-
Ewɔɣie Nye SiaFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994 | October
-
-
Ewɔɣie Nye Sia
1 Esi apostolo Paulo ŋlɔ eƒe lɛta evelia na Korintotɔwo la, eɖo ŋku edzi na wo be woɖoe be yewoawɔ kpekpeɖeŋudɔ nyui aɖe na wo hati xɔsetɔ siwo le Yerusalem. Gake ƒe ɖeka va yi esi womewu dɔ si gɔme wodze la nu o. Eyata eƒoe ɖe wo nu be: “Miyi edzi ne miawu ewɔwɔ nu: mitsɔ didi vevie si mietsɔ xɔ dɔae la ke wu enu.”—Kor. II, 8:11, The New English Bible.
2 Mí katã míeɖo taɖodzinuwo na mía ɖokui kpɔ. Ðewohĩ míeɖoe be míadzi míaƒe gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖe edzi, míanya mía nɔviwo nyuie wu, míadze axɔ subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖe, alo be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi. Togbɔ be susu nyuiwoe míetsɔ dze egɔmee hã la, ɖewohĩ míete ŋu yi edzi ɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ o. Kaka míadze sii la, kwasiɖawo, ɣletiwo, alo ƒewo gɔ̃ hã va yi ŋgɔyiyi aɖeke mawɔmawɔe. Ðe wòanye be ahiã be míawɔ ɖe aɖaŋu si woɖo be ‘míayi edzi awu’ nusi gɔme míedze ‘nu’ la dzia?
3 Míaƒe Taɖodzinuwo Gbɔ Ðoɖo: Ele bɔbɔe be míaɖo nane wɔwɔ na mía ɖokui, gake esesẽna be míawɔ nusi míeɖo la ade goe. Heheɖemegbe ate ŋu agblẽ ŋgɔyiyi ɖesiaɖe me. Ele be míatso nya me eye emegbe míaɖoe kplikpaa awɔ ɖe edzi enumake. Ehiã be mía ŋutɔ míawɔ míaƒe ɖoɖo. Ele vevie be míaɖo ɣeyiɣi si hiã na dɔa wɔwɔ la ɖi eye míakpɔ egbɔ be míewɔ ɣeyiɣia ŋudɔ ɖe tameɖoɖo ma ŋu. Anyo be míaɖo ɣeyiɣi si míawu dɔa nu ɖi eye míazi mía ɖokui dzi awu enu ɖe ɣeyiɣi ma dzi.
4 Ne ele sesẽm na mí be míaɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ la, enɔa bɔbɔe be míagblɔ be: ‘Mawɔe emegbe.’ Gake míenya nusi adzɔ le etsɔ me o. Lododowo 27:1 gblɔ be: “Megaƒo adegbe ɖe etsɔ, si gbɔna ŋu o, elabena mènya nuka dzi ge etsɔ ala o.” Nusrɔ̃la Yakobo xlɔ̃ nu le kaka ɖe etsɔ me dzi akpa ŋu, elabena “mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; . . . Amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.”—Yak. 4:13-17.
5 Susuhenu geɖe kple nusiwo ame bubuwo biana tso mía si ate ŋu atsyɔ míaƒe taɖodzinuwo dzi bɔbɔe. Ehiã be míadze agbagba vevie alé wo ɖe susu me ɣesiaɣi. Nya la tsɔtsɔ de míaƒe gbedodoɖawo me akpe ɖe mía ŋu. Alesi míana amesiwo te ɖe mía ŋu nanɔ ŋku ɖom wo dzi na mí ahade dzi ƒo na mí hã awɔ akpa aɖe. Dzesidede nu le míaƒe ɣletigbalẽwo dzi aɖo ŋku edzi na mí be míalé ŋku ɖe míaƒe ŋgɔyiyi ŋu. Ele be amesiame natso nya me awɔ “alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me.”—Kor. II, 9:7.
6 Mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe ʋu ɖi le October me be míalé fɔ ɖe míaƒe taɖodzinuwo ŋu. Míaxɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ƒe nudɔdɔwo. Ðe míate ŋu aɖo taɖodzinu nyuiwo aɖo wo gbɔa? Eɖoɖo be míaxɔ nudɔdɔ ɖeka teti le dɔa wɔɣi ya ɖe? Tɔtrɔyi geɖe wu wɔwɔ kple Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye gɔmedzedze nye taɖodzinu siwo gbɔ ame geɖe ate ŋu aɖo.
7 Nunya mele eme be míahe nusi le vevie la ɖe megbe o, elabena “xexeame va yina.” (Yoh. I, 2:17) Mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo kple yayrawo ʋu ɖi na mí fifia le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Ekpo ɖe mía gbɔ be míawɔ wo ŋudɔ.
