Akpa 8—Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Nusrɔ̃via ƒe Susu Hehe Yi Habɔbɔa Dzii
1. Nukatae wòɖea vi ne míedzro nane me kple Biblia-nusrɔ̃via tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu kwasiɖa ɖesiaɖe?
1 Menye taɖodzinu si le mía si le Biblia-nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me enye be míana amewo nanya nufiafia veviwo ko evɔ o, ke míedi be míakpe ɖe nusrɔ̃viawo ŋu woava nɔ Kristo-hamea me hã. (Zax. 8:23) Agbalẽ gbadza si nye Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse? ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia. Tsɔ eƒe ɖeka na wò Biblia nusrɔ̃vi yeyewo, eye de dzi ƒo na wo be woaxlẽe. Hekpe ɖe eŋu la, zã miniti ʋɛ aɖewo le nusɔsrɔ̃a me kwasiɖa ɖesiaɖe nàtsɔ afia nane wo tso Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu.
2. Aleke míawɔ ade dzi ƒo na Biblia-nusrɔ̃viwo be woade hamea ƒe kpekpeawo?
2 Hame ƒe Kpekpewo: Mɔ vevi si dzi Biblia-nusrɔ̃viwo ato ava kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe habɔbɔa ŋue nye to hadede kpli mí le hamea ƒe kpekpewo me dzi. (Kor. I, 14:24, 25) Eyata àte ŋu adze egɔme aƒo nu tso kpekpe atɔ̃ siwo míewɔna kwasiɖa ɖesiaɖe ŋu na wo ɖekaɖeka atsɔ ana woanya nu tso kpekpeawo ŋu. Yɔ dutoƒonuƒo si woagaƒo la ƒe tanya na wo. Tsɔ nyati si míasrɔ̃ le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ me fia wo. Ƒo nu tso alesi míewɔa Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea ŋu na wo. Ne èxɔ dɔ aɖe le sukua me la, ɖewohĩ àte ŋu ato eme woase. Ƒo nu tso nya vevi siwo wogblɔ le kpekpeawo me ŋu na wo. Zã foto siwo dzena le míaƒe agbalẽwo me nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusi ŋutɔŋutɔ yia edzi le kpekpeawo me. Kpe wo tso nusɔsrɔ̃ gbãtɔa wɔɣi ke be woade kpekpeawo.
3. Nusiwo ku ɖe habɔbɔa ŋu kawo mee míate ŋu adzro?
3 Ne Ŋkuɖodzia, takpekpewo, kple nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔ le gogom la, di miniti ʋɛ aɖewo nàtsɔ aɖe ɖoɖo siawo me na wo si ana dzi nadzɔ wo ɖe wo ŋu. Vivivi la, ɖo nyabiase siawo ŋu na wo: Nukatae woyɔa mí be Yehowa Ðasefowo? Nukatae míeyɔa míaƒe kpekpewɔƒewo be Fiaɖuƒe Akpata? Dɔ kawoe hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna? Aleke wowɔa ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa kple anyigbamamawo ŋui? Aleke wowɔna taa míaƒe agbalẽwoe? Afikae wokpɔa ga tsona tsɔ doa alɔ dɔae? Dɔ kawoe alɔdzedɔwɔƒea kple Dziɖuha la wɔna le dɔa dzi kpɔkpɔ me?
4, 5. Aleke míaƒe videowo ate ŋu ana woakpɔ ŋudzedze ɖe habɔbɔa ŋui?
4 Video Siwo me Nyawo Fiaa Nu: Mɔ bubu si dzi Biblia-nusrɔ̃viwo ato akpɔ Yehowa ƒe habɔbɔ wɔnuku lae nye míaƒe videowo. Video si nye To the Ends of the Earth (Vaseɖe Anyigba ƒe Seƒe Ke) ɖe nu me tso míaƒe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu; Our Whole Association of Brothers (Mía Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Bliboa Katã) ɖe míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa fia, eye United by Divine Teaching (Mawu ƒe Nufiafia Wɔ Wo Ðekae) ɖe ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome fia. Esi nyɔnu aɖe si xɔa míaƒe magazine kple agbalẽ bubuwo ƒe atɔ̃ sɔŋ kpɔ video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name (Yehowa Ðasefowo—Habɔbɔ si Ŋu Ŋkɔ ma Le) la, aɖatsi ge le mo nɛ. Eka ɖe Ðasefo siwo va srãnɛ kpɔ la dzi, gake esime wòkpɔ videoa vɔ la, ese le eɖokui me be yeate ŋu aka ɖe habɔbɔa hã dzi. Woɖo nusɔsrɔ̃ gɔme anyi kpli koŋ azɔ, eye le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, ede kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me.
5 Ne míezã miniti ʋɛ aɖewo kwasiɖa ɖesiaɖe kple míaƒe nusrɔ̃viawo eye míezã dɔwɔnu siwo wona mí la, míate ŋu ahe Biblia nusrɔ̃viwo ƒe susu ayi habɔbɔ ɖeka kolia si zãm Yehowa le egbea la dzi vivivi.