INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/99 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpe Hena September

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpe Hena September
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 6
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 13
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 20
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 27
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 9/99 axa 2

Subɔsubɔkpekpe Hena September

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 6

Hadzidzi 190

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe Tiatiawo. Ƒo nu tso dukɔa ƒe May gbeadzikɔntabubu kple miaƒe hamea tɔ ŋu.

17 min: “Ðe Nèle Dɔa Wɔm Kple Taɖodzinu Aɖea?” Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàwɔe wòanye nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Tsɔ nya siwo le Míaƒe Subɔsubɔdɔ-gbalẽa ƒe axa 88-9 kpee. De dzi ƒo na amesiame be wòayi gbeadzi edziedzi ahawɔ dɔa tsitotsito.

18 min: “Dzilawo—Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui na Mia Viwo.” Hamemegã nagblɔ ŋgɔdonya kpui aɖe eye emegbe nɔviŋutsu eve siwo nye dzilawo nadzro nyatia me. Woagblɔ alesi wotsi dzi ɖe wo viwo takpɔkpɔ tso nuwɔna gbegblẽ siwo wodoa goe le suku, esiwo wokpɔna le television dzi, kple le ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o kpakple ame bubuwo gbɔ la mee. Nɔviawo naƒo nu tso amemabumabu nuwɔnawo, xexemetɔwo ƒe nuƒoƒo kple awudodo, kple modzakaɖeɖe manyomanyowo ŋu. Ne woƒo nu tso alesi wòhiã be woaɖo kpɔɖeŋu nyui ŋu vɔ la, woaƒo nu tso alesi woawɔ agatu dzonɔameme geɖe wu ɖo ɖe ƒome nusɔsrɔ̃, hamea ƒe kpekpewo, kple gbeadzi subɔsubɔdɔa ŋu la ŋuti.—Kpɔ July 1, 1999, Gbetakpɔxɔ, axa 8-22, kple September 22, 1991, Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 8-9.

Hadzidzi 101 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 13

Hadzidzi 171

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: Dɔ Kae Míewɔ le Ƒe si Va Yi Me? Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro hamea ƒe ƒe 1999 subɔsubɔƒea ƒe akɔntabubu me nya veviwo me. Kafu nɔviawo le afisiwo wowɔ dɔ nyui le. Tɔ asi akpa siwo wòhiã be woawɔ ŋgɔyiyi le dzi. Ƒo nu tso alesi hamea ƒe kpekpewo dede kple Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ nɔ ŋu. Tsɔ taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo le ƒe si gbɔna me ɖo hamea ŋkume.

20 min: “Nya Kae Nàgblɔ na Hindutɔ?” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Te gbe ɖe alesi wòdea ame dzi be woaƒo nu tso nusi ŋu mi ame evea miaƒe susu wɔ ɖeka le ŋu, eye nàtɔ asi nya siwo me mía kple Hindutɔwo ƒe susu ate ŋu awɔ ɖeka le dzi. Gblɔ alesi míate ŋu atrɔ asi le ɖaseɖinya siwo wona ŋu atsɔ aɖi ɖase na subɔsubɔha ɖesiaɖe me tɔe. Na woawɔ ɖaseɖinya si wodzra ɖo nyuie ƒe wɔwɔfia le ɖaseɖiɖi na Hindutɔ me. Ne èdi nyatakaka bubuwo le Hindu-subɔsubɔ ŋu la, ke kpɔ February 1998 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi; Reasoning-gbalẽa, axa 22 [alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, axa 13-14]; kple Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, ta 5.

Hadzidzi 140 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 20

Hadzidzi 193

12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple gbeadzi nuteƒekpɔkpɔwo. Dzro “Àyia?” me.

15 min: Miaƒe Nuhiahiãwo.

18 min: Zã Creator-gbalẽa Nyuie. Nuƒo kple wɔwɔfiawo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ April 1999, ɖe nu me be míate ŋu ana Creator-gbalẽa ɣesiaɣi si míado go amesiwo (1) mexɔ Mawu dzi se o alo (2) xɔ Mawu dzi se gake womenya nu tso amesi wònye alo eƒe nɔnɔmewo kple tameɖoɖowo ŋu tututu o. Míate ŋu azã nyabiabia siwo ana woabu tame kple nya siwo le eƒe megbekpaa dzi atsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme be woaxlẽ agbalẽa. Alo míate ŋu aza axa 152 wòaɖe vi. Gbeƒãɖela ate ŋu abia be: “Afikae míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyuitɔ kekeake le ku ɖe míaƒe kuxi sesẽtɔ kekeakewo gbɔ kpɔkpɔ ŋu?” Àte ŋu atsɔ nya siwo ame xɔŋkɔwo gblɔ tsɔ kafu Yesu ƒe Todzimawunya lae afia amea eye nàna wòatia nya adre siwo ŋu woƒo nu tsoe la dometɔ si dzɔ dzi nɛ wu, eye wòaxlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ʋɛ aɖewo. Na woawɔ aɖaŋuɖoɖo eve siawo ƒe wɔwɔfia le Creator-gbalẽa nana me. De dzi ƒo na amesiame be agbalẽa nanɔ eƒe akplo me le gbeadzi, eye wòanɔ klalo be yeanae ɣesiaɣi si sɔ.

Hadzidzi 175 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 27

Hadzidzi 141

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe September ƒe gbeadzikɔntabubu ana. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ ɖoɖo akpɔ gome bliboe le nudɔdɔwɔwɔ dɔa me le October me. Ƒo nu tso aɖaŋu siwo woɖo le October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 8, ku ɖe alesi woadzra ŋgɔdonyawo ɖoe ŋu. Gblɔ dzeɖonya nyui siwo dze le magazine yeye siwo li me eye nàna woawɔ wɔwɔfia kpui ɖeka alo eve.

15 min: Nyabiaɖaka. Hamemegã ƒe nuƒo.

15 min: “Tadedeagu Vavãtɔ Le Ta Kekem le Ɣedzeƒe Europa.” Hamemegã nawɔe wòanye nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ kple kpeɖodzinya siwo dze le nyitsɔ laa ƒe Yearbook ƒe tatawo me atsɔ afia alesi wokpɔ dzidziɖedzi le dukɔ siwo woyɔ mee.

Hadzidzi 87 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe