NUSƆSRƆ̃ 49
Kpeɖodzinya Siwo Me Kɔ
NE ÈGBLƆ nya aɖe la, susu le eme le go sia go me be wò nyaselawo nabia wo ɖokui be: “Nukatae míaxɔe be nya ma le eme? Kpeɖodzi kae li si ta maxɔ nya si gblɔm nuƒolaa le dzi ase?” Abe nufiala ene la, agba le dziwò be nàɖo biabia siawo ŋu loo alo nàkpe ɖe wò nyaselawo ŋu woawo ŋutɔ nakpɔ ŋuɖoɖoa. Ne nya la wɔ akpa vevi aɖe le wò numedzodzroa me la, ekema kpɔ egbɔ be nèna eƒe kpeɖodzi sẽŋuwo wò nyaselawo bene woalɔ̃ ɖe edzi. Esia awɔe be wò nuƒoa naʋã amewo woaxɔe atsɔ awɔ dɔe.
Paulo de nyateƒea ƒe dzi ƒo na amewo aɖaŋutɔe. To kpeɖodzinya siwo me kɔ, numeɖeɖe siwo me susu le, kple kokoƒoƒo vevie dzi la, edze agbagba be yeana amesiwo wònɔ nu ƒom na natrɔ susu. Eɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. (Dɔw. 18:4; 19:8) Enye nyateƒe be xexeme nuƒola bibi aɖewo zãa nyaƒoɖeamenu aɖaŋutɔe tsɔ blea amewoe. (Mat. 27:20; Dɔw. 14:19; Kol. 2:4) Woate ŋu adze egɔme kple nya masɔmasɔ aɖe gbɔgblɔ, woaɖe nyawo tso teƒe siwo de akpa ɖeka dzi, woazã nya siwo ŋu kpeɖodzi gobi aɖeke mele o, woaŋe aɖaba aƒu nyateƒenya siwo mede woƒe nukpɔsusu dzi o dzi, alo woagblɔ nya si awɔ dɔ ɖe amewo ƒe seselelãme dzi tsɔ wu be woana ameawo nade ŋugble. Ele be míakpɔ nyuie be míatsri mɔnu siawo dometɔ ɖesiaɖe.
Nenɔ Te Ðe Mawu ƒe Nya la Dzi Bliboe. Mele be nusi míefiana la nanye mía ŋutɔwo ƒe nufiafia o. Nusi míesrɔ̃ tso Biblia la mee míedzea agbagba be míafia amewo. Míexɔ kpekpeɖeŋu geɖe le esia wɔwɔ me to dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la ƒe agbalẽ siwo wota dzi. Agbalẽ siawo dea dzi ƒo na mí be míadzro Ŋɔŋlɔawo me nyuie. Eyome míawo hã míehea amewo ƒe susu yia Biblia dzii, menye kple susu be míaɖee afia be míaƒe nyae nye nyateƒea o, ke boŋ míedi be míatsɔ ɖokuibɔbɔ ana woawo ŋutɔ nakpɔ nya si Biblia gblɔ. Míelɔ̃ ɖe Yesu Kristo ƒe nya si wògblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me dzi, be: “Wò nya la enye nyateƒe.” (Yoh. 17:17) Ame bubu aɖeke megali si ƒe nyawo kpɔ ŋusẽ wu Yehowa Mawu, dziƒo kple anyigba Wɔla la, tɔ o. Kpeɖodzi si anɔ míaƒe nyawo ŋu la ƒe sɔsɔ anɔ te ɖe alesi míatui ɖe eƒe Nya la dzii.
Ɣeaɖewoɣi adzɔ be nàƒo nu na amesiwo menya Biblia tututu o alo amesiwo mexɔe se be enye Mawu ƒe Nya o. Ele be nàɖɔ ŋu ɖo nyuie le ɣeyiɣi si nàde Biblia me mawunyakpukpuiwo nyaa me kple le alesi nàwɔe ŋu. Gake ele be nàdze agbagba be yeahe amewo ƒe susu ayi nyatakakatsoƒe ma si ŋu kakaɖedzi sẽŋu le la dzi enumake si wòanya wɔ.
Ðe wòle be nàtsɔe be mawunyakpukpui aɖe si sɔ la me nyawo yɔyɔ dzaa anye kpeɖodzi si womate ŋu agbe oa? Manɔ nenema kokoko o. Ðewohĩ ahiã be nàhe susu ayi nya siwo ƒo xlãe dzi atsɔ afia be mawunyakpukpuia ɖo kpe nya si gblɔm nèle dzi vavã. Ne gɔmeɖose si le mawunyakpukpuia aɖe mee nèdi be yeaɖe afia eye nya siwo ƒo xlãe meku ɖe nya si me dzrom nèle ŋu tẽ o la, ke ɖewohĩ ahiã be nàgana kpeɖodzi bubuwo akpee. Àte ŋu azã mawunyakpukpui bubu siwo ku ɖe nyaa ŋu bene wò nyaselawo nalɔ̃ ɖe edzi axɔe be nya siwo gblɔm nèle la nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi bliboe.
Mègaɖe ami ɖe ŋɔŋlɔa me kpeɖodzinyawo, agblɔe wòagbɔ nusi ŋɔŋlɔ ma gblɔ ŋu o. Xlẽ ŋɔŋlɔa nyuie. Anɔ eme be mawunyakpukpuia ku ɖe nyati si me dzrom nèle ŋu gbadzaa ya. Gake be wò nyaselawo nalɔ̃ ɖe kpeɖodziawo dzi, ahaka ɖe edzi la, ele be woate ŋu akpɔ wò nyawo ƒe akpa si dzi woɖo kpee le nuxexlẽa me.
Kpeɖodzi Bubuawo Nade Wò Nyawo Dzi. Le go aɖewo me la, anyo be nàzã kpeɖodzinya siwo ŋu kakaɖedzi le tso teƒe bubu siwo menye Biblia me o atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woakpɔe be nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ me kɔ.
Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu afia asi xexeame godoo si míekpɔna kple ŋku atsɔ aɖo kpe edzi be Wɔla aɖe li. Àte ŋu ahe susu ayi dzɔdzɔmesewo, abe nuheŋusẽ ene, dzi ahakpe ɖe eŋu wòakpɔe be se siawo ƒe anyinɔnɔ ɖee fia be Senala aɖe li. Wò kpeɖodziawo me akɔ ne wowɔ ɖeka kple nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ. (Hiob 38:31-33; Ps. 19:2; 104:24; Rom. 1:20) Kpeɖodzi siawo le vevie elabena woaɖee afia be nya si Biblia gblɔ la wɔ ɖeka kple nusiwo li míekpɔna ŋutɔŋutɔ.
Ðe nèle agbagba dzem be yeakpe ɖe ame aɖe ŋu wòakpɔe be Mawu ƒe Nyae Biblia la nye nyateƒea? Ðewohĩ àyɔ agbalẽnyala aɖewo ƒe nya siwo ɖee gblɔ be enye nyateƒe, gake ɖe ema anye eƒe kpeɖodzi ŋutɔŋutɔa? Amesiwo dea bubu agbalẽnyala mawo ŋu koe woƒe nyawo aɖe vi na. Ðe nàte ŋu azã dzɔdzɔmeŋutinunya atsɔ aɖo kpe edzi be Biblia nye nyateƒea? Ne ènɔ te ɖe dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo nye ame madeblibowo ƒe nukpɔsusuwo dzi la, ke mèɖo gɔmeɖoanyi sẽŋu na wò nyawo o. Gake ne èdze egɔme kple Mawu ƒe Nya la me nyawo eye eyome nèfia asi nusiwo ŋu woke ɖo le dzɔdzɔmeŋutinunya me siwo ɖo kpe Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi la, ke nèdo ŋgɔ tu wò kpeɖodziawo ɖe gɔmeɖoanyi sẽŋu dzi.
Na kpeɖodzi agbɔsɔsɔ si asu nanɔ nusianu si ŋu nèdi be woakpɔ kakaɖedzi le la ŋu. Kpeɖodzi agbɔsɔsɔme si hiã la anɔ te ɖe amesiwo wò nyaselawo nye dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne ŋkeke mamlɛ siwo ƒe nya wogblɔ le Timoteo II, 3:1-5 ŋue nèle nu ƒom le la, àte ŋu ahe wò nyaselawo ƒe susu ayi nudzɔdzɔ nyanyɛ aɖe dzi atsɔ afia be amewo “melɔ̃a ame ƒe nya o.” Kpɔɖeŋu ɖeka ma si nàtsɔ aɖo kpe edzii be dzesia ƒe akpa sia le eme vam egbea la ɖeɖe ate ŋu asɔ gbɔ.
Nane tsɔtsɔ sɔ kple nɔvia—si nye nu eve siwo ƒe akpa vevi aɖewo ɖekawɔwɔ aɖe le la tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo—te ŋu ɖea vi zi geɖe. Nane tsɔtsɔ sɔ kple nɔvia ŋutɔ meɖoa kpe nya dzi o; ele be woatsɔ nya si Biblia gblɔ la ado eƒe nyateƒenyenye akpɔe. Gake nu tsɔtsɔ sɔ kple nɔvia ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ alesi susu le nya aɖe mee. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu awɔ nu tsɔtsɔ sɔ kple nɔvia alea ŋudɔ ne míele eme ɖem be dziɖuɖu ŋutɔŋutɔe Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye. Àte ŋu afia asii be dziɖulawo, teviwo, sewo, ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo, kple hehenaɖoɖowo le Mawu ƒe Fiaɖuƒea si, abe alesi wòle amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo sii ene.
Zi geɖe la, woate ŋu azã agbemenuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo atsɔ afia alesi nunya le Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo dzi wɔwɔ mee. Àte ŋu azã wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔwo hã atsɔ aɖo kpe nya si nègblɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne èle vevienyenye si le Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ ŋu fiam la, àte ŋu aɖe alesi esia wɔwɔ na wò agbenɔnɔ nyo ɖe edzii la me na amea. Apostolo Petro ƒo nu tso Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ si teƒe eya ŋutɔ kpɔ ŋu tsɔ de dzi ƒo na nɔviawo. (Pet. II, 1:16-18) Paulo hã gblɔ eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo. (Kor. II, 1:8-10; 12:7-9) Gake ƒã hafi wòahiã be nàzã wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔwo bene màganɔ susu hem va ɖokuiwò dzi madzemadzee o.
Esi wònye be amewo to nɔnɔme vovovowo me le agbe me eye woƒe nuŋububu hã le vovovo ta la, kpeɖodzinya si me akɔ na ame aɖe made edeƒe na ame bubu o. Eyata bu wò nyaselawo ƒe nukpɔsusuwo ŋu ne èle kpeɖodzinya siwo nàzã kple alesi nàgblɔe la ŋu bum. Lododowo 16:23 gblɔ be: “Nugɔmesela ƒe dzi nana eƒe nù dzea nunya, eye eƒe nuyiwo dzia nufiame ɖe dzi.”