Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Yehowa ƒe Dzigbɔɖi Ŋua?
1 Ðe mɔnukpɔkpɔ asu asiwò nàsrɔ̃ nyateƒea ne ɖe Yehowa megbɔ dzi ɖi le ƒe 10, 20, alo esiwo wu nenema siwo va yi me heɖe mɔ be woakeke gbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu oa? Aleke gbegbe míeda akpee nye si be wòɖe mɔ be ame geɖe “natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” Ke hã Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gã la “le vava ge abe fiafitɔ ene.” (Pet. II, 3:9, 10) Eyata mele be míabu Mawu ƒe dzigbɔɖi be ele megbelele hem le nuɖoanyi sia hehe va nuwuwui me o.—Xab. 2:3.
2 Se Veve Ðe Amewo Nu: Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu gbɔ míaƒe gɔmesese ŋu yi sasasã. Mele be míana taɖodzinu si le eŋu nato mía ŋu o. (Yona 4:1-4, 11) Yehowa kpɔ nɔnɔme wɔnublanui si me ameƒomea le eye eƒe dɔme trɔna ɖe wo ŋu. Yesu hã sena le eɖokui me alea. Esi ameha siwo wòɖe gbeƒã na ƒe nu wɔ nublanui nɛ la, edi be woakeke nyanyuigbɔgblɔdɔa ɖe enu ale be mɔnukpɔkpɔ nasu ame geɖe wu si be woakpɔ agbe mavɔ.—Mat. 9:35-38.
3 Ðe míesea veve ɖe amesiwo menya nyateƒea o nu ne afɔku kple dzɔgbevɔ̃ewo dzɔ oa? Egbea amewo le abe “alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene” eye wole agbagba dzem be yewoakpe akɔ kple tɔtɔ siwo le xexeame dzi vam la ahakpɔ ta na wo. (Mar. 6:34) Míaƒe gbeƒãɖeɖe nyanyuia dzonɔamemetɔe faa akɔ na amesiwo si dzi nyui le eye wòɖenɛ fiana be míekpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe dzigbɔɖi ŋu.—Dɔw. 13:48.
4 Míaƒe Dɔa Hiã Kpata: Ame 323,439 ye xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si va yi me eye amesiwo wu 14,000,000 de Ŋkuɖodzia. Esia na wòdze ƒã be ame bubu geɖe agate ŋu asi le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ nu! Míenya aleke gbegbee “ameha gã” la aloloe o. (Nyaɖ. 7:9) Míenya ɣeyiɣi didi si míawɔ gbeƒãɖeɖedɔ si wode asi na mí la ase ɖo o. Gake Yehowa ya nya. Woaɖe gbeƒã ase ɖe afisi wòdi, eye “ekema nuwuwu aɖo.”—Mat. 24:14.
5 Ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie eye Mawu ƒe ŋkekea tu aƒe. (Kor. I, 7:29a; Heb. 10:37) Ðikekemanɔmee la, “agbexɔxɔa tu mí wu tsã, esime míexɔ se.” (Rom. 13:11) Eyata migana míada tameɖoɖo si le Mawu ƒe dzigbɔɖi ŋu aƒu o. Ke boŋ mina míaɖe gbeƒã kple hiahiã kpata ale be Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ gã la nasu dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo si.