Yayra Siwo Le Mɔɖeɖedɔa Me
“Yehowa ƒe yayra—eyae wɔa ame kesinɔtɔ eye mekpea vevesese ɖe eŋu o.”—LODODOWO 10:22, NW.
1, 2. (a) Aleke mɔɖela aɖe gblɔ alesi wòse le eɖokui me le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ŋu? (b) Nukata mɔɖelawo te ŋu kpɔa dzidzɔ geɖe wu le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me?
“ÐE DZIDZƆ gã aɖe gali wu be nàkpɔ amesi nèsrɔ̃ nu kpli wòava zu Yehowa kafula veviedolaa? Enye dzidzɔ eye wòdoa ŋusẽ xɔse be nàkpɔ alesi Mawu ƒe Nya la sẽa ŋu ale be wòʋãa amewo wowɔa tɔtrɔwo le woƒe agbe me be yewoƒe nu nadze Yehowa ŋu.” Nenemae mɔɖela aɖe si tso Canada si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 32 kple edzivɔe nye sia la ŋlɔ. Egblɔ le eƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu be: “Nyemagate ŋu akpɔ nu bubu aɖeke si wɔwɔ ade esia nu o. Le nyateƒe me la, nyemegakpɔ nu bubu aɖeke si ahe dzidzɔ sia tɔgbe vɛ o.”
2 Ðe nèlɔ̃ ɖe edzi be dzidzɔ geɖe le kpekpeɖeŋu nana ame aɖe be wòava agbemɔa dzi mea? Le nyateƒe me la, menye mɔɖelawo koe kpɔa dzidzɔ sia o. Wode dɔ Yehowa subɔlawo katã si be ‘woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo,’ eye wodzea agbagba be yewoawɔ nenema. (Mateo 28:19) Ke hã esi mɔɖelawo te ŋu zãa gaƒoƒo geɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ta la, wote ŋu kpɔa dzidzɔ si tsoa nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me bliboe wu. Gake yayra bubuwo gale mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me. Ne èɖo dze kple mɔɖelawo la, woagblɔ na wò be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nye mɔ nyui aɖe si dzi nàto akpɔ ‘Yehowa ƒe yayra si wɔa ame kesinɔtɔe.’—Lododowo 10:22.
3. Nukae ate ŋu aʋã mí esi míeyi edzi le Yehowa subɔm?
3 Nyitsɔ laa wobia tso mɔɖela siwo le xexeame ƒe akpa vovovowo si be woaƒo nu tso yayra siwo wokpɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu. Mina míadzro nya siwo wogblɔ me kpɔ. Gake dzi megaɖe le ƒowò o ne lãmegbegblẽ, tsitsi, alo nɔnɔme bubuwo na mète ŋu wɔa geɖe o. Ðo ŋku edzi be nu vevitɔe nye be nàsubɔ Yehowa tso luʋɔ blibo me, eɖanye ɖoƒe kae le asiwò o. Ke hã woƒe nyawo sese ate ŋu ana wòagadzro wò wu be yeawɔ dɔ sia si me yayra le ne anya wɔ.
Dzidzeme Kple Dzidzɔ ƒe Seselelãme Detowo
4, 5. (a) Nukata nyanyuia gbɔgblɔ na amewo nye dɔ si me yayra le alea gbegbe? (b) Aleke mɔɖelawo sena le wo ɖokui me le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu?
4 Yesu gblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ẽ, yayrawo doa go tsoa nunana ɖokuitɔmadimaditɔe me. (Lododowo 11:25) Esia nye nyateƒe vevietɔ le nyanyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo me. Le nyateƒe me la, nunana gã kae gali míana mía havi amegbetɔ wu be míakpe ɖe eŋu Mawu ŋuti sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ me nasu esi?—Yohanes 17:3.
5 Mewɔ nuku o be zi geɖe la, amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒoa nu tso dzidzɔ si wokpɔna le woƒe subɔsubɔdɔa me kple alesi wosenɛ le wo ɖokui me vevie be yewole dɔ nyui wɔm la ŋu. Mɔɖela aɖe si xɔ ƒe 64 si tso Britain gblɔ be: “Menya be dɔ bubu aɖeke megali si ana makpɔ dzidzeme si mekpɔ le nyateƒea gbɔgblɔ na ame bubuwo me o.” Ahosi aɖe si tso Zaire gblɔ nusi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ wɔ nɛ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ na mekpɔ akɔfafa ŋutɔŋutɔ le srɔ̃nye lɔlɔ̃a ƒe ku megbe. Zi alesi meyia gbeadzi be makpe ɖe ame bubuwo ŋui la, zi nenemae nusi bu ɖem nublanuitɔe la ŋu bubu dzi ɖena kpɔtɔnae. Meɖoa dzi ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu eye alesi mawɔ akpe ɖe amesiwo mele nu srɔ̃m kpli ŋu be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me ŋu koŋ mebuna. Alɔ̃ vivina nam le ŋkeke ɖesiaɖe ƒe nuwuwu, eye dzidzɔ yɔa nye dzime.”
6. Dzidzɔ tɔxɛ kae mɔɖela aɖewo kpɔ?
6 Ame aɖewo siwo le mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe bla nanewo kpɔ dzidzɔ tɔxɛ le subɔsubɔ me le saɖaganutowo me, eye woɖo hame siwo dzi ɖe edzi va zu nutome suewo. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe le Abashiri, Hokkaido (Japan-ƒukpo si le dziehe ɖaa), amesi nye mɔɖela ƒe 33 enye sia. Eɖo ŋku edzi be le nutome sue takpekpe gbãtɔ si yede—le Hokkaido katã—la, vavalawo katã nye ame 70 ko. Ke fifia ɖe? Nutome sue 12 si me gbeƒãɖela siwo wu 12,000 le ye le ƒukpoa dzi. Kpɔ alesi gbegbe dzidzɔ yɔa eƒe dzimee ne ewɔ ɖeka kple hati Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe hawo le takpekpe suewo kple gãwo me le ƒukpo ma dzii ɖa!
7, 8. Dzidzɔ kae mɔɖela siwo subɔ ɣeyiɣi didi la kpɔ?
7 Ame bubu siwo wɔ mɔɖeɖedɔa ɣeyiɣi didi la kpɔa dzidzɔ ne wokpɔ Biblia-nusrɔ̃viwo woxɔ nyɔnyrɔ hele subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ gãwo minyãm. Le Japan la, nɔvinyɔnu aɖe si wɔ mɔɖeɖedɔa le nuto vovovo adre me tso ƒe 1957 me ɖo ŋku edzi be yena Nyɔ! magazine ɖetugbi aɖe si nɔ dɔ wɔm le gadzraɖoƒe. Kaka ɣleti asieke nava yi la, ɖetugbia xɔ nyɔnyrɔ. Emegbe eɖe srɔ̃, eye wo kple srɔ̃a wova zu mɔɖela veviwo. Dzidzɔ kae nye si nɔvinyɔnu mɔɖela la kpɔ le teƒe etɔ̃lia si wode dɔ asi nɛ le esime nutome sue dzikpɔla yeye va srã woƒe hamea kpɔ eye srɔ̃a—amesi nye eƒe Biblia-nusrɔ̃vi tsã la kpe ɖe eŋu!
8 Mewɔ nuku o be amesiwo tsɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɖo dɔe la bunɛ be enye “mɔnukpɔkpɔ xɔasi si wòle be woabu kesinɔnui,” abe alesi mɔɖela aɖe si xɔ ƒe 22 gblɔe ene!
Yehowa ƒe Belélename ƒe Kpeɖodziwo
9. Nuka ƒe ŋugbee Nunala Gã, Yehowa, do na esubɔlawo, eye nukae esia fia na mí?
9 Yehowa, Nunala Gã la, do ŋugbe be yeakpɔ ye subɔlawo dzi, ahalé be na wo le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me. Fia Dawid si nɔ anyi le blema gblɔe nyuie be: “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o.” (Psalmo 37:25) Le nyateƒe me la, Mawu ƒe kakaɖedziname sia mefia be míagblẽ míaƒe ƒomewo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe agbanɔamedzia ɖi o, eye mefia hã be míanɔ agbe ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ƒe dɔmenyowɔwɔ ŋu o. (Tesalonikatɔwo I, 4:11, 12; Timoteo I, 5:8) Ke hã ne míelɔ̃ faa tsɔ nuwo sa vɔe le míaƒe agbe me be míasubɔ Yehowa bliboe wu la, magblẽ mí ɖi akpɔ gbeɖe o.—Mateo 6:33.
