INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 3/15 axa 8-11
  • Èdina Vevie be Yeasubɔ Geɖe Wua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èdina Vevie be Yeasubɔ Geɖe Wua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Lewitɔ aɖe ƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ
  • Srɔ̃ Alesi Nàkpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu
  • Dzi Megaɖe le Ƒowò O
  • Ðo Taɖodzinu Siwo Gbɔ Anya Ðo
  • Nukpɔsusu si Sɔ
  • Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Ale Si Nàwɔ Aɖo Taɖodzinuwo Aɖo Wo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Míedea Asixɔxɔ Míaƒe Mɔnukpɔkpɔwo Ŋu!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Sɔhɛwo—Miele Ŋgɔ Yim le Gbɔgbɔ Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 3/15 axa 8-11

Èdina Vevie be Yeasubɔ Geɖe Wua?

LAURA gblɔ be: “Medo dɔmedzoe ɖe Yehowa ŋu. Medo gbe ɖa kakaka be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe gakuxiwo gbɔ bene mayi mɔɖeɖedɔa dzi—gake gbeɖegbeɖea koe. Mlɔeba eva hiã be madzudzɔ mɔɖeɖedɔa. Maʋu eme hã be meʋãa ŋu amesiwo yi edzi le ewɔm ŋutɔ.”

Gase Michael hã tɔ ɖa, enye subɔsubɔdɔwɔla le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me. Enɔ agbagba dzem be yeazu dzikpɔla. (Timoteo I, 3:1) Esi eƒe didia meva eme o ƒe geɖe la, edo dɔmedzoe vevie ale gbegbe be megadi gɔ̃ hã be woatsɔ mɔnukpɔkpɔa na ye o. Egblɔ be: “Eglom, dziɖeleameƒoa wu tsɔtsɔ nam.”

Edzɔ ɖe dziwò nenema kpɔa? Ðe wòhiã kpɔ be nàɖe asi le teokrasi mɔnukpɔkpɔ aɖe ŋua? Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòhiã kpɔ be nàdzudzɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ abe ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela enea? Alo ɖe hamea me agbanɔamedzi aɖewo siwo wode asi na ame bubuwo dzroa wò veviea? Ðewohĩ èdi vevie gɔ̃ hã be yeasubɔ le Betel alo anye dutanyanyuigblɔla, gake nɔnɔmeawo meɖe mɔ na wò o.

Lododowo ƒe agbalẽa lɔ̃ ɖe edzi be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi.” (Lododowo 13:12) Ðewohĩ alea tututue wòanɔ vevietɔ ne mɔnukpɔkpɔ siwo tututu dim nèle la le ame bubuwo si me yim. Ðe gɔmesese, akɔfafa, kple mɔkpɔkpɔ aɖe le Mawu ƒe Nya me na amesi mɔkpɔkpɔ bu ɖo alea? Ẽ. Le nyateƒe me la, Yehowa subɔla si me didi mawo tɔgbe nɔ le Yehowa subɔsubɔ me evɔ womeva eme nɛ o ƒe seselelãmee wòɖe gblɔ le Psalmo 84 lia me.

Lewitɔ aɖe ƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ

Korax-viwoe kpa Psalmo 84 lia, wonye Lewitɔ siwo subɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wode asixɔxɔ woƒe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu vevie. Ðeka gblɔ be: “Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo! Yehowa ƒe xɔxɔnuwo le nye luʋɔ dzrom yi ɖe menye ke; nye dzi kple nye ŋutilã le aseye tsom ɖe Mawu gbagbe la ŋu.”—Psalmo 84:2, 3.

Edzro Lewitɔ sia vevie be yeasubɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ me ale gbegbe be nukpɔkpɔ ɖeɖe le Yerusalem mɔ dzi gɔ̃ hã nya kpɔna nɛ ŋutɔ. Egblɔ be: “Ne woto aɖatsibali me la, wowɔnɛ wòzua tsidzɔƒe.” (Psalmo 84:7) Ẽ, kuɖiɖinyigba nɔ na eya abe tsidzɔƒe ene.

Esi hakpala la nye Lewitɔ si menye nunɔla o ta la, kwasiɖa ɖeka ko wòate ŋu asubɔ le gbedoxɔa me le ɣleti ade me. (Kronika I, 24:1-19; Kronika II, 23:8; Luka 1:5, 8, 9) Ɣeyiɣi mamlɛawo katã la, enɔa aƒeme le Lewitɔwo ƒe du ɖeka me. Esia tae wòdzi ha be: “Xevi kpɔ aƒe, eye sagbadre kpɔ atɔ na eɖokui, afisi wòatsɔ viawo aɖoe, eya nye wò vɔsamlekpuiwo, Yehowa Zebaot, fianye kple Mawunye.” (Psalmo 84:4) Kpɔ alesi gbegbe dzi adzɔ Lewitɔ mae nenye eyae nye xevi siwo kpɔ nɔƒe mavɔ le gbedoxɔa me ɖa!

Anye ne Lewitɔa ate ŋu ado dɔmedzoe bɔbɔe le esi mate ŋu asubɔ le gbedoxɔa me edziedzi wu o ta. Gake ekpɔ dzidzɔ be yeasubɔ alesi yeate ŋui, eye ekpɔe dze sii be dzi blibo tsɔtsɔ na Yehowa ye hiã. Nukae kpe ɖe Lewitɔ sia ŋu be eƒe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo ɖi ƒo nɛ?

Srɔ̃ Alesi Nàkpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu

Lewitɔa gblɔ be: “Ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbadɔ me.” (Psalmo 84:11) Ekpɔe be Yehowa ƒeme nɔnɔ ŋkeke ɖeka pɛ hã nye mɔnukpɔkpɔ manyagblɔ. Eye menye ŋkeke ɖeka koe Lewitɔa subɔ le gbedoxɔa me o. Eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe mɔnukpɔkpɔwo ŋu na wòdzi ha dzidzɔtɔe.

Ke míawo ya ɖe? ɖe míebua míaƒe yayrawoa, alo ɖe míeŋlɔa mɔnukpɔkpɔ siwo le mía si xoxo le Yehowa subɔsubɔ me bea? Esi Yehowa ƒe amewo tsɔ wo ɖokui nɛ ta la, etsɔ mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi gbogbo aɖewo na wo. Esiawo ƒe ɖewoe nye dzikpɔkpɔ, alẽkpɔkplɔ, nufiafia ƒe agbanɔamedzi siwo lolo wu, kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovoawo. Gake nu xɔasi bubu siwo ku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu hã le eme.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu kpɔ. Apostolo Paulo tsɔ míaƒe nyanyuigbeƒãɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔa sɔ kple “kesinɔnu . . . [si] le anyigoewo me” ƒe mía si nɔnɔ. (Korintotɔwo II, 4:7) Ðe nèbua subɔsubɔdɔ ma kesinɔnu xɔasia? Nenemae Yesu Kristo si xɔ ŋgɔ le Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la bui, eye wòɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí. (Mateo 4:17) Paulo gblɔ be: “Esi subɔsubɔdɔ sia le mía si . . . la, ɖeɖi [metea] mía ŋu o.”—Korintotɔwo II, 4:1.

Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã nye mɔnuɖoɖo kɔkɔe si mele be míaƒo asi o. Wonaa mɔfiame nyuiwo mí le míaƒe kpekpewo me eye míesea vivi le hadede vivi siwo míehiã la me. Míate ŋu aʋu míaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ me le kpekpewo me hã to nyaŋuɖoɖo edziedzi kple gomekpɔkpɔ le kpekpea me le mɔ bubuwo nu. (Hebritɔwo 10:23-25) Míaƒe kpekpewo nye mɔnuɖoɖo siwo míalé vevie nyateƒe!

Michael si míeyɔ va yi la de asixɔxɔ yayra siawo ŋu vevie hekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ale gbegbe. Gake esi medze edzi be wònye hamemegã o na megakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu tututu o ɣeyiɣi aɖe. Esi wògahe susu yi wo dzi la, eƒe dzi dze eme eye wòkpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe.

Le esi teƒe be wòave mí be mɔnukpɔkpɔ aɖe mesu mía si o la, anyo be míagbugbɔ ŋku alé ɖe mɔ siwo nu Yehowa le mía yram le ŋu abe alesi hakpala la wɔe ene.a Ne míekpɔ nu geɖe o la, ahiã be míagbugbɔ ŋku alé ɖe eŋu, míabia Yehowa be wòaʋu ŋku na mí ne míakpɔ míaƒe mɔnukpɔkpɔwo kple mɔ siwo nu wòle mía yram hele mía zãm le hena eƒe kafukafu.—Lododowo 10:22.

Ehiã be míanya hã be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo abe dzikpɔladɔ ene bia be woadze le nanewo me. (Timoteo I, 3:1-7; Tito 1:5-9) Eyata ele be míado mía ɖokui kpɔ akpɔ afisiwo wòahiã be míawɔ asitɔtrɔ le eye míadze agbagba vevie atrɔ asi le wo ŋu.—Timoteo I, 4:12-15.

Dzi Megaɖe le Ƒowò O

Ne womena subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe mí o la, mele be míaƒo nya ta be Yehowa lɔ̃ amesiwo wotsɔe na wu mí alo be ele nu nyui tem mí o. Mele kura be míatsɔ ŋubiã agblɔ be ame mawo medze na mɔnukpɔkpɔawo o, ameŋkumekpɔkpɔe na eye menye teokrasimɔ nue woɖo wo le o. Susu siawo ŋu bubu vevie ate ŋu ahe ŋuʋaʋã, kple dzrehehe vɛ, eye ate ŋu ana míana ta kura gɔ̃ hã.—Korintotɔwo I, 3:3; Yakobo 3:14-16.

Laura si míeyɔ do ŋgɔ la mena ta o. Eva ɖu eƒe dɔmedzoedodo kple ŋuʋaʋã la dzi mlɔeba. Laura do gbe ɖa na Mawu zi geɖe be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu susu manyomanyo siwo nɔ ye si le esi yemete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa o ta la dzi. Edi kpekpeɖeŋu le ŋutsu siwo dze le hamea me hã gbɔ eye wògakpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu. Egblɔ be: “Yehowa na nye susu dze akɔ anyi. Togbɔ be mía kple srɔ̃nye míate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa fifia o hã la, ɣeyiɣi si me míewɔe na míekpɔa dzidzɔ eye nuteƒekpɔkpɔ siwo su mía si doa ŋusẽ mí. Míekpena ɖe mía viŋutsu si tsi hã ŋu le eƒe mɔɖeɖedɔa me.” Ŋudzedzekpɔkpɔ na Laura le dzidzɔ kpɔm fifia kple “amesiwo dzi le dzɔdzɔm la” le woƒe mɔɖeɖedɔa me.—Romatɔwo 12:15.

Ðo Taɖodzinu Siwo Gbɔ Anya Ðo

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ siwo le mía si fifia ŋu mefia be mele be míagaɖo teokrasitaɖodzinu bubuwo o. Esi Paulo nɔ dziƒo tsitretsitsia ŋu nya me dzrom la, eƒo nu tso ‘nusiwo le ŋgɔ minyãminyã’ ŋu. Egblɔ hã be: “Nusi dzi míesu xoxo la, minɛ míazɔ ɖe mɔ ma ke nu.” (Filipitɔwo 3:13-16) Teokrasitaɖodzinuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe zɔ ayi ŋgɔgbe. Gake kuxi lae nye alesi míaɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo.

Taɖodzinu siwo bɔbɔ woe nye esiwo mesesẽ o siwo gbɔ anya ɖo. (Filipitɔwo 4:5) Mefia be taɖodzinu si abia be woawɔ dɔ vevie ƒe geɖe la menye taɖodzinu bɔbɔe o. Woate ŋu aɖo ɣeyiɣi didi ƒe taɖodzinu ma gbɔ vivivi to taɖodzinu suesue aɖewo ɖoɖo alo afɔɖeɖe aɖewo wɔwɔ me. Esiawo ate ŋu anye dzesiɖoƒewo hena gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi. Afɔɖeɖe ɖesiaɖe nuwuwu dzidzedzetɔe ana dzidzeme ɖe dziɖeleameƒo teƒe le ewɔwɔ me.

Nukpɔsusu si Sɔ

Gake ehiã be míakpɔe adze sii be le nɔnɔme siwo me míele kple afisi míaƒe ŋutetewo se ɖo ta la, mɔnukpɔkpɔ aɖewo mate ŋu aka mía si o. Ðeko taɖodzinu ɖoɖo ɖe wo ŋu ana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí eye dzi naɖe le mía ƒo. Ele be míaɖe taɖodzinu mawo le susu me gbɔ. Ne míedo gbe ɖa bia dzidzeme si Mawu nana eye míetsɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ wɔ míaƒe nu vevitɔe la, ewɔwɔ masesẽ na mí o. Ne míele mɔnukpɔkpɔwo dim la, menye nusiwo míete ŋu wɔ gbɔgblɔ ye hiã o—Yehowa ƒe kafukafu—ye nye nu vevitɔ. (Psalmo 16:5, 6; Mateo 6:33) Biblia gblɔe na mí wòsɔ be: “Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.”—Lododowo 16:3.

Le Psalmo 84 lia me dzodzro me la, míakpɔe be nɔnɔme mae hakpala la ɖe fia le subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋu, eye Yehowa yrae geɖe. Azɔ hã psalmo sia le vi ɖem na Yehowa ƒe amewo vaseɖe egbe.

Ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me la, àte ŋu ada asɔ le mɔnukpɔkpɔ bubuwo didi vevie kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe esiwo le asiwò xoxo ŋu me. Mègana didi be yeawɔ geɖe wu naxɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo le asiwò fifia ŋu kple dzidzɔ si wònye be nàsubɔ Yehowa tegbee le asiwò gbeɖe o. Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu elabena emae na wokpɔa dzidzɔ, abe alesi Lewitɔa ƒe nya siawo ɖee fia ene: “Yehowa Zebaot, [dzidzɔtɔe nye, NW] amesi ɖoa ŋu ɖe ŋuwò.”—Psalmo 84:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Taflatse kpɔ nyati si nye “Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze ɖe Nu Kɔkɔewo Ŋua?” si le August 1, 1988, Gbetakpɔxɔ me.

[Aɖaka si le axa 11]

Taɖodzinu Siwo Miìate Ŋu Aɖo

Biblia xexlẽ gbesiagbe.—Yosua 1:8; Mateo 4:4

Ŋɔŋlɔawo tsɔtsɔ na hehe míaƒe tamebubu ŋutete woÌanyo ɖe edzi.—Hebritɔwo 5:14

Ƒomedodo kple Mawu tutuɖo nyuie wu.—Psalmo 73:28

Gbɔgbɔ la ƒe kuawo dometɔ ɖesiaɖe tsetse.—Galatiatɔwo 5:22, 23

Asitɔtrɔ le míaƒe gbedodoɖa ƒe nyonyome ŋu.—Filipitɔwo 4:6, 7

Gbeƒãɖeɖe kple nufiafia nyuie wu.—Timoteo I, 4:15,16

Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ƒe tata ɖesiaɖe xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu.—Psalmo 49:4

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Ne èle taɖodzinuwo ɖom la, tsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo ŋgɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe