INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/00 axa 1
  • Àyi Edzi Ado Dzi Vaseɖe Nuwuwua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àyi Edzi Ado Dzi Vaseɖe Nuwuwua?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 10/00 axa 1

Àyi Edzi Ado Dzi Vaseɖe Nuwuwua?

1 Le “Mawu ƒe Agbemɔ” Nutome Gã Takpekpe si míewɔ le ƒe 1998 me ƒe nuwuwu la, Yehowa Ðasefowo da asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa 7 siwo te gbe ɖe alesi míeɖoe be míazɔ le Mawu ƒe agbemɔ dzii la dzi. Eƒe akpa aɖe gblɔ be: “Míayi edzi alé agbenyuinɔnɔ deŋgɔ kple Biblia ƒe gbɔgbɔmedzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi. Míeɖoe kplikpaa be míazɔ abe alesi dukɔwo zɔna le woƒe tamesusu ƒe yakanyenye me ene o. (Efe. 4:17-19) Míeɖoe kplikpaa be míanɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume eye míadzra mía ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexeame. (Yak. 1:27)” Esi wònye míele amesiwo medea bubu Mawu ƒe Agbemɔ ŋu o dome ta la, ebia lɔlɔ̃ deto na Yehowa kple eƒe sewo bene míayi edzi alé tenɔnɔ kɔkɔ sia me ɖe asi.—Ps. 11:7; 119:165.

2 Yesu Kristo gblɔ mɔkpɔkpɔ nya siawo be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mat. 24:3, 13) Le mí ame ɖekaɖeka siwo le Mawu ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo hena anyigba me vava lalam gome la, “nuwuwua” ate ŋu afia ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ alo míaƒe kuku. Gake be míakpɔ ɖeɖe mlɔeba la, ele vevie be míado dzi nuteƒewɔwɔtɔe.—Pet. I, 1:8, 9.

3 Esi Satana si nye “dzata, si le gbe ɖem” nya be yeƒe ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie ta la, edi vevie be yeavuvu Yehowa subɔlawo. (Pet. I, 5:8; Nyaɖ. 12:12, 17) Le ƒe 1999 subɔsubɔƒea ɖeɖe ko me la, gbeƒãɖela 522—siwo de hame enyi kloe—ye woɖe le hame le Ghana, eye ʋɔnudrɔ̃kɔmitiwo ka mo na bubu geɖewo! Agbegbegblẽnɔnɔ—matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, alo hadzegbenɔnɔ—tae woɖe wo dometɔ siwo wu alafa memama 80 le haa me ɖo! (Tsɔe sɔ kple Mose IV, 25:1, 9; Korintotɔwo I, 10:8.) Aleke gbegbe wòle vevie be míanɔ ŋudzɔ, eye ‘míanɔ tsitre sesĩe ɖe Satana ŋuti le xɔse me’ enye si!—Pet. I, 5:9.

4 Ele be míade dzesii be Mawu subɔla aɖeke meto le alesi wòhiã be wòado dzi atsɔ aɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fia la me o. Eva hiã be Yesu, si nye míaƒe Kpɔɖeŋuɖola, naɖo kpe eƒe tenɔnɔ sesĩe dzi. Eto ema dzi ɖo dzidodo ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. (Heb. 12:1-3) Apostolo Paulo srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua. (Kor. II, 12:11, 12) Togbɔ be Paulo do go mɔxenu sesẽwo hã la, ede asixɔxɔ eƒe subɔsubɔdɔa ŋu ale gbegbe be wòdo dzi geɖe hedo dɔa ɖe dzi. (Kor. II, 6:3, 4, 9) Ekema aleke gbegbe wòle vevie enye si be míagabu Yehowa ƒe Nya nu tsɛe o! Ele be wòanye ŋusẽdonu vevi aɖe le míaƒe agbe me, eye ele be míatsɔ míaƒe dzi blibo axɔ edzi ase ne míedi tututu be míado dzi.—Yak. 1:21.

5 Lé Be Na Wò Gbɔgbɔmelãmesẽ: Ne míeléa be na míaƒe ŋutilãmelãmesẽ edziedzi la, míete ŋu tsia tre ɖe dɔléle nu nyuie wu. Eye ne míedze dɔ hã la, míehayana kaba wu. Nenema ke ne míeléa be na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ, eye yayra siwo kpɔm míele fifia kple esiwo le mía lalam le susu me na mí nyuie, eye míeɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu tsɔ wu mía ŋutɔwo tɔ ŋu la, anɔ bɔbɔe na mí wu be míatrɔ asi le kuxi siwo ado mo ɖa ŋu.

6 Esia bia be míaɖu nusiwo Mawu naa mí eye míakpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔme “nuɖuɖu” dami si wònana le “ɣeyiɣi nyui dzi” to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” dzi la ŋu. (Mat. 24:45-47) Ẽ, ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ mí to ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, Kristotɔwo ƒe dɔa wɔwɔ dzonɔamemetɔe, kple vevietɔ to gbedodoɖa dzi la, míaƒe gbɔgbɔme gɔmesesewo adzi ɖe edzi, eye wòakpe ɖe mía ŋu be míado dzi le nɔnɔme siwo tea ame kpɔna siwo ado mo ɖa tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la me.—Ps. 1:1-3.

7 Beléle na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ bia hã be míagaŋe aɖaba aƒu Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo siwo bia be míaƒo asa na nɔnɔme siwo ade ame ƒe gbɔgbɔmemenyenye afɔku me la dzi o. Amesiwo woɖe le hame la ƒe akpa gãtɔ metsri hadede kplikplikpli kple xexeame o esi woƒo wo ɖokui ɖe modzakaɖeɖe maɖɔʋuwo me. (Kor. I, 15:33) Xexeame ƒe amenublenu fluame siwo nya kpɔna he wo eye wodi be yewoanye eƒe akpa aɖe. (Yoh. I, 2:15-17) Bubuwo susui be Yehowa ƒe sewo xea mɔ ɖe ame nu akpa. (Kor. I, 6:9, 10) Etsi megbe fũ akpa hafi wova dze sii be mɔ si nyo na mí wu nue Yehowa le mía kplɔm le.—Yes. 48:17, 18; Ps. 19:10-12.

8 Míate ŋu aƒo asa na mɔxenuwo alo nɔnɔme siwo tea ame kpɔna keŋkeŋ o. Gake ne míelé be na míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ nyuie do ŋgɔ la, nu mawo maɖi ɖe mí o. Ðo ŋku edzi be Yehowa kpɔa dzidzɔ ne esubɔlawo do dzi. Eyata mina míayi edzi azɔ le eƒe mɔ dzi be míado dzidzɔ na eƒe dzi.—Lod. 27:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe