INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 5/1 axa 28-29
  • Ðe Mawu ƒe Mɔwo ‘Glɔ̃naa’?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu ƒe Mɔwo ‘Glɔ̃naa’?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nuwo ƒe Ðɔɖɔɖoɣi
  • Na Yehowa Nanye Amesi Ŋu Nèɖoa Ŋu ɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Alesi Nuwɔamewo Nu Ava Yii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
    “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
  • Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Wò Vavã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 5/1 axa 28-29

Ðe Mawu ƒe Mɔwo ‘Glɔ̃naa’?

WOGBLƆA NYA AÐE LE BRAZIL BE: “DEUS ESCREVE CERTO POR linhas tortas” (“Mawu ŋlɔa nu nyui ɖe fli gɔglɔ̃wo me”). Efia be Mawu wɔa nu nyui ɣesiaɣi gake ɣeaɖewoɣi ewɔnɛ le mɔ si amegbetɔwo buna be mesɔ o nu. Le kpɔɖeŋu me, ne amesi metsi boo o ku la, ame geɖe gblɔna be, ‘Mawue yɔe yi dziƒo.’ Ne ame aɖe zu nuwɔametɔ alo kpɔ afɔku aɖe la, ame aɖewo gblɔna be, ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nue.’ Esi amewo bua fɔ Mawu ɖe ku, ŋutilãmekuxiwo, kple nu bubu siwo doa nuxaxa na ame ta la, nyagbɔgblɔ mawo fia be Mawu ‘ŋlɔa nu wòglɔ̃na,’ si nye be ewɔa nu le mɔ si amegbetɔwo mate ŋu ase egɔme o nu.

Nukatae ame geɖe siwo doa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu xɔe se be Mawu gbɔe ku kple fukpekpewo tso? Zi geɖe la, wotua dzixɔse siawo ɖe mawunyakpukpui ɖekaɖeka aɖewo siwo meku ɖe nya mawo ŋu hafi o gɔmemasemase dzi. Mina míazã ɣeyiɣi kpui aɖe alé ŋku ɖe wo dometɔ ʋee aɖewo ŋu kpɔ.

● “Ameka wɔ nu na ame? Ameka wɔ aɖetututɔ alo tokunɔ alo nukpɔla alo ŋkuagbãtɔ? Alo menye nye Yehowa oa?”—Mose II, 4:11.

Ðe esia fia be Mawu gbɔe amesiwo katã nye nuwɔametɔ vovovowo ƒe fukpekpe tsoa? Ao. Esia masɔ ɖe Mawu ƒe amenyenye nu o. Biblia gblɔ na mí be: “Mawu ƒe nuwɔnawo katã nyo.” (Timoteo I, 4:4) Mele be woabu fɔe nenye be wodzi ame aɖe ŋkuagbãtɔ, aɖetututɔ, alo tokunɔ o. Eƒe nuwɔwɔwo ƒe nyui koe wòdina, elabena Eya gbɔe “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” tso.—Yakobo 1:17.

Mía dzila gbãtɔ, Adam kple Xawa, ŋutɔe tiae be yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu eye wobu woƒe blibodede ale be womete ŋu dzi vi deblibowo. (Mose I, 3:1-6, 16, 19; Hiob 14:4) Esi woƒe dzidzimeviwo ɖe srɔ̃ hedzi viwo la, blibomademade kpakple nuwɔametɔnyenye va nɔ dzedzem wu le amegbetɔwo dome. Togbɔ be menye Yehowa Mawu gbɔe esia tso o hã la, eɖe mɔ ɖe eŋu. Eyata, ate ŋu agblɔ le eɖokui ŋu be ‘yewɔ’ aɖetututɔ, tokunɔ kple ŋkuagbãtɔ.

● “Womate ŋu adzɔ nu gɔglɔ̃ o.”—Nyagblɔla 1:15.

Ðe Mawue nye amesi wɔ nuwo woglɔ̃a? Edze ƒã be menye eya ye o. Nyagblɔla 7:29 gblɔ be: “Mawu wɔ amegbetɔwo woto mɔ ɖeka, ke woawo dia ayedzedze geɖe.” Contemporary English Version ɖe kpukpui sia me be: “Alakpa aɖeke menɔ mía me esime Mawu wɔ mí o, gake fifia míaƒe susuwo tro.” Le esi teƒe be woawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi la, zi geɖe la, ŋutsu kple nyɔnu akpa gãtɔ ɖonɛ koŋ tianɛ be yewoadze yewo ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo, aɖaŋuwo, nutovɛwo, alo mɔwo yome—si va gblẽa nu le wo ŋu.—Timoteo I, 2:14.

Azɔ hã abe alesi apostolo Paulo de dzesii ene la, amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃ na “wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te.” (Romatɔwo 8:20) Amegbetɔ ƒe agbagbadzedze “mate ŋu adzɔ” nɔnɔme sia o. Mawu koe ade nu eme hafi woate ŋu aɖe nusiwo katã glɔ̃ hegblẽ le anyigba dzi nyawo me ɖa.

● “Ðe ŋku ɖe Mawu ƒe dɔwo; elabena ameka adzɔ nusi wòglɔ̃ la?”—Nyagblɔla 7:13.

Le mɔ bubu nu la, Fia Salomo bia be: ‘Amegbetɔ kae ate ŋu adzɔ nu gbegblẽ kple blibomademade siwo ŋu Mawu ɖe mɔ le?’ Ame aɖeke mate ŋui o, elabena susu aɖe tae Yehowa Mawu ɖe mɔ be nusiawo nadzɔ.

Eyata Salomo kafui be: “Kpɔ dzidzɔ le gbe nyui gbe, eye le dzɔgbevɔ̃egbe la ɖo ŋui be, Mawu ye wɔe abe ekeme ke ene, ne amegbetɔ maganya nusi adzɔ le emegbe o.” (Nyagblɔla 7:14) Ele be ame nakpɔ ŋudzedze ɖe ŋkeke si dzi nuwo zɔ nyui ŋu eye wòaɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to nu nyuiwɔwɔ me. Ele be wòabu ŋkeke si dzi nu de ame dzi be enye nunana tso Mawu gbɔ. Ke ne afɔkue dzɔ le ŋkekea me ɖe? Anyo be amea ‘nakpɔe’ be Mawu ɖe mɔ be dzɔgbevɔ̃ea nadzɔ. Nukatae wòwɔe nenema? Salomo gblɔ be: “Ne amegbetɔ maganya nusi adzɔ le emegbe o.” Nukae esia fia?

Nyateƒe si wònye be Mawu ɖea mɔ be míakpɔ dzidzɔ eye míado go kuxiwo la ɖo ŋku edzi na mí be míate ŋu agblɔ nusi adzɔ le etsɔme o. Dzɔgbevɔ̃e ate ŋu adzɔ ɖe ame dzɔdzɔe kple ame madzɔmadzɔ siaa dzi. Ame aɖeke meto le eme o. Ele be esia nana míakpɔ alesi wòle vevie be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, ke menye mía ɖokui ŋu o, eye míaɖo ŋku edzi be “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Togbɔ be míate ŋu ase nanewo gɔme fifia o hã la, míate ŋu aka ɖe edzi be ne nusianu wu enu vɔ la, nusi ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo la akpɔ nya vevi aɖe gbɔ wòaɖe vi na amesiwo katã ŋu wòku ɖo.

Nusianu si ŋu wòɖe mɔ ɖo magblẽ nu le dzianukwaretɔwo ŋu ɖaa o. Apostolo Petro na esia me kɔ nyuie esi wònɔ nu ƒom le fukpekpe siwo ava haxɔsetɔwo dzi le eƒe ɣeyiɣia me ŋu be: “Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu vi aɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi.”—Petro I, 5:10.

Nuwo ƒe Ðɔɖɔɖoɣi

Yehowa doa ŋusẽ mí be míado dzi le tetekpɔ siwo vaa mía dzi fifia la me. Edo ŋugbe hã be yeawɔ “nuwo katã yeye.” (Nyaɖeɖefia 21:5) Ẽ, eɖo tame be eteƒe madidi o yeƒe Dziƒofiaɖuƒea ahe lãmesẽ vɛ na nuwɔametɔwo eye akpɔ egbɔ be wofɔ ame kukuwo hã ɖe tsitre. Dziɖuɖu ma aɖe amesi ƒe mɔwo glɔ̃ ŋutɔŋutɔ la ɖa—eyae nye Satana Abosam. (Yohanes 5:28, 29; Romatɔwo 16:20; Korintotɔwo I, 15:26; Petro II, 3:13) Yayra ka gbegbee nye esi wòanye na mawuvɔ̃lawo le anyigba dzi katã ne Mawu ƒe ɣeyiɣia de be wòaɖɔ nuwo ɖo!

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]

Job Hearing of His Ruin/The Doré Bible Illustrations/Dover Publications

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe