‘Minɔ Esia Wɔm Hena Ŋkuɖoɖo Dzinye’
1 Enye amegbetɔwo ƒe nɔnɔme be womegava dea bubu nya veviwo ŋu o ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Esia hã tae Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo esime wònɔ ‘Aƒetɔ ƒe fiẽnuɖuɖu’ la ɖom anyi be: ‘Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.’ Tso ɣemaɣi ke ne ƒe trɔ wòɖo gbesigbe Yesu ku la, Kristotɔwo wɔna ɖe edzi tsɔ “[ɖea gbeƒã] Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va.”—Kor. I, 11:20, 23-26.
2 Eteƒe madidi kura o Yesu axɔ “ha sue” si me tɔwo le vɔvɔm la ƒe ame susɔeawo ayi dziƒonɔƒeae. (Luka 12:32; Yoh. 14:2, 3) Le ƒe sia me la, mɔnukpɔkpɔ agasu amesiamina susɔeawo kple ‘alẽ bubuawo’ ƒe ameha gã si me tɔwo le dzidzim ɖe edzi la si be woaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua, le April 11 lia dzi. (Yoh. 10:16; Nyaɖ. 7:9, 10) Ana míagakpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ gã si Yehowa ɖe fia esi wòxa ɖe ameƒomea ta dɔ eƒe Tenuvi ɖa la ŋu geɖe wu. Nusiwo dzi woate gbe ɖoe nye Yesu ƒe kpɔɖeŋu, eƒe lɔlɔ̃, eƒe nuteƒewɔwɔ vaseɖe ku me le tafea nana me, kple alesi wònye Fia si le dzi ɖum fifia le Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi me, kpakple yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ na ameƒomea. Ŋkuɖodzi wɔnae wòanye nyateƒe!
3 Dzra Ðo Fifia: Mina mí katã míadze agbagba ana Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣi sia nanye dzidzɔ gã kple akpedaɣi na mía ŋutɔwo kple amesiwo katã ava wɔ ɖeka kpli mí. Míate ŋu adzra ɖo fifia le dzime ne míegbugbɔ xlẽ Biblia me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔ ƒe ŋkeke ʋee mamlɛawo kple nusiwo dzɔ do ŋgɔ na eƒe ku ŋu. Míate ŋu asrɔ̃ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa ƒe ta 112-16 le míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ me le kwasiɖa siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia me.
4 Ame nenie nènya be ɖewohĩ woava Ŋkuɖodzia ne èdze agbagba tu woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo ɖe wɔna sia ŋu, ne èkpe wo, eye nèna wokpɔe be woaxɔ wo nyuie? Ŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖi fifia eye dze agbagba alesi nàte ŋui be nàkpe ɖe wo ŋu woava. Emegbe nàkpe ɖe wo ŋu woayi edzi awɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me to dzidedeƒo na wo be woayi kpekpewo edziedzi me.
5 Le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia me la, woawɔ ɖoɖo tɔxɛwo be wòana gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe wu naʋu ɖi na amesiame. Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo nyuie awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le April mea? kple le May mea? Mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi míato atsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ aɖo ŋku nusiwo katã Yesu ƒe kua fia na mí dzi dometɔ ɖekae nye be míaƒo nu tso mía Mawu Yehowa kple yayra siwo Via ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua ahe vɛ ŋu.—Ps. 79:13; 147:1.