INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/05 axa 1
  • Ku Kutri le Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ku Kutri le Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ Me
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Nɔ Gbeƒãɖeɖe Dzi!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • “Mikafu Yehowa Ƒe Ŋkɔ”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Kafu Yehowa Ɣesiaɣi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 4/05 axa 1

Ku Kutri le Gbeƒãɖeɖedɔa Wɔwɔ Me

1 Ɣeyiɣi sesẽwo mee míele fifia. Dukɔmeviʋawo, gbevovodolawo dome ʋawo, dzɔdzɔmefɔkuwo, kple nudzɔdzɔ dziŋɔ bubuwo bɔ ale gbegbe. Ameƒomea hiã nyanyuia sese fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Ke hã ɖekematsɔmatsɔ le gbɔgbɔmenuwo me bɔ ɖe afisiafi. Ate ŋu asesẽ le teƒe aɖewo be woatu amewo le woƒe aƒewo me eye esesẽna ŋutɔ gɔ̃ hã be míakpɔ amesiwo aɖo to mí alo adi be yewoasrɔ̃ Biblia. Togbɔ be ele alea hã la, ele vevie be míaku kutri le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋuti nyanyuia me.—Mat. 24:14.

2 Amewo Lɔlɔ̃: Míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa hea susu yia alesi Yehowa lɔ̃ amewoe dzi. Yehowa “melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Pet. II, 3:9; Xez. 33:11) Esia tae abe alesi Yesu gblɔe ene la, Yehowa de se be ‘ele be woaɖe gbeƒã nyanyui la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.’ (Mar. 13:10) Mawu ƒoa koko na amewo be woatrɔ va ye gbɔ be woatsi agbe le toheʋɔnu si woadrɔ̃ Satana ƒe xexea me. (Yoel 3:1, 2, 5; Zef. 2:2, 3) Ðe dzi medzɔa mí be Yehowa na mɔnukpɔkpɔa su mía si be míatsi agbe oa?—Tim. I, 1:12, 13.

3 Xexeame katã ƒe akɔntabubua ɖee fia be le ƒe 2004 ƒe subɔsubɔƒea me la, Biblia-nusɔsrɔ̃ 6,085,387 ye míewɔ ɣleti ɖesiaɖe, eye nusrɔ̃la yeye siwo ade 5,000 xɔ nyɔnyrɔ kwasiɖa ɖesiaɖe le mama dedie nu! Míeke ɖe nusrɔ̃la yeye siawo dometɔ aɖewo ŋu le esi Yehowa yra ɖe gbeƒãɖela siwo ku kutri ƒo nu na amesiame si wodo goe le woƒe anyigbamama me ƒe agbagbadzedzewo dzi ta. Esia he dzidzɔ geɖe va hameawo me eye wònye mɔnukpɔkpɔ gã na mí be míanye Mawu ƒe hadɔwɔlawo le agbeɖeɖedɔ sia wɔwɔ me!—Kor. I, 3:5, 6, 9.

4 Mawu ƒe Ŋkɔa Kafukafu: Míekua kutri le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me tsɔ kafua Yehowa le gaglãgbe hekɔa eƒe ŋkɔa ŋu le ameƒomea katã ŋkume. (Heb. 13:15) Satana le ‘xexeame katã’ blem ne woaxɔe ase be ŋusẽ aɖeke mele Mawu si wòatsɔ akpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔe o, be metsɔ ɖeke le amegbetɔ ƒe fukpekpewo me o, alo be Mawu aɖeke meli o. (Nyaɖ. 12:9) Míetoa míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzi kakaa nyateƒe si ku ɖe mía Fofo nyui si le dziƒo ŋu. Neva eme be míayi edzi akafu eƒe ŋkɔa fifia kple yi ɖe mavɔmavɔ me.—Ps. 145:1, 2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe