Ðe Wòanyo be Mabia Kpekpeɖeŋu tso Dutaa?
Ɣeaɖewoɣi gbeƒãɖela aɖewo ŋlɔa agbalẽ ɖona ɖe Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le dukɔ bubuwo me hebiaa nu vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo biana be woana xɔlɔ̃ yewo, woadi srɔ̃ na yewo, woaɖo kasɛt alo videokasɛtwo ɖe yewo, alo biaa gadodo gɔ̃ hã.
Míedi be míana amesiame nanya be Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo mate ŋu akpɔ biabia siawo gbɔ o. Kpekpeɖeŋunahabɔbɔ si media viɖe o ye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa nye. Ame ɖekaɖekawoe wɔa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ tso xexeame godoo be woatsɔ akpɔ gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti gbedasia le xexeame katã dzaa ko gbɔe. (Mateo 24:14) Esi wòle alea ta la, wozãa ga ɖesiaɖe si amewo dzɔna la ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu dzaa ko eye womate ŋu adoe na ame ɖekaɖekawo o.
Ame bubuwo ŋlɔa lɛta na xɔlɔ̃wo kple ame bubuwo le duta nɔa ŋutilãme kpekpeɖeŋu biam. Ðe míagblɔ be míawo ko ŋue ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sẽ’ la le nu gblẽm le, eye ame bubuwo, si me míaƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo le dukɔ bubuwo me hã le, ya mele eme oa?—Tim. II, 3:1.
Ðoɖo le Kristo-hamea si be woatsɔ akpe ɖe ame dahewo kple amesiwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le siwo le mía dome ŋu. Woɖe ɖoɖo sia me ɖe agbalẽ si nye Ðoɖo Hena Míaƒe Subɔsubɔdɔa Nu Wuwu ƒe axa 121 vaseɖe 123 me. Eyata masɔ be woaŋlɔ lɛta na hamewo kple alɔdzedɔwɔƒewo le dukɔ bubuwo me anɔ kpekpeɖeŋu biam o.
Azɔ hã ele be hamewo kple amesiwo wɔa nudɔdɔwo ƒe adrɛs siwo le Habɔbɔa ƒe nudzraɖoƒewo nanɔ ɣaɣla, eye womate ŋu atsɔ wo na ame ɖekaɖeka siwo le xɔlɔ̃ alo le srɔ̃ dim be woaŋlɔ agbalẽ na wo nɔewo o. Ne èle mɔ zɔm yi dukɔ bubu me la, àte ŋu aŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ ma me abia Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò wu kple woƒe kpekpewɔɣiwo.
Míaƒe wɔwɔ ɖe mɔfiame siawo dzi aɖe dɔ kple ɣeyiɣi gbegblẽ geɖe dzi akpɔtɔ na Habɔbɔa.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 14:20.