10, 11. Nuka mɔɖela geɖe nya tso nusiwo teƒe wokpɔ me le alesi Yehowa te ŋu kpɔa ame dzii ŋu?
10 Mɔɖela siwo le xexeame katã nyae tso nusiwo teƒe wokpɔ me be Yehowa kpɔa amesiwo tsɔa wo ɖokui dea esi be wòalé be na yewo la ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Bu atsu kple asi aɖe siwo nye mɔɖelawo siwo ʋu yi du sue aɖe si me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu me ŋu kpɔ. Le ɣleti ʋee aɖewo megbe la, ŋutilãmedɔwɔɖui kpɔkpɔ va sesẽ, eye ga hã vɔ le wo si. Azɔ wobu fe ɖo ɖe wo be woava xe $81 ade woƒe ʋu ŋuti nugblẽfexeɖoɖoa me. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Míenya alesi míawɔ axee o. Míedo gbe ɖa vevie zã ma me.” Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, woxɔ gbedonamegbalẽvi aɖe tso ƒome aɖe si hã nɔ ga hiã ɖim gbɔ. Wogblɔ le gbedonamegbalẽvia dzi be wotrɔ adzɔ aɖe si ƒomea xe wògbɔ dzi la na wo eye esi gaa sɔ gbɔ wu alesi wobu ta la, yewodi be yewoatsɔ eƒe ɖe ana atsu kple asi siwo nye mɔɖelaawo. Wotsɔ gaxɔgbalẽvi si dzi woŋlɔ $81 ɖo la de eme! Nɔviŋutsu mɔɖela la gblɔ be: “Nyemaŋlɔ ŋkeke ma be akpɔ o—dzi dzɔm wu gbɔgblɔ! Míekpɔ ŋudzedze ɖe ƒome sia ƒe nunana ŋu ŋutɔ.” Yehowa hã kpɔa ŋudzedze ɖe dɔmenyowɔwɔ sia tɔgbe si nye nunana ƒe gbɔgbɔ si wòdea dzi ƒo na esubɔlawo be woaɖe afia la ŋu.—Lododowo 19:17; Hebritɔwo 13:16.
11 Mɔɖela geɖe ate ŋu agblɔ nuteƒekpɔkpɔ siawo tɔgbe. Ne èbia wo la, woagblɔ na wò be ‘womegblẽ yewo ɖi keŋkeŋ’ kpɔ o. Esi mɔɖela aɖe si xɔ ƒe 72 trɔ kpɔ ƒe 55 siwo wòtsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae la, egblɔ be: “Yehowa medo ŋukpem kpɔ o.”—Hebritɔwo 13:5, 6.
“Mɔ Nyui aɖe si Dzi Nàto Ate Ðe Yehowa Ŋu Wu”
12. Nukata gbeƒãɖeɖe nyanyuia nye mɔnukpɔkpɔ ɖedzesi alea gbegbe?
12 Alesi Yehowa bia tso mía si be míaɖe gbeƒã eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gɔ̃ hã nye mɔnukpɔkpɔ na mí. Ebua mí—togbɔ be amegbetɔ madeblibowoe míenye hã—be míenye yeƒe “hadɔwɔlawo” le agbeɖeɖedɔ sia me. (Korintotɔwo I, 3:9; Timoteo I, 4:16) Ne míele gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒea na ame bubuwo, ne míele gbeƒã ɖem vɔ̃ɖinyenye ƒe nuwuwu, ne míele lɔlɔ̃ wɔnuku si wòɖe fia le tafea nana me la me ɖem na amewo, eye ne míeʋu eƒe Nya si le agbe hele emenyawo fiam dzianukwaretɔwo la, ena míetena ɖe mía Wɔla, Yehowa, ŋu kplikplikpli wu.—Psalmo 145:11; Yohanes 3:16; Hebritɔwo 4:12.
13. Nya kae ame aɖewo gblɔna le ŋusẽ si woƒe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kpɔ ɖe woƒe ƒomedodo kple Yehowa dzi ŋu?
13 Mɔɖelawo te ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ srɔ̃a nu le Yehowa ŋu hefiaa nu tso eŋuti ɣleti sia ɣleti. Dɔ kae wobuna be esia wɔna ɖe yewo kple Mawu dome ƒomedodo dzii? Hamemegã aɖe si le France si nye mɔɖela ƒe ewo kple edzivɔe nye sia ɖo eŋu be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nye mɔ nyui aɖe si dzi nàto ate ɖe Yehowa ŋu wu.” Mɔɖela bubu si le dukɔ ma me, si tsɔ ƒe 18 wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ na míete ŋu ‘ɖɔnɛ kpɔna, eye míekpɔnɛ be Yehowa ƒe dɔme nyo,’ eye edoa ŋusẽ ƒomedodo si le mía kple mía Wɔla la dome gbesiagbe.” (Psalmo 34:9) Nenema ke nɔvinyɔnu aɖe si le Britain si nye mɔɖela ƒe 30 enye sia se le eɖokui mee. Egblɔ be: “Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ŋu hena mɔfiafia le nye subɔsubɔdɔa me na metena ɖe eŋu wu. Mekpɔe ŋutɔŋutɔ be Yehowa ƒe gbɔgbɔe fia mɔm zi geɖe yia aƒe aɖe koŋ me le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.”—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 16:6-10.
14. Viɖe kae mɔɖelawo kpɔna tso Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo wozãna tsɔ fiaa nu ame bubuwo gbesiagbe me?
14 Mɔɖela geɖe kpɔe be Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo zazã atsɔ nɔ Ŋɔŋlɔawo me nyateƒewo me ɖem ahanɔ wo fiam gbesiagbe kpena ɖe yewo ŋu be Mawu ƒe Nya la me sidzedze si le yewo si dzina ɖe edzi. Nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 85 si le Spain si nye mɔɖela ƒe 31 enye sia la gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ kpe ɖe ŋunye Biblia me sidzedze deto su asinye, eye mezã sidzedze ma tsɔ kpe ɖe ame geɖe ŋu wova dze si Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo.” Nɔvinyɔnu aɖe si tso Britain si le mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe 23 enye sia la gblɔ be: “Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa na gbɔgbɔmenuɖuɖu dzroam geɖe wu.” Nuƒoƒo tso ‘mɔkpɔkpɔ si le mewò’ ŋu na ame bubuwo ate ŋu ana nàka ɖe dzixɔse siwo nye wò nu veviwo la dzi geɖe wu. (Petro I, 3:15) Mɔɖela aɖe si tso Australia gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ na nye xɔse gasẽna ɖe edzi le esi meƒoa nu tso eŋu na ame bubuwo ta.”
15. Nukae ame geɖe lɔ̃ faa wɔ be wote ŋu ge ɖe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me heyi ewɔwɔ dzi, eye nukatae?
15 Edze ƒã be subɔla mɔɖela siawo ka ɖe edzi be subɔsubɔ si hea yayra manyaxlẽwo tso Yehowa gbɔ vɛ la wɔmee yewole. Mewɔ nuku o be ame geɖe lɔ̃ faa wɔ asitɔtrɔ le woƒe agbe me, eye wotsɔ ŋutilãmedɔ kple kesinɔnuwo sa vɔe gɔ̃ hã, be yewoage ɖe mɔɖeɖedɔa me ahanɔ ewɔwɔ dzi!—Lododowo 28:20.
Ðe Wòdzroa Wò be Yeawɔ Geɖe Wua?
16, 17. (a) Nukae nàte ŋu awɔ ne èle alesi mɔɖeɖedɔa anya wɔ na wòe ŋu bum? (b) Aleke ame aɖewo sena le wo ɖokui me ne womete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa o?
16 Esi míedzro nya siwo mɔɖelawo gblɔ le yayra siwo mɔɖeɖedɔa wɔwɔ hena vɛ me vɔ la, ɖewohĩ èle eŋu bum kpɔ ne anya wɔ be yeawɔ mɔɖeɖedɔa hã. Ne nenemae la, nukata màɖo dze kple mɔɖela aɖe si kpɔ dzidzedze le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me o? Ðewohĩ àkpɔe hã be anyo be yeaƒo nu kple hamemegã siwo le hamea me dometɔ ɖeka, amesi nya wò—alesi wò lãmesẽ le, nusiwo mede dziwò o, kple wò ƒomegbanɔamedziwo. (Lododowo 15:22) Nyateƒenya siwo ame bubuwo agblɔ le wò nɔnɔmea ŋu akpe ɖe ŋuwò nàda nuwo akpɔ nyuie ne mɔɖeɖedɔa anya wɔ na wò. (Tsɔe sɔ kple Luka 14:28.) Ne ète ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa la, àkpɔ yayra geɖe nyateƒe.—Maleaxi 3:10.
17 Ke Fiaɖuƒegbeƒãɖela nuteƒewɔla gbogbo siwo mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o togbɔ be ɖewohĩ edzro wo be yewoawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me hafi ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, bu nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si le agbagba dzem be ye ɖeka yeahe ye vi eneawo la ƒe seselelãme ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Meléa blanui elabena gbesiagbe mɔɖelae menye tsã, gake fifia le nye nɔnɔmeawo ta nyemegate ŋu yia gbeadzi abe tsã ene o.” Nɔvinyɔnu sia lɔ̃ viawo vevie eye edi be yeakpɔ wo dzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, edzronɛ be yeawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. Egblɔ be: “Subɔsubɔdɔa wɔwɔ vivia nunye.” Nenemae Kristotɔ bubu siwo tsɔ wo ɖokui na, amesiwo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa wo wodina be yewoasubɔ Yehowa ‘tso woƒe dzi blibo me’ la hã sena le wo ɖokui me.—Psalmo 86:12.
18. (a) Nukae Yehowa kpɔ mɔ be míawɔ? (b) Nukata mele be dzi naɖe le mía ƒo o ne nɔnɔmewo meɖe mɔ be míawɔ geɖe o?
18 Ðo ŋku edzi be luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ dim Yehowa le tso mía si. Nusi esia fia ate ŋu ato vovo sã le luʋɔ ɖesiaɖe gome. Ame aɖewo te ŋu trɔa asi le woƒe nɔnɔmewo ŋu ale be wova zua gbesiagbe mɔɖelawo. Ame bubu geɖe wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi loo alo wowɔnɛ tsiãna ɖe enu, eye wozãa gaƒoƒo 60 le subɔsubɔdɔa me ɣleti sia ɣleti. Gake Yehowa ƒe amewo ƒe akpa gãtɔ siwo nye ame gbogbo aɖe la nye hamea me gbeƒãɖela siwo tsoa luʋɔ blibo me wɔa gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa. Eyata ne enye nyateƒe be lãmegbegblẽ, tsitsi, ƒomegbanɔamedziwo, alo nɔnɔme bubu aɖewo meɖe mɔ na wò o la, mègana dzi naɖe le ƒowò o. Zi alesi nèwɔa wò ŋutete katã ko la, wò subɔsubɔ xɔ asi le Mawu ŋkume, abe alesi amesiwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me tɔ xɔ asii ene!
Mí Katã Míate Ŋu Aɖe Mɔɖeɖedɔ ƒe Gbɔgbɔ Afia
19. Nukae nye mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ?
19 Togbɔ be ɖewohĩ màte ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o hã la, àte ŋu aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afia. Nukae nye mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ? July 1988 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ gblɔ be: “Woate ŋu aɖe egɔme be eyae nye kakaɖedzi ƒe nɔnɔme ƒe amesinɔnɔ ɖe sedede be míaɖe gbeƒã ahawɔ nusrɔ̃lawo ŋu, ame ɖokui tsɔtsɔna bliboe ɖe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme ɖeɖefia amewo ŋu, ame ɖokui tsɔtsɔ sa vɔe, dzidzɔ kpɔkpɔ ɖe Aƒetɔ la yomedzedze kplikplikpli ŋu, kple dzidzɔ kpɔkpɔ, menye ɖe ŋutilãmenuwo ŋu o ke boŋ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.” Aleke nàwɔ aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afia?
20. Aleke dzilawo ate ŋu aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afiae?
20 Ne dzila si si ɖevi suewo le ye nènye la, àte ŋu atso dzi blibo me akafui na wo be woatsɔ mɔɖeɖedɔa awɔ woƒe agbemedɔe. Nɔnɔme nyui si nàɖe afia ɖe subɔsubɔdɔa ŋu ate ŋu ana woakpɔ alesi wòhiãe be woana Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ le woƒe agbe me adze sii. Àte ŋu akpe mɔɖelawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo ava wò aƒemee ale be viwòwo nate ŋu akpɔ viɖe tso amesiwo kpɔa dzidzɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ƒe kpɔɖeŋuwo me. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 13:7.) Le aƒe siwo me mã le mawusubɔsubɔ gome gɔ̃ hã me la, dzila xɔsetɔwo ƒe nyawo kple kpɔɖeŋu ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woatsɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa awɔ agbemetaɖodzinui.—Timoteo II, 1:5; 3:15.
21. (a) Aleke mí katã míate ŋu ado alɔ amesiwo le mɔɖeɖedɔa wɔm? (b) Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na mɔɖelawo?
21 Le hamea me la, mí katã míate ŋu atso dzi blibo me ado alɔ amesiwo te ŋu le mɔɖeɖedɔa wɔm. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu adze agbagba vevie awɔ dɔ kple mɔɖela aɖe le subɔsubɔdɔa me vevietɔ le ɣeyiɣi siwo me mɔɖela la makpɔ ame aɖeke awɔ dɔ kplii o mea? Àkpɔe be anye ‘dzidedeƒo na mia nɔewo.’ (Romatɔwo 1:11, 12) Ne hamemegãe nènye la, àte ŋu awɔ geɖe wu gɔ̃ hã atsɔ ade dzi ƒo na mɔɖelawo. Ne hamemegãwo ƒe ha la kpe la, ele be woadzro mɔɖelawo ƒe nuhiahiãwo me edziedzi. Ne dzi ɖe le mɔɖela aɖe ƒo alo wòle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, mègatsɔ dzitsitsi aɖo aɖaŋu nɛ be wòaɖe asi le mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu o. Togbɔ be ahiã be woaɖo aɖaŋu na wo dometɔ aɖewo alea hã la, mègaŋlɔ be o be mɔɖeɖedɔa wɔwɔ nye mɔnukpɔkpɔ xɔasi si ŋu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla la kpɔa ŋudzedze ɖo vevie. Ðewohĩ dzideƒonya sue aɖe kple aɖaŋuɖoɖo alo kpekpeɖeŋu nyui aɖewo koe wòhiã. Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Spain ŋlɔ bena: “Ne hamemegãwo de mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe dzi ƒo, wodo alɔ mɔɖelawo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye wosrãa wo kpɔ edziedzi la, dzi dzɔa mɔɖelawo geɖe wu, wokpɔnɛ be wole yewo zãm, eye woadi be yewoayi edzi togbɔ be kplamatsedonuwo ado mo ɖa hã.”
22. Le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi sesẽ sia me la, nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?
22 Míele ɣeyiɣi sesẽ aɖe me le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. Yehowa tsɔ agbeɖeɖedɔ aɖe de mía si be míawɔ. (Romatɔwo 10:13, 14) Eɖanye mɔɖelawoe míenye le dɔ sia wɔm ɣeyiɣiawo katã alo míeɖanyee o, mina míaɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afia. Mina nuwɔwɔ kpata ƒe susu kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ nanɔ mía me. Mina míaɖoe be míatsɔ nusi Yehowa bia tso mía si la ana eyama—eyae nye luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ. Eye mina míaɖo ŋku edzi be ne míetsɔ nusiwo katã míate ŋui na, ne ele abe ahosia ƒe gaku sueawo alo Maria ƒe ami xɔasia ene o, luʋɔ blibo mee míaƒe subɔsubɔa tso, eye míaƒe luʋɔ blibo me subɔsubɔ dzea Yehowa ŋu!
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Nukata ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa hea dzidzeme kple dzidzɔ vɛ?
◻ Nukae mɔɖela geɖe nya tso nusiwo teƒe wokpɔ me le alesi Yehowa te ŋu léa be na esubɔlawoe ŋu?
◻ Dɔ kae mɔɖelawo sena le wo ɖokui me be yewoƒe subɔsubɔdɔa wɔna ɖe yewoƒe ƒomedodo kple Yehowa dzi?
◻ Aleke nàwɔ aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afia?
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mɔɖelawo kpɔa dzidzɔ geɖe le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Viwòwo ate ŋu akpɔ viɖe tso hadede kple ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo me
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Hamemegãwo ate ŋu ade dzi ƒo na mɔɖelawo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me