Aleke Kristotɔwo ƒe Hadede Le Vevie?
1 “Ame aɖeke menye tɔdomekpo o.” Nya ma si ƒe alafa 17 lia me hakpanyaŋlɔla aɖe gblɔ na míeɖo ŋku nusi Biblia gblɔ tso amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevitɔ aɖe dzi—eyae nye hadede. (Lod. 18:1) Míaƒe Kristotɔwo ƒe hadede kpɔa nuhiahiã sia gbɔ. Le mɔ vevi kawo nu?
2 Le Subɔsubɔdɔa Me: Viɖe gbãtɔawo dometɔ ɖekae nye alesi mía nɔviwo doa ŋusẽ mí hekpena ɖe mía ŋu le dutoƒosubɔsubɔdɔa me. Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖa “eveveve” be woaɖa ɖe gbeƒã. (Mar. 6:7; Luka 10:1) Le ɖekawɔwɔ me kple kpɔɖeŋu sia la, míekpɔa nyateƒenyenye si le Nyagblɔla 4:9, 10 ŋu dzea sii ne míele dɔ wɔm kple ame bubuwo le gbeadzi subɔsubɔdɔa me. Esime míele míaƒe subɔsubɔdɔa wɔm ɖekae la, xɔse, toɖoɖo, kple lɔlɔ̃ si le míaƒe zɔhɛawo si dea dzi ƒo na mí eye wogadea dzo yeye mía me.
3 Mía Ŋutɔ ƒe Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ: Míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa hã nye dzideƒo kple mɔfiafia tsoƒe hena akɔkpekpe kple nyaƒoɖeamenuwo kpakple tetekpɔwo dzi ɖuɖu. Míaƒe zɔhɛ Kristotɔwo ate ŋu ahe míaƒe susu ayi ŋɔŋlɔ siwo akpɔ míaƒe nɔnɔmea gbɔ dzi. Woate ŋu ado gbe ɖa ɖe mía ta gɔ̃ hã, abe alesi míewɔnɛ na wo ene. (Kor. II, 1:11) Ðikeke mele eme o be, woƒe kpɔɖeŋu nyuiawo aʋã mí le dɔ nyuiwo wɔwɔ me eye wòado ŋusẽ mí godoo.
4 Le Kpekpewo Me: Míekpɔa yayra si le Kristotɔwo ƒe hadede me ne míedea hamea ƒe kpekpewo edziedzi. (Heb. 10:24, 25) Gbɔgbɔmenufiame geɖe nɔa kpekpeawo me, eye míaƒe kpekpeawo me nɔnɔ tea mí ɖe haxɔsetɔwo ŋu kplikplikpli. Ƒuƒoƒo alea naa mɔnukpɔkpɔ mí be míase alesi mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le woƒe xɔse me ʋum eɖanye le kplɔ̃a ta alo le anyinɔƒea o. (Rom. 1:12) Hadede do ŋgɔ na kpekpeawo kple emegbe ganaa míaƒe hadedea me sẽna ɖe edzi. Ɣeyiɣi mawo naa mɔnukpɔkpɔ mí be míagblɔ míaƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo tua xɔse ɖo. Ne míedea ha faa kple amesiwo lɔ̃ Yehowa, eƒe Nya, eƒe dɔa, kple eƒe amewo la, ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe míaƒe amenyenye dzi.—Fil. 2:1, 2.
5 Míehiã míaƒe zɔhɛ Kristotɔwo. Woawo manɔmee la, mɔ xaxɛ si ɖo ta agbe mavɔ me dzi zɔzɔ agasẽ ɖe edzi awu. To woƒe lɔlɔ̃ kple dzideƒoname dzi la, míate ŋu ayi edzi aɖo ta Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me.—Mat. 7:14.