Na Wò Subɔsubɔdɔa Naɖe Vi
1 Yame do blukɔ, eye hoowɔwɔ dovoɖiname aɖe nu le sesẽm ɖe edzi ale gbegbe be wòle tome vem na ame. Blukɔ aɖe si le abe dzudzɔbabla ene ɖiɖi gbɔna. Nukae wònye? Ʋetsuvi miliɔn gbogbo aɖe ƒe aʋakɔ wònye gbɔna be woava wɔ anyigba la aƒedoe keŋkeŋ! Nudzɔdzɔ sia si nyagblɔɖila Yoel ɖɔ la le eme vam egbea le Mawu ƒe amesiaminawo kple woƒe zɔhɛ siwo nye ameha gã la ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.
2 May 1, 1998, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 11, memamã 19 lia gblɔ be: “Mawu ƒe egbegbe ʋetsuviʋakɔ la ɖi ɖase tsitotsito le ‘du’ si nye Kristodukɔa me. (Yoel 2:9) . . . Wogale kpo tim to mɔxenu ɖesiaɖe ta kokoko, wogena ɖe aƒe miliɔn geɖe me, wotena ɖe amewo ŋu le ablɔdzi, woɖoa dze kpli wo le telefon dzi, eye wotoa mɔ ɖesiaɖe si woate ŋui dzi gblɔa Yehowa ƒe gbedasi fiaa amewo.” Ðe menye mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be míakpɔ gome le dɔ sia si Mawu de asi na mí me oa?
3 Ʋetsuvi ŋutɔŋutɔwo ƒe taɖodzinu koe nye be woanyi wo ɖokui, gake mí Yehowa subɔlawo ya míetsɔa ɖe le amesiwo míeɖea gbeƒã na ƒe agbe me. Míedi be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒe lédziname si le Mawu ƒe Nya Biblia me eye wòaʋã wo woawɔ afɔɖeɖe siwo akplɔ wo ayi xɔxɔ mavɔ mee. (Yoh. 17:3; Tim. I, 4:16) Eyata míedi be míabi ɖe mɔ siwo dzi míetona wɔa míaƒe subɔsubɔdɔa me. Gbeƒãɖeɖe mɔnu ka kee míeɖazã o, ele be míabu eŋu akpɔ be míele ewɔm le mɔ si aɖe vi nyuitɔ kekeake nu kple le ɣeyiɣi si me wòate ŋu atse ku nyuitɔ kekeake me hã. Esi “xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina” ta la, nunya le eme be míadzro mɔnu siwo míezãna kple alesi míetena ɖe amewo ŋui la me tsitotsito be míaka ɖe edzi be míete ŋu le nu vevi si nye be míatse ku alesi míate ŋui la gbɔ ɖom.—Kor. I, 7:31.
4 Togbɔ be míetoa mɔ geɖe dzi dzea agbagba be míake ɖe amewo ŋu hã la, tso aƒeme yi aƒeme dɔa gakpɔtɔ nye mɔnu vevitɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Ðe nèkpɔnɛ be enuenu amewo menɔa aƒeme o alo womlɔ anyi ne èyi wo gbɔa? Aleke gbegbee wòtena ɖe dziwòe nye si, le esi mète ŋu tsɔ nyanyuigbedasia na wo o ta! Aleke nàwɔ akpe akɔ kple kuxi sia?
5 Trɔ Ðe Nɔnɔmewo Ŋu eye Nàse Nu Gɔme: Le ƒe alafa gbãtɔ me le Israel la, zã mee tɔƒodelawo dea tɔƒo. Nukatae woyina le zã me? Togbɔ be menye ɣeyiɣi siae sɔ na wo wu o hã la, enye ɣeyiɣi nyuitɔ kekeake si me woaɖe lã gbogbotɔ le. Enye ɣeyiɣi si me woakpɔ nu geɖe wu tso dɔwɔwɔ me. Esi June 15, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ nɔ nu ƒom tso dɔ sia wɔwɔ ŋu la, egblɔ be: “Ele be míawo hã míalé ŋku ɖe míaƒe anyigbamamã ŋu ale be míayi tɔƒo, ne míagblɔe nenema la, le ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ le aƒeme eye woaxɔ ame nyuie.” Ŋkuléle ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu nyuie ɖee fia be le dugãnuto me kple teƒe geɖe la, amewo nya nɔa aƒeme ne míeyi wo gbɔ le Memleɖagbe kple Kwasiɖagbe ŋdikanya ya, gake zi geɖe womexɔa mí nyuie le ɣeyiɣi mawo me o. Ne aleae wòle le miaƒe nutoa me la, ɖe nàte ŋu atrɔ asi le amewo gbɔ yiyi ƒe ɣeyiɣia ŋu be nàyi le ŋdi me ne ŋu ke vie alo le ɣetrɔwo me gɔ̃ hã? Esia nye mɔ nyui aɖe si dzi míato ana míaƒe subɔsubɔdɔa naɖe vi nyuie eye míato esia me aɖe ameŋububu afia mía haviwo, si nye Kristotɔ vavãwo ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia.—Mat. 7:12.
6 Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na mí le Filipitɔwo 4:5, be ele be ‘míana amewo katã nanyae be míenye nugɔmeselawo.’ Le ɖekawɔwɔ me kple gbɔgbɔmemɔfiafia sia la, míedi be míada asɔ eye míaɖe nugɔmesese afia le mɔnu siwo míezãna me esime míetsɔ veviedodo kple dzonɔameme le míaƒe dɔdasi si nye gbeƒãɖeɖedɔa wɔmee. Míedi be ‘míagbe nufiafia le gaglãgbe kple tso aƒeme yi aƒeme o,’ gake míedi be míaka ɖe edzi be míewɔ míaƒe aƒeme yi aƒeme dɔa le ɣeyiɣi siwo sɔ si aɖe vi me. (Dɔw. 20:20) Abe ƒe alafa gbãtɔ me Israel tɔƒodelawo ene la, míewɔa ‘lãɖeɖedɔ’ le ɣeyiɣi siwo me míate ŋu atse ku gbogbotɔ, ke menye le ɣeyiɣi siwo asɔ na mía ŋutɔwo wu me o.
7 Tɔtrɔ kawoe míate ŋu awɔ? Zi geɖe la, wowɔa kpekpewo hena gbeadziyiyi le ŋdi ga 8:30 alo ga 9:00 me le Memleɖagbe kple Kwasiɖagbe, eye enumake le esia megbe ƒuƒoƒoa dzea aƒeme yi aƒeme dɔa gɔme le anyigbamamãa me. Gake hamemegãwo ƒe ha aɖewo wɔ ɖoɖo na ƒuƒoƒoa me tɔwo be woakpɔ gome le subɔsubɔdɔa ƒe mɔnu bubuwo, abe ablɔdziɖaseɖiɖi, ɖaseɖiɖi le dɔwɔƒewo, alo tɔtrɔyiwo wɔwɔ, ene me hafi ava dze ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa gɔme le aƒewo me. Hame bubuwo da woƒe kpekpe hena gbeadziyiyi ɖe ŋdi kple ɣetrɔ dome—le ŋdi ga 10:00, alo ŋdɔ ga 12:00 me. Emegbe ƒuƒoƒoa dzea ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa wɔwɔ gɔme tẽ eye wonɔa gbeadzi vaseɖe ɣetrɔ me. Le anyigbamamã aɖewo me la, ɣetrɔ me nyea ɣeyiɣi si sɔ wu be woakpe hena gbeadziyiyi tsɔ wu ŋdi me. Tɔtrɔ siawo tɔgbe wɔwɔ ate ŋu ana ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa natse ku geɖe.
8 Lé Ŋku Ðe Nu Ŋu Nàdze Aɖaŋu: Ne míele amewo gbɔ yim tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la, míedoa go nɔnɔme vovovo siwo amewo ɖena fiana ɖe míaƒe gbedasia ŋu. Aƒemenɔla aɖewo xɔa mí nyuie, bubuwo meɖea ɖetsɔleme fiana o, eye ame ʋee aɖewo hã te ŋu hea nya alo doa dziku heliheli. Le nyahela siawo gome la, woɖo ŋku edzi na mí le Reasoning From the Scriptures gbalẽa ƒe axa 7 lia be, menye ɖe míedi be “ ‘míakpɔ dziɖuɖu le nyahehewo me’ kple amesiwo medea bubu nyateƒea ŋu o.” Ne aƒemenɔla la tsɔ dzre kpe mí la, nunya le eme be míatrɔ adzo kpoo. Mele be míaɖia amewo nu to etete ɖe wo dzi be woaƒo nu kpli mí alo be woalɔ̃ ɖe míaƒe nukpɔsusu dzi gbeɖe o. Míezia míaƒe gbedasia ɖe amewo dzi o. Nunya manɔ eme o eye ate ŋu azu kuxi na Ðasefo bubuwo eye wòagblẽ nu le gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.
9 Hafi míadze dɔwɔwɔ gɔme le anyigbamamã aɖe me la, nunya le eme be míalé ŋku ɖe anyigbamamãgbalẽvia ŋu akpɔ dzesi siwo fia aƒe siwo me tɔwo bia tso mía si be mígava yewo gbɔ o ƒe xexlẽdzesiwo. Ne aƒe ma tɔgbe aɖe li la, ele be woagblɔe na gbeƒãɖela ɖesiaɖe si le dɔ wɔm le ablɔ ma dzi be megage ɖe aƒea me o. Ame aɖeke megatso le eɖokui si awɔ dɔ le aƒe siawo me le esi menye subɔsubɔdɔdzikpɔlae ɖe mɔ nɛ o.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, January, 1994, ƒe Nyabiaɖaka.
10 Míate ŋu ana míaƒe dɔa nanyo wu ne míeléa ŋku ɖe nu ŋu le aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me. Lé ŋku ɖe nu ŋu ne èle gegem ɖe aƒe aɖe me. Ðe wohe fesrenuvɔwo katã kpe alo tu fesreawoa? Ðe aƒea me zi ɖoɖoea? Esia ate ŋu afia be aƒea me nɔlawo dɔ alɔ̃. Anɔ eme kokoko be míaɖo dze si atse ku wu kple aƒemenɔla la ne míetrɔ va emegbe. Ðewohĩ anyo wu ne míeto aƒe sia ŋu gbɔ, eye míaŋlɔ aƒea ƒe xexlẽdzesi ɖi. Àte ŋu agayi aƒe sia me hafi adzo le anyigbamamãa me alo awɔ nuŋlɔɖi atrɔ va ɣebubuɣi.
11 Ate ŋu adzɔ kokoko be míanyɔ ame aɖe loo alo aɖia enu le míaƒe manyamanya me. Amea ate ŋu ado dziku gɔ̃ hã. Aleke míawɔ nui ne edzɔ nenema? Lododo 17:27 ɖo aɖaŋu be: “Ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela.” Togbɔ be míedoa taflatse ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ta o hã la, míate ŋu aɖee afia kokoko be míatɔ medzɔ o le esi míeva le ɣeyiɣi nyuitɔ me o ta. Míate ŋu abia bubudeameŋutɔe ne ɣebubuɣi asɔ nɛ eye míana wòanya be míatrɔ ava. Zi geɖe la, nya siwo míatsɔ gbe bɔbɔe si tso dzime agblɔ atsɔ ɖe ɖetsɔleme fia la faa dzi na ame. (Lod. 15:1) Ne aƒemenɔla aɖe gblɔ na mí be zãdɔe yewɔna la, míate ŋu awɔ nuŋlɔɖi atsɔ akpe ɖe anyigbamamãgbalẽvia ŋu ale be ne míegayina egbɔ ɣebubuɣi la, míayi le ɣeyiɣi si sɔ me.
12 Ŋkuléleɖenuŋu le vevie hã le agbagbadzedze be míawɔ dɔ le míaƒe anyigbamamã me tsitotsito me. Esi míetua ame geɖe le aƒeme zi gbãtɔ si míede o ta la, ehiã be míagadze agbagba adi wo ɣebubuɣi agblɔ xɔxɔgbedasia na wo. (Rom. 10:13) Nyatakakawo ɖee fia be ɣeaɖewoɣi la, gbeƒãɖelawo trɔna vaa aƒe ɖeka ma ke me zi gbɔ zi geɖe le ŋkeke ɖeka me nɔa agbagba dzem be woake ɖe ameawo ŋu le aƒea me. Aƒelikawo dea dzesi esia. Ate ŋu awɔe be woabu susu vɔ̃ be ɣesiaɣi ko Yehowa Ðasefowo ‘le afɔ ƒom’ yewoƒe ablɔwo dzi. Aleke míawɔ be wòagadze nenema o?
13 Ðɔ ŋu ɖo. Ne ètrɔ yina amesiwo menɔ aƒeme o di ge la, kpɔe ɖa be ɖe dzesi aɖewo li si fia be ame aɖe li azɔa? Ne wotu agbowo le egodo la, ke anɔ eme kokoko be, amea metrɔ va aƒeme o eye maɖe vi aɖeke be woagayi aƒea me le ɣeyiɣi sia me o. Ne èdi amea kpɔ zi geɖe le ŋkeke ƒe ɣeyiɣi vovovowo me, abe le fiẽsiwo me ene, gake mèke ɖe eŋu o la, àte ŋu agblẽ trakt aɖe ɖe ʋɔtrua nu aɖaŋutɔe, vevietɔ ne míekpea anyigbamamã ma ɖo nyuie enuenu. Ate ŋu anɔ eme kokoko be míake ɖe amea ŋu le ɣebubuɣi si míagawɔ dɔ le anyigbamamãa me.
14 Ele be míaƒo asa na dzeɖoɖo didiwo le ʋɔtrua nu ne yame ƒe nɔnɔme made aƒeamenɔla dzi o. Ne woɖe mɔ na wò be nàge ɖe eme la, ɖɔ ŋu ɖo be magaƒo ɖi anyigba o. Wɔ nu le aɖaŋu me ne avu aɖe do ŋɔdzi na wò hewó ɖe tawò. Ne èle dɔ wɔm le aƒe gã siwo me ame vovovowo le me la, ƒo nu blewu be màgaɖe toɣli xɔhayalawo eye woanya be èva o.
15 Wɔ Nu ɖe Ðoɖo nu eye Nàde Bubu Ðokuiwò Ŋu: Ne míewɔ ɖoɖo nyuie la, míava ƒo ƒu ɖe anyigbamamãa me fũ amewo nakpɔ o. Ate ŋu ado ŋɔdzi na aƒemenɔla aɖewo ne wokpɔ be ʋu geɖe lɔ gbeƒãɖelawo va tɔ ɖe woƒe aƒewo ŋgɔ fũ. Míedi be wòadze na amewo be míeva le aƒewo “dzi dzem” o. Kpekpe hena gbeadziyiyi wɔɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ si me woawɔ ɖoɖo ɖe dɔwɔwɔ le anyigbamamãa me ŋu. Gbeƒãɖelawo ƒe ƒuƒoƒo suewo, abe ƒome ɖeka ene, medoa ŋɔdzi na aƒemenɔlawo boo o eye ameawo mamã esi wole dɔ wɔm le anyigbamamãa me mebia dɔ boo aɖeke o.
16 Nuwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu bia be dzilawo naɖɔ ŋu ɖo alé ŋku ɖe wo viwo ƒe nuwɔnawo ŋu ne wole dɔ wɔm le anyigbamamãa me. Ele be ɖeviwo nawɔ nu le ŋuɖɔɖo me ne wokplɔ ame tsitsiwo ɖo yina ʋɔtrua nu. Mele be woaɖe mɔ na ɖevi dzaawo be woafe alo anɔ tsatsam ko, anɔ amesiwo le nutoa me alo emetsolawo ƒe susu hem madzemadzee o.
17 Dadasɔ hiã le míaƒe ɖiɖiɖeme hena nunono hã me. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, June 1995, gblɔ le axa 7 lia be: “Ne míele gbeadzi la, míate ŋu agblẽ ɣeyiɣi xɔasiwo ɖe ɖiɖiɖeme hena nunono ŋu. Gake ne ŋdɔ nu sẽ la, ɖiɖiɖeme ate ŋu ado ŋusẽ mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míayi dɔa dzi. Gake ame geɖe dina be yewoayi ɖaseɖiɖi na amewo dzi tsɔ wu be yewoava nɔ nɔviwo gbɔ le ɖiɖiɖemeɣiwo le ɣeyiɣi siwo woɖo ɖi na subɔsubɔdɔa me.” Togbɔ be ɖiɖiɖeme le gbeadzi nye nusi ŋu ame ŋutɔ atso nya me le hã la, wode dzesii be ɣeaɖewoɣi nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒoa ƒu ɖe nunoƒe alo nuɖuƒe aɖe fũ. Le ɣeyiɣi gbogbo si woazã atsɔ aɖo nuɖuɖua akɔme na wo megbe la, amewo ƒe agbɔsɔsɔ ɖe afima nenema ate ŋu ana nuƒlela bubuwo natsi mavomavo. Ɣeaɖewoɣi la, nɔviawo nɔa ŋdia me ƒe gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm sesĩe, eye esia ate ŋu aɖe bubu si le míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu dzi akpɔtɔ eye magakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi tututu o. Nugɔmesese ŋudɔwɔwɔ ate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu be womagblẽ ɣeyiɣi si woatsɔ awɔ subɔsubɔdɔa o.
18 Kutsetse nyui geɖe do tso eme na amesiwo tena ɖe amewo ŋu le afisiafi si woanya kpɔ wo le ko—le ablɔwo dzi, ʋutɔɖoƒewo, kple le teƒe bubuwo. Le afisia hã la, míedi be míaɖi ɖase nyuie menye to míaƒe nyagbɔgblɔ me ko o ke to ŋuɖɔɖɔɖo hã me. Gbeƒãɖela siwo le hame ɖesiaɖe me nakpɔ egbɔ be yewoawɔ dɔ le afisi wode asi na woƒe hamewo ko ale be womava sɔ gbɔ ɖe dɔwɔƒewo ŋgɔ alo asɔ gbɔ ɖe dɔwɔla siwo le dɔwɔƒewo, abe amidzraƒe siwo wowɔa dɔ le gaƒoƒo 24 ene la dzi fũ o. Be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe ɖoɖo nu, kple le bubu mɔ nu la, ele be míawɔ dɔ le mía ŋutɔ ƒe anyigbamamã ɖeɖeko me, negbe ɖe míewɔ ɖoɖo tɔxɛ kple Hamea ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti si le hame bubu me, hena kpekpeɖeŋu nana wo.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 10:13-15.
19 Hame siwo si teƒe geɖewo le hena dutoƒoɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ la mã teƒe siawo me wozu anyigbamamãwo. Wonaa anyigbamamãgbalẽvi gbeƒãɖela ɖesiaɖe alo ƒuƒoƒo ɖesiaɖe. Esia nana wònɔa bɔbɔe be woate ŋu akpe anyigbamamãa ɖo nyuie wu eye wòwɔnɛ be gbeƒãɖela geɖe akpa mewɔa dɔ le nuto aɖe me le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me o, si wɔ ɖeka kple gɔmeɖose si le Korintotɔwo I, 14:40: “Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”
20 Ele be míaƒe dzedzeme nade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu eye wòaɖee afia be míenye subɔla siwo nye eteƒenɔlawo ɣesiaɣi. Nenema ke wòle be wòanɔ le dɔwɔnu siwo míezãna hã gome. Akplo siwo vuvu kple Biblia siwo ƒe togawo ŋlɔ ɖe edzi alo ƒo ɖi ɖea Fiaɖuƒegbedasia ƒe vevienyenye dzi kpɔtɔna. Wogblɔ be awudodo kple dzadzraɖo “nye dzesi siwo naa amesiwo dome nèle dzea si amesi nènye kple alesi nèle kpakple ɖoƒe si nèle la kaba.” Eyata mele be míaƒe dzedzeme naƒo ɖi alo wòanɔ nyamaa o, eye mele be míaɖo atsyɔ akpa hã o, ke boŋ ‘wòadze na Kristo ƒe nyanyui la’ ɣesiaɣi.—Fil. 1:27; tsɔe sɔ kple Timoteo I, 2:9, 10.
21 Apostolo Paulo gblɔ le Korintotɔwo I, 9:26, be: “Mele dudime kem ale, bena nyemele ɖikeke me o, eye mele kɔ dam ale, bena nyemedaa dadagbo o.” Míeɖoe kplikpaa be míana míaƒe subɔsubɔdɔa nalé vi ahatse ku le Paulo sɔsrɔ̃ me. Esi mí amesiwo nye Yehowa ƒe egbegbe “ʋetsuviʋakɔ” míetsɔ veviedodo le gome kpɔm le ɖaseɖiɖidɔa me la, mina míazã Kristotɔwo ƒe nunya kple ŋuɖɔɖɔɖo le xɔxɔgbedasia tsɔtsɔ yi na amewo me le míaƒe anyigbamamã me.