-
-
Midi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã—To Kafukafuvɔwo Sasa Ɣesiaɣi MeFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994 | October
-
-
Midi Mawu ƒe Fiaɖuƒea Gbãgbiagbã—To Kafukafuvɔwo Sasa Ɣesiaɣi Me
1 Amesiwo dia Fiaɖuƒea gbãgbiagbã ɖoa ŋku edzi ɣesiaɣi ƒoa nu tso Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu. (Ps. 145:11-13) Mɔnukpɔkpɔ ʋuna ɖi gbesiagbe be míakafu eƒe ŋkɔ ahaƒo nu tso nyanyuia ŋu. (Ps. 96:2) Yehowa kafukafu dzɔ dzi na hakpala la, amesi gblɔ be: “Míetsɔ Mawu le adegbe ƒom ɖaa.” (Ps. 44:9) Ne míesee le mía ɖokui me nenema la, míadi vevie be míakpɔ gome le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa me edziedzi.
2 Yehowa meɖo nudidi tɔxɛ aɖe ɖi le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míatsɔ awɔ subɔsubɔdɔae ŋu o, gake edea dzi ƒo na mí be míakafu ye ‘ɣesiaɣi.’ (Heb. 13:15) Ne míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ la, ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míazã ɣeyiɣi aɖe kwasiɖa sia kwasiɖa atsɔ akafu Yehowae. Amesiwo le ema wɔm xoxo la ate ŋu atrɔ asi le woƒe ɖoɖowo ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi alo woawɔe edziedzi. Amesiwo le dzidzedze kpɔm le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me dometɔ aɖewo ate ŋu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa.
3 Eɖanye nɔnɔme ka ke me míele o, ɖe míate ŋu adzi míaƒe kafukafuvɔsa ɖe edzia? Ŋudzedzekpɔkpɔe ʋãa mí be míado vevie nu. Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si tua míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo. Hame ƒe kpekpewo ʋãa mí be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ma afia le mɔ nyuitɔwo nu. Hadede kplikplikpli kple ame bubu siwo doa vevie nu le kafukafu tsɔtsɔna me ate ŋu ‘ana míawɔ dɔ nyuiwo.’ (Heb. 10:24) Ne míewɔ mɔnuɖoɖo siwo hamea nana mí ŋudɔ bliboe la, ana míadzi míaƒe kafukafuvɔsa ɖe edzi.
4 Nyɔnunyagblɔɖila Hana ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le Yehowa subɔsubɔ me. Togbɔ be etsi xɔ ƒe 84 hã la, “medzona le mawuƒe la me o hele Mawu subɔm . . . zã kple keli.” (Luka 2:37) Eɖokui ƒoƒo ɖe hamea me dɔwo me kple dzi blibo he dzidzeme geɖe vɛ nɛ. Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe eƒe subɔsubɔ anukwareɖiɖitɔe ŋu la dea dzi ƒo na mí egbea.
5 Paulo ɖo aɖaŋu be ‘amesiwo ŋu ŋusẽ le la natsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo.’ (Rom. 15:1) Anɔ eme be kpekpeɖeŋu kple dzideƒo si nàna dɔmenyotɔe la aɖe vi na ame aɖewo le miaƒe hamea me. Wo kpekpe be woazɔ kple ye le gbeadzisubɔsubɔdɔa me anye nusi ko wohiã. Gbeƒãɖela yeye ahiã na kpekpeɖeŋu le dzadzraɖo ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu alo amesi wòawɔ dɔ kplii. Dziɖeleameƒo anye ame bubu ƒe kuxi, eye ɖewohĩ wòe ate ŋu ana tutuɖo si hiã lae be dzo nagaɖo amea me wòado vevie Fiaɖuƒedɔa. (Tes. I, 5:14) Alesi nàlɔ̃ faa ‘akpe ɖe ame kɔkɔewo ŋu ɖe woƒe hiãhiãwo nu’ ɖea wò dzimedidi be yeadzi Yehowa ƒe ŋkɔ kafukafu ɖe edzi fiana.—Rom. 12:13.
6 Míate ŋu axlẽ nusiwo Yehowa wɔ na mí xoxo kple esiwo wòagava wɔ na mí la katã gbeɖe o. Míate ŋu aɖo yayra siawo teƒe nɛ le mɔ aɖeke nu o. Susu ʋãme kawoe nye si li be ‘nusianu si me gbɔgbɔ le la nakufu Yehowa’!—Ps. 150:6.
-