Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 9
Hadzidzi 10
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo, kpakple gbeƒãɖeɖe si ku ɖe Tokunɔwo ƒe Gbe ƒe takpekpe evelia si woawɔ ŋu.
12 min: “Àyi Edzi Ado Dzi Vaseɖe Nuwuwua?” Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o, eye emegbe nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro nyatia mee.
25 min: “Ƒe Akpe Yeye La—Nukae Etsɔ si Gbɔna Ahe Vɛ na Wò?” Subɔsubɔdɔdzikpɔla ƒe numedzodzro si me dzo le. Ne èxlẽ gbeƒãɖeɖe si le July 3, 2000, ƒe lɛta si Habɔbɔa ŋlɔ na hamemegãwo vɔ la, na woama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia ɖekaɖeka na vavala ɖesiaɖe. Eyome nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro nyatia mee. Gblɔ ɖoɖo si miewɔ le mia gbɔ be woakpe anyigbamama bliboa ɖo. Ƒo nu tso alesi woakpe ɖe ame yeyewo kple ɖeviwo ŋu be woadze azu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Wɔ emama ƒe wɔwɔfia kpui aɖe. Te gbe ɖe alesi wòhiã be amesiame nakpɔ gome bliboe le dɔ sia me dzi.
Hadzidzi 53 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 16
Hadzidzi 104
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ðo ŋku edzi na nɔviwo be míama Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia akpe ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ŋu le kwasiɖanuwuwu ƒe dɔwɔnawo me.
15 min: “Dɔwɔnu Siwo Fiaa Nu, Ʋãa Ame, Hedoa Ŋusẽ Ame.” (Memama 1 kple 2 ko.) Nuƒo. Ƒo nu tso Habɔbɔa ƒe videowɔwɔ ŋutinya ŋu kpuie. (Kpɔ Proclaimers-gbalẽa, axa 600-601.) De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name atsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzro si woawɔ le October 30 kwasiɖaa ƒe Subɔsubɔ Kpekpe me ŋui. Amesiwo si videoa le ate ŋu aɣee na amesiwo si mele o ne woakpɔ, alo ɖewohĩ woate ŋu akpɔe ɖekae.
20 min: Mí Katã Míate Ŋu Aɖe Mɔɖeɖedɔa Wɔwɔ ƒe Gbɔgbɔ Afia. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla aɖe kple eƒe kpeɖeŋutɔ ƒe numedzodzro si wotu ɖe October 15, 1997, Gbetakpɔxɔ, axa 22-3 dzi. Gblɔ nusita wòanyo be mɔɖelawo nasɔ gbɔ le hamea me kple alesi mí katã míate ŋu awɔ nui be míaɖo taɖodzinu sia gbɔ. Woaƒo nu tso mɔ siwo dzi woato ade dzi ƒo na amesiwo le mɔɖeɖedɔa wɔm fifia be woayi edzi kple alesi hamea me tɔ ɖesiaɖe ate ŋu atu dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋui ɖo ŋu.
Hadzidzi 131 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 23
Hadzidzi 127
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
15 min: “Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Akɔdadae?” Hamemegã si kpɔ nuteƒe ƒe nuƒo si wotu ɖe November 1, 1999, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 28-9 dzi. Ƒo nu tso nyati atɔ̃awo ko ŋu. Mègagbɔ nya siwo woŋlɔ ɖi ŋu o. Te gbe ɖe edzi be nusi ame bubuwo ƒe dzitsinya ɖe mɔ na wo be woawɔ meganye nukikli na nɔviwo o.
20 min: Dzra Ðo ɖe Kpekpeawo ŋu Nyuie. Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. Vi siwo kpekpeawo ɖena na mí ƒe akpa gã aɖe nɔ te ɖe alesi míedzrana ɖo ɖe wo ŋui dzi. Dzro aɖaŋu nyui siwo woɖo le March 1, 1998, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 15-16, memama 8-11 me. Kpe nyaselawo be woaƒo nu tso alesi woawo ŋutɔ wowɔa ɖoɖo siwo hiã le wo ɖokui si ale be wokpɔa ɣeyiɣi dzrana ɖo nyuie ŋu.
Hadzidzi 211 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme October 30
Hadzidzi 167
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na nɔviwo be woatsɔ woƒe October gbeadzisubɔsubɔkɔntawo ana.
12 min: Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia Mama ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo. Bia tso gbeƒãɖela vovovowo si be woagblɔ Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama ƒe nuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siwo le wo si va ɖo fifia. Kpe gbesiagbe kple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo be woagblɔ alesi wokpɔ ŋudzedze ɖe dɔa ƒe dzidziɖedzi le dɔ sia wɔɣi ŋu kple mɔnukpɔkpɔ si wònye na wo be woawɔ dɔ kple gbeƒãɖela vovovowo.
25 min: Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name. Numedzodzro kple nyaselawo. Ƒo nu tso nya siwo wobia le nyati si nye “Dɔwɔnu Siwo Fiaa Nu, Ʋãa Ame, Hedoa Ŋusẽ Ame” ƒe memama 3 lia me ŋu. Ðo aɖaŋu le alesi míate ŋu atsɔ video la akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋui be woanya míaƒe Habɔbɔa nyuie ŋu. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ kpui ɖeka alo eve.—Kpɔ October 1, 1992, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 30-1.
Hadzidzi 15 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme November 6
Hadzidzi 198
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gaƒo nu tso afisi míeɖo na Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 36 lia mama ŋu. Ƒo nu tso anyigbamama lolome si miekpe ɖo va ɖo fifia kple nusi agahiã hafi míakpe anyigbamamaa ɖo keŋkeŋ le November 17 lia dzi ŋu.
20 min: Nukawoe Nye Míaƒe Dzixɔse? Nɔviŋutsu aɖe trɔ yi ame aɖe si bia be, “Nukawoe Yehowa Ðasefowo fiana si na be woto vovo tso subɔsubɔha bubuwo gbɔ?” la gbɔ. Dzro nusiwo woyɔ le aɖaka si le October 1, 1998, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 6 lia me. Ðe alesi subɔsubɔha bubuwo metsɔ ɖeke le Biblia ƒe nufiafia vevi siawo me o alo wogbe wo kura hexɔ amewo ƒe nufiafiawo ɖe eteƒe la me.
10 min: Hadzidzi—Míaƒe Tadedeagu ƒe Akpa Vevi Aɖee Wònye. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla aɖe ɖo dze kple gbeƒãɖela eve tso woƒe hadzidzi le hamea ƒe kpekpewo me ŋu. Ede dzesii be ewɔ abe agbe megale nɔviwo ƒe hadzidzi me le kpekpeawo me o ene. Egblɔ February 1, 1997, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 27-8 me nya aɖewo. Wodzro ha siwo woadzi le kwasiɖa sia me Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me la dometɔ ɖeka me nyawo me, abe alesi woɖo eƒe aɖaŋu le July 1, 1999, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 20, memama 12 me ene. Ne míetsɔ hadzidzi nu vevii la, ke míele agbe dem míaƒe kafukafu si tso dzime tsɔtsɔna Yehowa me.
Hadzidzi 223 kple gbedodoɖa hena kpakpã.