INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/01 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme August 13
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme August 20
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme August 27
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme September 3
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
km 8/01 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Kwasiɖa si Dze Egɔme August 13

Hadzidzi 30

13 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. De dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ video si nye The New World Society in Action (Xexeme Yeye Habɔbɔa Le Dɔ Dzi) atsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzro si woawɔ le Subɔsubɔkpekpea me le August 27 ƒe kwasiɖaa me la ŋu. Dzro “Ghana Betel Kekeɖenudɔa ŋu Nyatakakawo” me. Kwasiɖanuwuwu eve koe susɔ le August me, eyata de dzi ƒo na amesiame be wòakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hafi ɣletia nawu nu be míate ŋu awu subɔsubɔƒea nu nyui.

17 min: “Ðe Nèdi Be Yeawɔ Geɖe Wua?”a Gblɔ aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe alesi woawɔ aɖi ɖase na amesiwo doa gbe bubu le míaƒe anyigbamama me ŋu kpee. Ƒo nu tso June 15, 1997, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 26-9 me nyawo ŋu kpuie.

15 min: “Na Ðiɖiɖeme Nanɔ Nɔƒe si Sɔ.” Agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla si nɔ dze ɖom kple atsu kple asi aɖe le kpekpeawo ƒe nuwuwu. Egblɔ na wo tufafatɔe be yekpɔe be womegale gbeadzi alo kpekpewo dem le kwasiɖanuwuwuwo o. Srɔ̃tɔawo ɖe eme be mɔkekeyiyi kple dɔwɔna bubuwoe na vovo menɔ yewo ŋu o. Hamemegã la dzro nya vevi siwo dze le nyatia me tsɔ kpe ɖe srɔ̃tɔawo ŋu be woakpɔe be ele be gbɔgbɔmenuwo naxɔ nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi. Woda akpe geɖe ɖe ŋkuɖodzinya veviawo ta. Wolɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖo nu veviwo nɔƒe gbãtɔ le etsɔme.—Kpɔ October 1, 2000, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 19-20.

Hadzidzi 68 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme August 20

Hadzidzi 33

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu.

15 min: “Ènye ‘Nukpɔkpɔ’!”b Gblɔ mia gbɔ nudzɔdzɔ aɖewo siwo me amewo ƒo nu nyui le dɔ si wɔm Yehowa Ðasefowo le alo woƒe agbenɔnɔ ŋu.—Kpɔ March 15, 1998, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 10, kple January 15, 1999, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 32.

22 min: “Nɔnɔme Nyuiwo—Mawumemewo ƒe Nɔnɔmee Wonye.” Hamemegã naƒo aɖabaƒoƒo atɔ̃ ƒe nuƒo si wòtu ɖe memama 1-5 dzi. Emegbe wòadzro nyatia ƒe akpa memlɛa me kpakple hamemegã kple subɔsubɔdɔwɔla le nuƒolanɔƒea. Woƒo nu tso alesi woawɔ aɖu nɔnɔme gbegblẽ siwo ate ŋu ahe míaƒe susu ɖa le míaƒe kpekpeawo ŋu heɖea viɖe siwo míekpɔna le wo me dzi kpɔtɔna ŋu. Wote gbe ɖe alesi hadede kple mía nɔewo dea dzi ƒo na míi ne míeɖe ɖetsɔleme si me lɔlɔ̃ le fia ame bubuwo dzi.—Fil. 2:4.

Hadzidzi 72 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme August 27

Hadzidzi 40

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo katã be woatsɔ woƒe August ƒe gbeadzikɔntabubu ana. Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo nakpɔ egbɔ be woƒe ƒuƒoƒoa me tɔ ɖesiaɖe tsɔ eƒe akɔntabubu na ale be woate ŋu aƒo wo nu ƒu hafi September 6 naɖo. Gblɔ aɖaŋuɖoɖo ɖeka alo eve le alesi woawɔ ana Creation-gbalẽa le September me kpuie.—Kpɔ eƒe kpɔɖeŋu le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, September 1996, ƒe axa 8.

10 min: Miaƒe Nuhiahiãwo.

25 min: “Ŋkuléle Ðe The New World Society in Action (Xexeme Yeye Habɔbɔa Le Dɔ Dzi) ƒe Ŋutinya Ŋu.” Nyatia me dzodzro kple nyaselawo kpakple gbebiamewo. Le nyabiabia siwo dze le eme dzodzro vɔ megbe la, bia gbe amesiwo kpɔ sinima gbãtɔ la alo de dukɔwo dome takpekpeawo le ƒe 1950-awo me. Na woagblɔ nudzɔdzɔ mawo ƒe akpa siwo dzi woɖo ŋkui kple alesi wòkpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi le gbɔgbɔme gome, kple kakaɖedzi si su wo si be Yehowa ƒe habɔbɔa enye esia. Míadzro video si nye United by Divine Teaching me le October me.

Hadzidzi 74 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme September 3

Hadzidzi 80

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.

15 min: “Aleke Kristotɔwo ƒe Hadede Le Vevie?”c Gblɔ nya siwo dze le tanya sue si nye “To Hamea Dzi” te le January 15, 1996, Gbetakpɔxɔ, ƒe axa 22 lia kpee.

10 min: Subɔsubɔdɔ dzikpɔla ƒe Nyabiabiaɖaka me dzodzro.

15 min: Ne Ame aɖe Gblɔ Be. Numedzodzro kple wɔwɔfiawo. Ne amewo gblɔ nya alo bia nya aɖe si míele mɔ kpɔm na o le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, ele be míadze agbagba aɖo nyaa ŋu tsɔ wu be míatrɔ nyatia alo atsi dzeɖoɖoa nu. Zi geɖe la, Reasoning-gbalẽa akpe ɖe mía ŋu le go sia me. Ƒo nu tso nya aɖewo si wogblɔna edziedzi ŋu, eye nàna gbeƒãɖelawo nawɔ alesi woatsɔ Reasoning-gbalẽa me nyawo aɖo nyawo ŋu ƒe wɔwɔfia. Le kpɔɖeŋu me: ‘Nyemexɔ Mawu dzi se o.’ (axa 150-1) ‘Nukatae miekpea asi ɖe du dzadzraɖodɔwo ŋu o?’ (axa 207-8) ‘Metsɔ le subɔsubɔha si me nèle me o.’ (axa 332) De dzi ƒo na amesiame be wòazã Reasoning-gbalẽa ƒe akpa sia ne nɔnɔme siwo womele kpɔm na o do mo ɖa le gbeadzisubɔsubɔdɔa me.

Hadzidzi 121 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.

b Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.

c Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe