Àyia?
Ayi afika? Ƒe 1999 “Mawu ƒe Nyagblɔɖinya” Nutome Gã Takpekpe ƒe Fiɖagbe wɔnawo wɔƒe. Le ƒe si va yi me le Ghana la, amesiwo de takpekpea le Kwasiɖagbe sɔ gbɔ 33,285 wu amesiwo de Fiɖagbe. Esia fia be ŋkeke ɖeka ƒe wɔnawo to amesiwo de takpekpea le Kwasiɖagbe dometɔ 22 le alafa me ŋu le ŋkeke etɔ̃ takpekpea me. Ðe nàtrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu be nàde ƒe 1999 nutome gã takpekpe ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã? Míele mɔ kpɔm be àwɔe nenema.