INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/03 axa 5
  • Nɔ Mo Xexi Esi Nuwuwua le Aƒe Tum

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Mo Xexi Esi Nuwuwua le Aƒe Tum
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Zã Mawusubɔsubɔ Me Taɖodzinuwo tsɔ Kafu Wɔwòlae
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Alesi Nàwɔ Aɖo Wò Gbɔgbɔmetaɖodzinuwo Gbɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Sɔhɛwo—Gbɔgbɔmetaɖodzinu Kawoe Le Mia Si?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Le Agbe Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 2/03 axa 5

Nɔ Mo Xexi Esi Nuwuwua le Aƒe Tum

1 Mawu ƒe Nya ɖɔa Yehowa ƒe ŋkekea enuenu be egbɔna abe “fiafitɔ” ene—esia fia be ava kpoyi le vome. (Tes. I, 5:2; Mat. 24:43; Pet. II, 3:10; Nyaɖ. 3:3; 16:15) Yesu gblɔ be: “Eyaŋuti . . . misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.” (Mat. 24:44) Aleke míate ŋu akpɔtɔ anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me esi nuwuwua le aƒe tum? Nu vevi si akpe ɖe mía ŋu dze le aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me la me be: “Minɔ mo xexi.”—Pet. I, 4:7.

2 Moxexinɔnɔ fia be míabu nuwo ŋu alesi Yehowa bua woe. (Ef. 5:17) Ekpena ɖe mía ŋu míebua mía ɖokui abe “amedzrowo kple mɔzɔlawo ene” le nuɖoanyi sia me. (Pet. I, 2:11) Ekpena ɖe mía ŋu míenyaa nusi le vevie ŋutɔŋutɔ, be míaɖo nu veviwo nɔƒe gbãtɔ, eye wòkpena ɖe mía ŋu míewɔa nyametsotso nyuiwo.—Fil. 1:10.

3 Ðo Gbɔgbɔ me Taɖodzinuwo: Gbɔgbɔ me taɖodzinuwo ɖoɖo kple wo gbɔ ɖoɖo kpena ɖe mía ŋu míenɔa mo xexi. Ðe gbɔgbɔ me taɖodzinu aɖewo le asiwò siwo minyam nèle fifia? Ðe nèle agbagba dzem be yeaxlẽ Biblia gbesiagbe, ade Kristotɔwo ƒe kpekpeawo katã, axlẽ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe tata ɖesiaɖe, alo ɖewohĩ be nàdzi wò gbeadzisubɔsubɔdɔa ɖe edzia? Ne èɖo taɖodzinu siwo sɔ na ɖokuiwò la, ke ɖoe kplikpaa nàminya wo, eye nàbia Yehowa be wòayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi, eye emetsonuawo awɔ nuku na wò.

4 Hamemegã aɖe bia nya tso srɔ̃tɔ aɖewo siwo metsi boo o ƒe gbɔgbɔ me taɖodzinuwo ŋu. Biabiaa na wode dzesii be ne woanɔ agbe tsɛ eye woaxe fe gbogbo si le wo ŋu la, ana woate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Wotso nya me be yewoawɔ ema wòanye yewoƒe taɖodzinu. Wotsɔ moveviɖoɖo xe fea eye wodi mɔ siwo dzi woato aɖe asi le nuwɔna siwo mehiã o siwo nɔ woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ xɔm ŋu. Ƒe ɖeka tututu megbe la, woɖo woƒe taɖodzinua gbɔ. Nukae do tso eme? Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Taɖodzinuwo manɔmee la, míanɔ nɔnɔme si me míele fifia o. Dzi dzɔa mí fifia wu tsã. Míele agbe le dziɖeɖi kple ŋutifafa geɖe me. Gɔmesese kple tameɖoɖo vavãtɔ le míaƒe agbe ŋu.”

5 Esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam la, neva eme be míalé míaƒe gbɔgbɔmemenyenye me ɖe asi, anɔ mo xexi, eye míaƒe susu nanɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu.—Tito 2:11-13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe