalẽa ƒe axa 4 kple 5 ahagblɔ be:

      ◼ “Esi meva nyitsɔ la, míekpɔ nɔnɔmetata dzeani sia kple alesi teƒea nya kpɔe. Nuŋɔŋlɔ si le ete bia be, ‘Nukae nàwɔ be nàse vivi le wo me?’ Aleke nàɖo eŋui? [Na wòaƒo nu.] Biblia gblɔ nu vevi siwo hiã la dometɔ ɖeka eme kɔ ƒã. [Xlẽ Yohanes 17:⁠3.] Sidzedze hiã vevie na míaƒe Mawudzixɔse. Mɔ nyuitɔ si dzi míate ŋu ato asrɔ̃ nusi wòle be míanya enye be míasrɔ̃ Biblia la edziedzi.” Ʋu ta 1 eye nàɖe nufiame dedziƒoname siwo le memamã 1 vaseɖe 5 me nɛ. Ðe alesi míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ me nɛ eye nàgblɔ be yeagatrɔ ava be yewoayi numedzodzroa dzi.

      3 Ne ètrɔ yi be miayi numedzodzro tso nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo ŋu dzi la, àte ŋu agblɔ be:

      ◼ “Nyitsɔ ma si meva la, míeƒo nu tso [nusi ke nudzɔdzɔa nye] ŋu. Biabia si fɔ ɖe te la ku ɖe nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe le xexeame alea gbegbe ŋu. Nukae nye ŋuɖoɖo si nèkpɔ? [Na wòaɖo eŋu.] Edea dzi ƒo na mí be míanya be menye Mawu gbɔe nɔnɔme sesẽ siawo tso o.” Ʋu agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe axa 71-2, eye miadzro Ŋɔŋlɔawo me nya siwo le memamã 3 vaseɖe 5 me. Gblɔ be yeagatrɔ ava ne yeaɖe nusita míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu nu ayi kpuie la me nɛ.

      4 Ne ètrɔ yi dzila si tsɔ ɖe le ƒomekuxiwo me gbɔ la, àte ŋu agblɔ be:

      ◼ “Menya be esi nènye dzila ta la, àdi nu nyuitɔwo na viwòwo. Esi manya wɔ be nàkpɔ wo ta tso nusianu si nye nu gbegblẽ me o ta la, ele be nàfia wo alesi woakpe akɔ kple agbemekuxiwoe. Mɔ ka dzie nèbu be woato awɔ esiae? [Na wòaɖo eŋu.] Nu vevitɔ siwo dzila ate ŋu ana dometɔ ɖekae nye hehe.” Ʋu ­Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 145-6 eye nàhe eƒe susu ayi nuxlɔ̃ame nyui si Biblia na dzi, eye nàte gbe ɖe eƒe vevienyenye kple alesi edziwɔwɔ ahe yayra vɛ dzi. Gblɔ be yeagatrɔ ava ne yeafiae alesi wòazã agbalẽ sia atsɔ asrɔ̃ nu geɖe tso alesi wòakpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ mee ŋu.

      5 Ne ètrɔ yi afisi nèzã dzeɖonya kpui aɖe le la, àte ŋu agblɔ be:

      ◼ “Menye Mawu ƒe tameɖoɖo wònye gbeɖe be míatsi aku amegã ahaku o. Eɖoe be míanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi.” Tsɔ nɔnɔmetata si le axa 188-9 fiae. Xlẽ memamã 11 si le axa 184. Wɔ ɖoɖo ɖe tɔtrɔyi bubu wɔwɔ ŋu.

      6 Enye nyateƒe be agbalẽ yeye sia nye nunana bubu si tso Yehowa gbɔ na ‘tsɔtsɔedodo’ amewo nu ƒoƒo ƒu ƒe dɔa le ŋkeke mamle siawo me. (Yes. 60:22) Ne míewɔ eŋudɔ nyuie la, míate ŋu ana sidzedze si akpe ɖe ame ŋu be wòakpɔ agbe mavɔ la nasu esi.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe