INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/99 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena February

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena February
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 1
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 8
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 15
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme February 22
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 2/99 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena February

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 1

Hadzidzi 154

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ðo ŋku edzi na amesiame ne woatsɔ woƒe January gbeadzisubɔsubɔ ƒe akɔntabubuwo ana.

17 min: “Na Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ ƒe Agbalẽa Ðeviwo Kple Tsitsiawo Siaa.” Hamemegã nadzro nyatia me kple gbeƒãɖela bibi eve alo etɔ̃. Na wòanye taɖodzinu be woakpe ɖe amewo ŋu woadze sii be wɔwɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzie nye nusi gbɔ ƒome ƒe dzidzɔkpɔkpɔ tsona. (Kpɔ Ƒomedzidzɔkpɔkpɔ, axa 9-12.) Wɔ enanamɔnu siwo ƒe aɖaŋu woɖo dometɔ ɖeka ƒe wɔwɔfia. Gblɔ alesi woawɔ ɖoɖo agatrɔ ayii.

18 min: “Mido Amenyenye Yeye La.” Nuƒo si adzro Efesotɔwo 4:20-24, me. (Kpɔ March 1, 1993, Gbetakpɔxɔ, axa 14-18, memamã 4-17.) Ðe alesi míaɖe amenyenye xoxoa ɖa ado yeyea me.

Hadzidzi 4 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 8

Hadzidzi 12

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.

20 min: “Mía Wɔla Gã la Tsɔa Ðe Le Eme na Mí!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Ðe alesi míate ŋu azã Creator-gbalẽa atsɔ akpe ɖe amesiwo kea ɖi alo womexɔe se be Mawu li o ŋu me. Togbɔ be wometrɔ asi le agbalẽa ŋu na Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ o hã la, ate ŋu anye dɔwɔnu vevi aɖe si aʋã amewo be woadzro nusiwo katã Biblia gblɔ la me. (Kpɔ Creator-gbalẽa, axa 189-91.) Kpe nyaselawo be woagblɔ nusi woa ŋutɔwo kpɔ tso agbalẽa ŋu kple woƒe nuteƒekpɔkpɔwo le enana amewo me.

Hadzidzi 173 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 15

Hadzidzi 40

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.

18 min: Vi Kawoe Wòɖena na Mí ne Míeŋlɔ Ŋkɔ Ðe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me? Sukudzikpɔla nadzro eme kple nyaselawo. Menye nuƒoƒo le dutoƒo ƒe hehenana koe nye taɖodzinu si le sukua ŋu o. Míegakpɔa viɖe bubuwo tẽ tso sukua me. (Kpɔ School Guidebook, axa 12-13.) Míesrɔ̃a alesi míaɖo dze kple amewo nyuie wu. Wofiaa mí alesi míaɖe dzi ɖi aƒo nu kple kakaɖedzi eme nakɔ. Míebina nyuie le biabia siwo ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu ɖoɖo me eye míete ŋu ɖea nyametsotso siwo míenɔ te ɖe Biblia dzi wɔ la me. Míaƒe Biblia nyanya dzina ɖe edzi, wòkpena ɖe mía ŋu míete ŋu ɖia ɖase na amewo nyuie wu. Míesrɔ̃a alesi míalɔ̃ ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ahaxɔ aɖaŋuɖoɖo, esi na be míewɔa nu ɖe amewo ŋu le ŋutifafa me. Hehe siwo katã míexɔna le sukua me kpena ɖe mía ŋu be ‘míadze nyuie’ anye Mawu subɔlawo.—Kor. II, 3:5, 6.

17 min: “Alesi Ƒomea Awɔ Nu Ðekae Ahakpɔ Gome Bliboe—Le Biblia Nusɔsrɔ̃ Me.” Ƒome ƒe numedzodzro. Woadzro alesi wole aɖaŋu siwo woɖo le ƒome Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ si dze le May 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 14-15, kple October 15, 1992, Gbetakpɔxɔ, axa 16-17, la ŋudɔ wɔmee me.

Hadzidzi 57 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme February 22

Hadzidzi 170

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: Ðaseɖiɖi le Aƒe Gã Siwo Ŋu Xɔnu Vovovo Le. (Ne aƒe siwo ŋu xɔnu vovovo le mebɔ le miaƒe anyigbamamã me o la, ke dzro nyati si nye “Nukatae Nàwɔ Amesiwo Mele Aƒeme O Ŋuti Nuŋlɔɖi?” si dze le May 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me.) Numedzodzro kple gbeƒãɖela eve alo etɔ̃. Esesẽ be woaɖi ɖase na amesiwo le aƒe siwo ŋu xɔnu vovovo le me, afisi wòle be woato agbonunuƒomɔ̃ dzi ko hafi aɖo dze kple wo. Kpɔ mɔ siwo dzi nàto anyɔ ɖetsɔleme ɖa. Ðe ɖokuiwò fia xɔlɔ̃wɔwɔtɔe be yele nutoa me; yɔ aƒemenɔlaa ƒe ŋkɔ ne edze le teƒefiagbalẽ me; yɔ nyati aɖe si sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe, alo nàxlẽ ŋgɔdonya aɖe tso Reasoning-gbalẽa ƒe axa 9-15 tẽ; eye nàɖe eme be yedi be yeatsɔ trakt, magazine, alo agbalẽ gbadza si ɖo biabia vevi aɖe ŋu la nɛ, eye nàgblɔ biabia si wònye. Afisi keke ɖe amewo ŋu nye kuxi le la, ŋlɔ lɛta na xɔhayalawo alo nàɖi ɖase na wo le woƒe ablɔwo dzi ne wogbɔna aƒeme kple ne wole go dom. Na woawɔ wɔwɔfia ku ɖe ɖaseɖimɔnu si miezã le mia gbɔ wòtse ku nyuiwo le amesiwo le aƒe siwo me xɔnu vovovo le gome.

20 min: Alesi Nàkpɔ Dzidzɔ le Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ Me. Nuƒo si wotu ɖe February 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, axa 19-22 dzi.

Hadzidzi 91 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe