-
GbeƒãɖeɖewoFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999 | January
-
-
Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ si míana le January me: Axa 192-gbalẽ ɖesiaɖe si wota do ŋgɔ na ƒe 1985 si anɔ hamea si. Hame siwo si agbalẽ siawo mele o ate ŋu ana True Peace and Security—How Can You Find It? alo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi. February: Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona. March: Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Míadze agbagba etɔxɛe be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme. April: Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. Na Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza la nenɔ asiwò eye dze agbagba nàdze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme.
◼ Woana “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo katã ava January 4 kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpea kple “Identity Card” wo viwo.
◼ Tso March me la, dutoƒonuƒo yeye si nutome sue dzikpɔlawo aƒoe nye “Ðe Nèbua Mawu Ame Ŋutɔŋutɔea?”
◼ Hamewo nawɔ ɖoɖo siwo sɔ ɖe ƒe sia me Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu le Yawoɖa, April 1, ƒe ɣeɖoto megbe. Togbɔ be woate ŋu adze nuƒoa gɔme do ŋgɔ hã la, mele be woatsɔ Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo atsae o negbe le ɣeɖoto megbe hafi. Le afisi hame geɖe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, ɖewohĩ hame ɖeka alo esi wu nenema ate ŋu adi teƒe bubu azã fiẽ ma. Afisiwo wòanya wɔ le la, míado susua ɖa be aɖabaƒoƒo 30 natso wɔnaawo dome si awɔe be míado gbe na amedzrowo, ade dzi ƒo na ɖetsɔlemetɔ yeyewo, ahakpɔ viɖe bliboe tso wɔnaa me. Le afisi wòahiã le la, ele be miabu afisi ʋuwo ato kple afisi woada wo ɖo ƒe kuxiwo hã ŋu, tsɔ kpe ɖe esiwo ava ɖi amewo agava tsɔ wo dzoe la ŋuti. Hamemegãwo ƒe ha la nakpɔ egbɔ woawɔ ɖoɖo siwo asɔ wu le mia gbɔ.
◼ Woaƒo ƒe 1999 Ŋkuɖodzia ɖuɣi ƒe dutoƒonuƒo tɔxɛa le Kwasiɖagbe, April 18 lia, dzi. Eƒe tanyae nye “Mawu Kple Ame Havi Dome Xɔlɔ̃wɔwɔ Vavãtɔ.” Míaɖo nuƒogbalẽa ɖe mi. Hame siwo gbɔ nutome sue dzikpɔla anɔ alo awɔ nutome sue takpekpe kwasiɖanuwuwu ma la naƒo nuƒoa le kwasiɖa si akplɔe ɖo me. Hame aɖeke megaƒo nuƒo tɔxɛa do ŋgɔ na April 18, 1999, o.
-
-
Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999 | January
-
-
Hame Ƒe Agbalẽ Me Nusɔsrɔ̃
Ðoɖo hena hame ƒe nusɔsrɔ̃wo le Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ƒe agbalẽ gbadza la me.
January 4: axa 12, mm. 1 vaseɖe axa 17, mm. 14
January 11: axa 17, mm. 1 vaseɖe axa 21, mm. 11
January 18: axa 21, mm. 12 vaseɖe axa 27, mm. 22
January 25: axa 27, mm. 23 vaseɖe axa 31, mm. 18
-
-
Wotrɔ Asi Le Gaƒoƒonudidia Ŋu na MɔɖelawoFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999 | January
-
-
Wotrɔ Asi Le Gaƒoƒonudidia Ŋu na Mɔɖelawo
1 Edze mí katã ŋu be gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖela dɔsesẽwɔlawo le mía si le hamea me. Le afisiwo anyigbamamãa melolo le o eye wowɔa dɔ le eme tsitotsito edziedzi kura gɔ̃ hã la, mɔɖelaawo ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi to woƒe Fiaɖuƒedɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe me. Wode dzi ƒo na gbeƒãɖelawo katã be woado vevie nu le ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ’ la didi me.—Dɔwɔwɔwo 13:48.
2 Habɔbɔa kpɔe dze sii be nɔnɔmewo yi edzi le sesẽm na mɔɖelawo, vevietɔ be woakpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔwɔɖui si akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ woa ŋutɔwo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ ale be woakpɔtɔ anɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Alesi ganyawo le fifia le dukɔ geɖe me hã na wòle sesẽm ɖe edzi na ame bubuwo be woage ɖe mɔɖeɖedɔa me, togbɔ be emae nye woƒe dzimedidi hafi. Le ɣleti siwo va yi nyitsɔ laa me la, míede ŋugble le nɔnɔme siawo kple bubuwo ŋu vevie.
3 Eyata le nya siawo ta la, Habɔbɔa ɖe gaƒoƒonudidia dzi na gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo siaa. Tso ƒe 1999 ƒea dzi la, gbesiagbe mɔɖelawo ƒe gaƒoƒonudidia anye gaƒoƒo 70 ɣleti ɖesiaɖe, alo gaƒoƒo 840 na ƒe bliboa. Ɣleti ɖesiaɖe ƒe nudidi na kpekpeɖeŋu mɔɖelawo anye gaƒoƒo 50. Mɔɖela veviwo kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe gaƒoƒonudidia metrɔ o, le esi Habɔbɔa wɔ ɖoɖo kpena ɖe wo ŋu be woakpɔ woƒe ŋutilãmenuhiahiã veviwo gbɔ ta. Eyata woƒe susu ate ŋu anɔ woƒe gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋu bliboe geɖe wu.
4 Míekpɔ mɔ be tɔtrɔ sia si míewɔ le gaƒoƒonudidiawo ŋu akpe ɖe mɔɖela geɖe ŋu be woalé subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ xɔasi sia me ɖe asi. Ele be wòaʋu mɔ hã na gbeƒãɖela geɖe be woage ɖe gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me. Yayra ka gbegbee nye esi wòle be esia nava nye na amesiame le hamea me!
-