Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
Kwasiɖa si Dze Egɔme September 11
Hadzidzi 139
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
15 min: “Yehowa ƒe Yayra Wɔa Mí Kesinɔtɔwoe.” Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye emegbe nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee.—Kpɔ Insight, Babla 2 lia, axa 804, memama 6-7.
20 min: “Zã Nusiwo Dzɔ Nyitsɔ Laa Nàtsɔ Anyɔ Ðetsɔlemee.” Nyatia me dzodzro kple nyaselawo kpakple wɔwɔfiawo. Yɔ nyitsɔ laa ƒe nudzɔdzɔ geɖe siwo me amewo tsɔ ɖe le vevie le miaƒe nutoa me. Aleke nusia na wotsi dzi ɖe etsɔme ŋui? Zã Reasoning-gbalẽa, axa 10-11 [alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 6-7], nàtsɔ aɖo aɖaŋu tso mɔ siwo dzi woato adzra ŋgɔdonya ɖo atsɔ adze Biblia me numedzodzro wɔwɔ gɔmee. Na woawɔ wɔwɔfia eve siwo ŋu wodzra ɖo le nyuie.
Hadzidzi 224 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme September 18
Hadzidzi 2
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.
10 min: “Ðe Wòanyo be Mabia Kpekpeɖeŋu tso Dutaa?” Hamemegã ƒe nuƒo.
12 min: Dɔ Kae Míewɔ le Ƒe si Va Yi Me? Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro hamea ƒe ƒe 2000 subɔsubɔƒea ƒe akɔntabubu me nya veviwo me. Kafu nɔviawo le afisiwo wowɔ dɔ nyui le. Tɔ asi akpa siwo wòhiã be woawɔ ŋgɔyiyi le dzi. Ƒo nu tso alesi hamea ƒe kpekpewo dede, Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmedzedze kple wo wɔwɔ, kple gbeadzidede edziedzi nɔ ŋu. Tsɔ taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo le ƒe si gbɔna me ɖo hamea ŋkume.
15 min: “Amewo ƒe Agbe Ðo Afɔku Me!” Nyatia me dzodzro kple nyaselawo. Dzro ŋɔŋlɔ siwo woyɔ ɖe nyatia me la me.
Hadzidzi 30 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme September 25
Hadzidzi 93
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo katã be woatsɔ woƒe September gbeadzikɔntabubu ana. Dzro Nyabiaɖaka me.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo.
15 min: Asixɔxɔ Mevɔna le Míaƒe Magazinewo Ŋu O. Nukae nèwɔna ne Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata xoxowo li kɔ ɖe asiwò? Gbeƒãɖela aɖewo adi be yewoatsɔ wo aƒu gbe, esi wobu be nyatia do xoxo ta. Gake September 1993 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 3, de dzi ƒo na mí be míatsɔ magazine ƒe tata xoxo aɖewo ɖe asi ayi gbeadzi eye míana wo ne wòsɔ. Àte ŋu atsɔ nyati siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi, si ate ŋu alé dzi na ŋutsuwo, nyɔnuwo, dɔ vovovo wɔlawo, ame tsitsiwo, kple ƒewuiviwo ɖe asi; emegbe na be magazineawo nanɔ ŋuwò be nàna wo ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi. Wɔ alesi woatia nyatiwo ahaƒo nu tso wo ŋui ƒe wɔwɔfia. Ƒo nu tso dzidzedze siwo gbeƒãɖelawo kpɔ le magazine xoxowo nana me ƒe nuteƒekpɔkpɔwo ŋu.
Hadzidzi 115 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 2
Hadzidzi 169
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na hamea nanya nu tso ɖoɖo tɔxɛ siwo miewɔ ɖe Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama, si adze egɔme Dzoɖa, October 16, vaseɖe Fiɖa, November 17, dzi la ŋu. De dzi ƒo na amewo katã, ɖeviwo kple ame yeyewo siaa, be woadze agbagba akpɔ gome le eme bliboe. Ele be nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo nadze egɔme fifia anɔ dzi dem ƒo na amesiwo katã le woƒe ƒuƒoƒowo me ahawɔ ɖoɖo na wo be woakpɔ gome le eme dzonɔamemetɔe alesi woate ŋui. Gblɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya mamlɛtɔ si míema va yi ƒe nuteƒekpɔkpɔ tuameɖowo kpee.
15 min: “Ðe Maʋua?” Hamemegã ƒe nuƒo. Ðe nusita wòle vevie be míawɔ gɔmesese ŋudɔ le nyametsotso wɔwɔ be woaʋu ayi teƒe bubu me la me. Dzro alesi woawɔ aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 22:3 ŋudɔe me. Ƒo nu tso nuxlɔ̃amenya siwo dze le August 15, 1988, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 22 la ŋu kpee.
15 min: Dzeɖoɖowo Gɔmedzedze ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo. Wokafui le September 11 ƒe kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖia me be míazã nusiwo dzɔ nyitsɔ laa woanye ŋgɔdonya si míatsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ahadze dzeɖoɖo gɔme le gbeadzi. Kpe nyaselawo ne woagblɔ nu nyui siwo do tso eme na wo tso esime wotsɔ aɖaŋuɖoɖo siawo de dɔwɔwɔ me.
Hadzidzi 205 kple gbedodoɖa hena kpakpã.