INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 4/15 axa 28-30
  • Ðe Asrafowo Ahiã Mi Ðaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Asrafowo Ahiã Mi Ðaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Didi be “Kpovitɔ” Nanɔ Xexeame Si
  • “Aʋakɔwo ƒe Yehowa”
  • Mawu ƒe Aʋakɔwo Yi Aʋa
  • Bu Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O Ŋu Kpɔ
  • Ŋutifafa Vavãtɔ—Afikae Wòatso Ava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Milɔ̃ Nyateƒe Kple Ŋutifafa!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 4/15 axa 28-30

Ðe Asrafowo Ahiã Mi Ðaa?

ASRAFOWO zã amegbetɔ ƒe kesinɔnuwo ƒe akpa gãtɔ eye wogblẽ amegbetɔ ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me geɖe ŋutɔ. Eyata ame aɖewo bia be, ‘Ðe ameƒomea ate ŋu ava nɔ dedienɔnɔ ƒe xexeme si ana woaɖe asi le asrafowo ŋu gbaɖegbea?’ Fifia esi ame gbogbowo tsrɔ̃nuwo va li eye woate ŋu atsrɔ̃ nugbagbewo katã bɔbɔe ta la, biabia ma va zu ŋkubiãnya. Viɖe kae wòanye be míakpɔ mɔ na xexe si me asrafowo manɔ o?

Kpɔɖeŋu geɖe li siwo ɖo kpe edzi be ne ƒomedodo nyuiwo le dukɔwo dome ale be wova ka ɖe wo nɔewo dzi la, ate ŋu aɖe asrafodɔ dzi akpɔtɔ va ɖo afi aɖe. Le kpɔɖeŋu me, xɔlɔ̃wɔwɔ si le Canada kple United States dome wɔe be ewu ƒe alafa ɖeka kple afã si asrafo aɖeke megadzɔa woƒe liƒo si didi kilometa 5,000 la ŋu o. Ðekawɔwɔ ma tɔgbe le Norway kple Sweden, kpakple dukɔ geɖe dome. Ðe ɖekawɔwɔ si anɔ dukɔwo dome nawɔe be xexe si me asrafowo manɔ o navaa? Ame gbogbo aɖewo va de nukpɔsusu sia dzi ŋutɔ esi wokpɔ Xexemeʋa I ƒe ŋɔdzinuwo teƒe vɔ megbe.

Esime wowɔ ŋutifafa le ƒe 1918 me la, Versailles ƒe ŋutifafa nubabla la ƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖekae nye “be wòate ŋu anɔ bɔbɔe be woadze egɔme atso dukɔwo ƒe aʋawɔnuwo dzi.” Aʋatsitsri ƒe nukpɔsusu va bɔ le ƒe siwo kplɔe ɖo me. Aʋatsrila aɖewo gblɔ be aʋawɔwɔ nye nu vloetɔ kekeake si adzɔ ɖe dukɔ aɖe dzi eye eyata edziɖuɖu le aʋa me mevɔ̃ɖi de enu o. Amesiwo mede aʋatsitsri dzi o la mexɔ nya ma o kple susu be le ƒe alafa gbogbo aɖewo me la, Yudatɔ siwo nɔ nuto gã aɖewo me meho aʋa be yewoakpe kple wo dzi dzelawo o, ke hã woyi edzi tsɔ tagbɔsesẽ di be woatsrɔ̃ wo. Wɔna boo aɖeke menɔ Afrikatɔwo ŋu wotsɔ wɔ avu kple amesiwo kplɔ wo kluviwoe va Amerika-nyigba dzii o, ke hã wowɔ ŋlɔmi le wo ŋu ƒe alafa geɖe.

Gake esi Xexemeʋa II fe ati la, aʋatsrila geɖe va ƒo nya ta be dukɔ geɖe hiã takpɔkpɔ. Eyata esi woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi le Xexemeʋa II megbe la, susu meganɔ asiɖeɖe le aʋawɔnuwo ŋu dzi boo o ke wotrɔ ɖe alesi dukɔwo akpe asi ɖe wo nɔewo ŋu axe mɔ na wo dzi dzedze boŋ ŋu geɖe. Dukɔ siwo le eme susu be dedienɔnɔ si esia ahe vɛ la awɔe be dzi naɖo dukɔwo ƒo be woadzudzɔ asrafodɔ.

Kuxi bubu aɖe gava nɔ mo dom ɖa geɖe wu. Zi geɖe la, agbagba siwo dukɔ aɖe dzena be yeanɔ dedie wɔnɛ be dukɔ si ɖe liƒo kplii mevona le eɖokui me o. Nɔnɔme manyomanyo sia he aʋawɔnuwo ƒe kɔlili ɖi vɛ. Gake alesi dukɔ ŋkutawo dome ƒomedodowo va le kakam ɖe eme le ŋkeke siawo mee wɔe be mɔkpɔkpɔ gava li be woadzudzɔ aʋawɔwɔ. Gake tso ɣemaɣi la, Gulf-ʋa la kple avu siwo wowɔ le tsã Yugoslavia na aʋamawɔmawɔ ƒe mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame geɖe. Anɔ ƒe atɔ̃ enye sia la, Time magazine gblɔ be: “Togbɔ be dukɔwo dome nyaʋiʋlia nu tso hã la, xexeame va zu afɔkuteƒe geɖe tsɔ wu be wòanye dziɖeɖiteƒe.”

Didi be “Kpovitɔ” Nanɔ Xexeame Si

Numedzrola geɖe gblɔ be ameƒomea hiã dziɖuɖu ɖeka si aɖu xexeame dzi eye aʋakɔ si sẽ ŋu nyuie nanɔ esi akpɔ amesiame ta. Esi Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa loo alo dukɔ siwo de ŋgɔ le aʋawɔwɔ me wu le xexeame do kpo esia wɔwɔ ta la, ame aɖewo susu be etsɔme mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli o. Gake ne èxɔe se be Biblia nye Mawu ƒe Nya la, ɖewohĩ àbia ɖokuiwò be ɖe Mawu Ŋusẽkatãtɔ la akpɔ hiahiã kpata sia gbɔ hã.

Ðe Amesi Biblia yɔ be “lɔlɔ̃ kple ŋutifafa Mawu” la ato asrafowo dzi ahe nudzɔdzɔewɔwɔ vɛa? Ne nenemae la, ke aʋakɔ kae wòanye? Aʋakɔ geɖe gblɔna egbea be Mawue le megbe na yewo, gake ɖe wole Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm nyateƒea? Alo ɖe nyagbɔkpɔmɔnu bubu aɖe le Mawu si wòato edzi ana ŋutifafa kple dedienɔnɔ nanɔ anyia?—Korintotɔwo II, 13:11.

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la nyã Adam kple Xawa le Eden-bɔa me eye wòda kerubiwo ɖe afima bene woagatrɔ ava o, ale wòkpɔ aglãdzedze gbãtɔa gbɔe. Egblɔ alesi wòɖoe be yeagblẽ aglã ɖesiaɖe si wodze ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu dome hã. (Mose I, 3:15) Ðe ema abia be Mawu nazã aʋakɔa?

Biblia gblɔ be Mawu zã aʋakɔwo tsɔ drɔ̃ toheʋɔnui kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, fiaɖuƒe siwo nɔ Kanaan-nyigba dzi la dɔna kple lãwo, wotsɔa wo viwo saa vɔe, eye wowɔa aʋa tsɔ doa dzidzɔ na wo ɖokui. Mawu ɖe gbe be woatsrɔ̃ wo gbidii eye wòdɔ Yosua ƒe aʋakɔ be wòawɔ dɔ ma. (Mose V, 7:1, 2) Nenema ke Fia Dawid ƒe aʋakɔ he Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va Filistitɔwo dzii eye enye alesi Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mamlɛa me ƒe kpɔɖeŋu.

Nufiamee nudzɔdzɔ mawo nye. Yehowa ɖee fia be yeate ŋu azã asrafowo atsɔ ana amewo nanɔ dedienɔnɔ me. Le nyateƒe me la, aʋakɔ tɔxɛ aɖe le Yehowa si si akpɔ aglã si wodze ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu le xexeame katã gbɔ.

“Aʋakɔwo ƒe Yehowa”

New World Translation Biblia zã nyagbe “aʋakɔwo ƒe Yehowa” wu zi gbɔ zi 250. Mawudɔlawo ƒe aʋakɔ nyadri aɖe ƒe aʋafiagã si Mawu nye lae nyagbea fia koŋ. Nyagblɔɖila Mixa gblɔ na Fia siwo nye Axab kple Yosafat ɣeaɖeɣi be: “Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.” (Fiawo I, 22:19) Mawudɔlaʋakɔwo ƒe nya gblɔm wole le afisia. Yehowa zã aʋakɔ siawo tsɔ kpɔ eƒe amewo tae. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe Elisa ƒe subɔvi esime woɖe to ɖe Dotan-dua. Gake bene dzi nagaɖo eƒo la, Mawu na wòkpɔ eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe aʋakɔ ŋuti ŋutega nukutɔe. “Yehowa ʋu ɖekakpui la ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ nu, eye kpɔ ɖa, dzosɔwo kple dzotasiaɖamwo le to la ŋu kpaŋkpaŋ.”—Fiawo II, 6:15-17.

Ðe nudzɔdzɔ mawo fia be Mawu le megbe na asrafowo egbea? Ðewohĩ Kristodukɔa ƒe aʋakɔ aɖewo agblɔ be Mawu ƒe asrafowoe yewonye. Wo dometɔ geɖe bia tso subɔsubɔhakplɔlawo si be woado gbe ɖa ɖe yewo ta. Gake Kristodukɔa ƒe asrafowo wɔa aʋa kple wo nɔewo, siwo nye woƒe haxɔsetɔwo. Aʋakɔ siwo be Kristotɔwoe yewonye lae dze ƒe alafa sia ƒe xexemeʋa eveawo gɔme. Nusia mate ŋu atso Mawu gbɔ o. (Yohanes I, 4:20) Togbɔ be aʋakɔ mawo agblɔ be ŋutifafa dim yewole hã la, ɖe Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woaƒo asrafowo nu ƒu nenema bene woatsɔ atsi ʋunyaʋunyawɔwɔ nu le xexeamea?

Woda ŋutifafa ƒe se dzi vɔ̃ɖitɔe esime nuvlowɔha aɖe bla aʋakpa va lé Yesu le abɔ aɖe si me woa kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ gbe dom ɖa le. Nusrɔ̃laawo dometɔ ɖeka da yi ŋutsu ɖeka le nuvlowɔha la me. Yesu zã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖe gɔmeɖose vevi aɖe me. Egblɔ be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe. Alo èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?” Aʋakɔ nyadri aɖe le Yesu ƒe kpɔkplɔ te, gake womexɔ Petro ɖe wo dome o, eye womexɔ amegbetɔ aɖeke hã ɖe wo dome o. Ke boŋ ‘ameɖelawoe’ Petro kple Yesu yomedzela bubuwo katã nye. (Mateo 4:19; 26:47-53) Yesu ɖe nya la me na Pilato le gaƒoƒo ʋee aɖewo megbe. Egblɔ be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.” (Yohanes 18:36) Fiaɖuƒe si Mawu tsɔ na Yesu mele abe Dawid ƒe fiaɖuƒe si nɔ anyigba dzi ene o, ke dziƒoe wòle eye wòana ŋutifafa nava anyigba dzi.

Mawu ƒe Aʋakɔwo Yi Aʋa

Mawu ƒe aʋakɔwo atso ɖe dɔ ŋu kpuie. Esime Nyaɖeɖefia nɔ aʋakpekpe si le ŋgɔ ƒe nya gblɔm la, eyɔ Yesu be “Mawu ƒe nya.” Míexlẽ be: “Aʋakɔ, siwo le dziƒo la, do sɔ ɣiwo dze eyome, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu ɣi dzadzɛ, siwo le dzo sim. Eye yi ɖaɖɛ do tso eƒe nu me, bena wòatsɔe adza dukɔwo.” Biblia gblɔ be “anyigba dzi fiawo kple woƒe aʋakɔwo” atsrɔ̃ le aʋakpekpe sia me. Ke nyagblɔɖia gblɔ le amesiwo gbe be yewomanɔ megbe na Mawu o ŋu be: “Wotsɔ yi, si do tso amesi le sɔ dzi la ƒe nu me la, wu ame susɔeawo.” Woaxɔ ŋusẽ le Satana Abosam gɔ̃ hã si. Nyateƒee, nusiae ana ŋutifafa nava xexeame eye asrafowo magahiã o.—Nyaɖeɖefia 19:11-21; 20:1-3.

Bu Xexe si me Aʋawɔwɔ Manɔ O Ŋu Kpɔ

Àte ŋu akpɔ xexe si me le dedie ale gbegbe be asrafowo megahiã o la le susu mea? Psalmo aɖe le Biblia me si gblɔ be: “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, amesi doa aƒedo anyigba, amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke.”—Psalmo 46:9, 10.

Gbɔdzɔe ka gbegbee nye si wòanye! Kpɔ alesi wòanɔ be ameƒomea navo atso adzɔxexe ɖe asrafowo kple woƒe nuzazãwo ta ƒe agba gã la tee ɖa! Amewo azã woƒe ŋusẽ ɖe nɔnɔmewo ɖɔɖɔɖo na amesiame ŋu, kple ɖe anyigbadzadzraɖo kpakple nuwo dodo ɖe edzi ŋu. Mɔnukpɔkpɔ yeye geɖe aʋu ɖi be woato nusiwo aɖe vi ŋutɔŋutɔ na ameƒomea vɛ.

Nyagblɔɖi sia ava eme le xexeame katã: “Womase ŋutasesẽ ŋkɔ le wò anyigba dzi azɔ o kple tsɔtsrɔ̃ kpakple gbegblẽ ŋkɔ le wò liƒowo dzi o.” (Yesaya 60:18) Magadzɔ gbeɖe be nɔnɔmea nazi sitsoƒedila wɔnamanɔŋutɔwo dzi woasi adzo le afisiwo wole aʋa wɔm le agblẽ woƒe aƒewo kple nunɔamesiwo ɖi aɖanɔ asaɖawo me le fukpekpe me o. Magadzɔ gbeɖe be amewo nawó avi ɖe woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo wowu alo wozu wɔametɔwo le dukɔwo dome ʋawo me ta o. Yehowa ƒe Fia si le dziƒo ana ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe xexeame katã tegbee. “Ame dzɔdzɔe la amie le eƒe ŋkekewo me, eye ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”—Psalmo 72:7, 14.

Nusi ganyo wue nye alesi míanɔ agbe le amesiwo srɔ̃e be yewoaɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ afia ke menye be woalé fu ame o la dome. Mawu ƒe Nya la gblɔe ɖi be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” Aleke nɔnɔmea anɔ ne míele amesiwo nya Yehowa eye wolɔ̃nɛ dome? Agbalẽ ma ke gblɔe ɖi be: “Dzɔdzɔenyenye ƒe dɔwɔwɔ anye ŋutifafa, eye dzɔdzɔenyenye ƒe viɖe anye gbɔdzɔe kple dziɖeɖi tegbee. Eye nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.”—Yesaya 11:9; 32:17, 18.

Amesiwo tu woƒe xɔse ɖe Biblia me sidzedze dzi la nya be Mawu ƒe asrafowo le klalo be yewoaɖe ŋutifafa me gblẽlawo ɖa. Sidzedze sia na wotsɔa kakaɖedzi wɔna ɖe nusi Biblia gblɔ be “ava me le ŋkeke mlɔeawo me” la dzi. Eyae nye be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ [magatsɔ] yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.”—Yesaya 2:2-4.

Dukɔ geɖe me tɔ siwo va zu Yehowa Ðasefowo la ‘megale aʋawɔwɔ srɔ̃m o’ xoxo. Woka ɖe edzi be Mawu ƒe dziƒoʋakɔwo akpɔ yewo ta. Kakaɖedzi ma ate ŋu asu wò hã asiwò, ne èsrɔ̃ Biblia tso wo gbɔ.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]

U.S. National Archives photo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe