INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/00 axa 1
  • Nɔ Gbeƒãɖeɖe Dzi!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nɔ Gbeƒãɖeɖe Dzi!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Nukata Míayi Edzi Anɔ Gbeƒã Ðem?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nukata Míeganɔa Wo Gbɔ Yim Kokoko?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 11/00 axa 1

Nɔ Gbeƒãɖeɖe Dzi!

1 Enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:4) Le susu sia ta la, ede dɔ asi na mí be míaɖe gbeƒã nyanyuia. (Mat. 24:14) Ne míese nusita wòle be míanɔ gbeƒãɖeɖe dzi gɔme la, dziɖeleameƒo alo susuhenu ɖesiaɖe si míado goe mana míagbɔdzɔ o.

2 Nukatae Wòle Be Míanɔ Edzi? Susuhenu geɖe le xexeame siwo wɔnɛ be amewo ŋlɔa nya siwo míegblɔna na wo be alo naa wometsɔnɛ nya vevii o. Eyata ele be míayi edzi anɔ ŋku ɖom Mawu ƒe xɔxɔgbedasia dzi na wo. (Mat. 24:38, 39) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nɔnɔmewo le tɔtrɔm ɣesiaɣi le amewo ƒe agbe me. Xexeame ƒe nɔnɔmewo gɔ̃ hã ate ŋu atrɔ kpata le zã ɖeka me. (Kor. I, 7:31) Le etsɔ, kwasiɖa, alo dzinu, si gbɔna me la, kuxi yeyewo ate ŋu adze ŋgɔ amesiwo míeɖea gbeƒã na alo woava tsi dzi ɖe nanewo ŋu si ana be woava de ŋugble le nyanyui si míetsɔ yina na wo la ŋu vevie. Ðe medzɔ dzi na wò be Ðasefo si tsɔ nyateƒea vɛ na wò yi egbɔgblɔ dzi na wò oa?

3 Be Míasrɔ̃ Mawu ƒe Nublanuikpɔkpɔ: Yehowa ɖe mɔ dzigbɔɖitɔe be ɣeyiɣi geɖe nava yi hafi yeadrɔ̃ fɔbuʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo. Eto mía dzi yi edzi le asi miam dzinyuitɔwo be woatrɔ ɖe ye ŋu ahakpɔ ɖeɖe. (Pet. II, 3:9) Míaɖi ʋu fɔ ne míeyi edzi ɖe gbeƒã Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gbedasia na amewo hexlɔ̃ nu wo tso Mawu ƒe fɔbuʋɔnu si gbɔna amesiwo katã metrɔ le woƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la o. (Xez. 33:1-11) Togbɔ be womexɔa míaƒe gbeƒãɖeɖea nyuie ɣesiaɣi o hã la, mele be míagbɔdzɔ le agbagba ɖesiaɖe si wòle be míadze akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be woakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gã la ŋu me o.—Dɔw. 20:26, 27; Rom. 12:11.

4 Be Míaɖe Míaƒe Lɔlɔ̃ Afia: Yehowa Mawue to Yesu Kristo dzi de se be míaɖe gbeƒã nyanyuia le anyigba katã dzi. (Mat. 28:19, 20) Ne amewo gbe toɖoɖo gɔ̃ hã la, mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖe míaƒe lɔlɔ̃ kple ɖokuitsɔtsɔna Mawu afia to nudzɔdzɔewɔwɔ ɖaa dzi.—Yoh. I, 5:3.

5 Mina míaɖoe kplikpaa be míanɔ gbeƒãɖeɖe dzi! Mina míawɔ esia kple dzonɔameme esime Yehowa ƒe ‘xɔxɔgbea’ kpɔtɔ li.—Kor. II, 6:2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe