Míaƒe Tameɖoɖo Kplikpaa—Be Míazɔ Yehowa ƒe Agbemɔa Dzi Ðaa
1 “Mawu ƒe Agbemɔ” Takpekpea ƒe akpa vevi aɖee nye tameɖoɖo kplikpaa si dzi míelɔ̃ ɖo le nuƒo mamlɛa me. Edze egɔme kple nya siawo be: “Míelɔ̃ ɖe edzi tso dzi blibo me be Mawu ƒe mɔe nye agbemɔ nyuitɔ kekeake.” Ðo ŋku tameɖoɖo kplikpaa ma si dzi míelɔ̃ ɖo be “Ẽ!” la me nyati vevi aɖewo dzi.
2 Enye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míanɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume, ɖimaƒomaƒoe tso xexeame. Míayi edzi atsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Le eƒe Nya, Biblia la, zazã abe míaƒe mɔfiala ene me la, míadze ɖe ɖusi alo mia me o, atsɔ aɖo kpe edzi be Mawu ƒe mɔ de ŋgɔ sasasã wu xexeame ƒe mɔ.
3 Xexeame mebua Mawu ƒe agbemɔ ɖe naneke me o eye woŋea emetsonuwo. (Yer. 10:23) Eyata ele be míayi edzi ana Nufiala Gãtɔ, Yehowa, amesi gblɔ be, “Mɔ la enye si, mito edzi!” la nafia nu mí. (Yes. 30:21) Yehowa ƒe agbemɔ, si dze le Ŋɔŋlɔawo me, de ŋgɔ sãa le goawo katã me. Be míayi edzi azɔ mɔ sia dzi la, ele kokoko be míawɔ nusiwo katã Yehowa fiaa mí ŋudɔ bliboe.
4 Yehowa ƒe Nufiaɖoɖo Deŋgɔ La: Yehowa fiaa tameɖoɖo si tututu le agbe ŋu kple alesi míanɔ agbee wòaɖe vi gbogbotɔ kekeake na mí la mí. Efiaa alesi míawɔ wòade mía dzi wu le susu, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me le míaƒe agbenɔnɔ me la mí. Efiaa alesi míanɔ anyi kple mía nɔviwo, míaƒe ƒomea, kple mía haviwo le ŋutifafa me la mí. Ewɔa esia to eƒe nufiagbalẽ, Biblia la, kple to eƒe habɔbɔa dzi.
5 Míaƒe hame ƒe kpekpewo le vevie le go sia me. Ne míedea kpekpe atɔ̃awo katã edziedzi eye míekpɔa gome le wo me la, míexɔa hehe deto hena nyanyuigbɔgblɔ eye wofiaa alesi míada asɔ le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me hã mí. (Tim. II, 3:16, 17) Míaƒe Nufiala Gãtɔ ganaa teokrasihehe mí to nutome sue kple nutome gã takpekpewo dzi. Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míana kpekpe aɖeke alo eƒe akpa aɖe nato mía ŋu gbeɖe ne míele lãmesẽ me eye míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na mí be míade o.
6 Mina míayi edzi dzonɔamemetɔe azɔ Mawu ƒe agbemɔa dzi le ŋkeke siwo le ŋgɔ na mí la me, eye míawɔ esiawo katã hena Yehowa ƒe kafukafu kple míaƒe viɖe mavɔ!—Yes. 48:17.