“Do Amenyenye Yeye La”
1 Edzɔa dzi na Kristotɔwo ŋutɔ be yewodze si nyateƒea! Míesrɔ̃ alesi míanɔ agbe ale be míaƒo asa na agbe si ƒomevi nɔm amewo le le xexeame. Esi wonye “amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome” ta la, woƒe “nyasã do viviti.” (Ef. 4:18) Wofia alesi míaɖe asi le xexeame ƒe tamesusu ŋu to amenyenye xoxoa ɖeɖe ɖa ahado yeyea me mí.—Ef. 4:22-24.
2 Amenyenye xoxoa kplɔa ame yia agbe ƒaƒã nɔnɔ si hea ɖiƒoƒo kple ku vɛ me. Eyata míele biabiam tso amesiwo aɖo to Fiaɖuƒe gbedasia si be woaɖe dziku, dɔmedzoe, nutovowɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, kple ŋukpenanyagbɔgblɔwo katã ɖa. Ele na amesiwo di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu la be woaɖoe koŋ aɖe asi le amenyenye xoxoa ŋu keŋkeŋ abe alesi woaɖe awu ƒoɖi ɖii ene.—Kol. 3:8, 9.
3 Ŋusẽ Yeye si Wɔa Dɔ Ðe Ame ƒe Tamesusu Dzi: Amenyenye yeyea dodo bia be míana ŋusẽ si wɔa dɔ ɖe míaƒe tamesusuwo dzi la nawɔ mí yeyee. (Ef. 4:23) Aleke woawɔ gbɔgbɔ, alo tamesusu ƒe nɔnɔme sia yeyee, ale be wòate ŋu atrɔ ɖe mɔ nyuitɔ ŋu? Eyae nye to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ veviedodotɔe edziedzi kple ŋugbledede le nusi wòfia ŋu me. Ekema tamesusu ƒe nɔnɔme yeye aɖe va sua ame si, eye alesi Mawu kple Kristo kpɔa nui la, ame hã kpɔnɛ nenema. Ame ƒe agbenɔnɔ trɔna ne edo Kristo ƒe nɔnɔmewo dometɔ geɖe si ƒe ɖewoe nye dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu kple lɔlɔ̃.—Kol. 3:10, 12-14.
4 To amenyenye yeyea dodo me la, míeɖea mía ɖokui ɖe vovo tso xexeame gbɔ. Míaƒe agbenɔnɔ wɔnɛ be míetoa vovo. Míetoa nyateƒe eye míetsɔa míaƒe nyagbɔgblɔ dzetowo tua ame ɖoe. Míeɖua míaƒe dɔmedzoe dzi hetsɔa mawusosroɖa ƒe nɔnɔme dzɔdzɔewo ɖoa veve, ɣlidodo, busubɔbɔ, kple nutovowɔwɔwo katã teƒe. Míewɔa nusi yi ŋgɔ wu etsɔtsɔ ke mía nɔewo ko. Míewɔa esia katã tso dzi me faa.—Ef. 4:25-32.
5 Mègaɖe amenyenye yeyea ɖa gbeɖe o. Míate ŋu asubɔ Yehowa wòadze eŋu eya manɔmee o. Na wòakpe ɖe ŋuwò nàhe amewo ava nyateƒea gbɔe, eye wòanye kafukafu na Yehowa, míaƒe amenyenye yeye wɔnuku la Wɔla la.—Ef. 4:24.