Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
Mide Dzesii: Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi adze le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me kwasiɖa ɖesiaɖe hena ɣleti siwo me woawɔ nutome gã takpekpewo. Hamewo ate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã be woade “Toɖoɖo Mawu” Nutome Gã Takpekpea. Le afisi wòanya wɔ le la, mizã miniti 15 le Subɔsubɔ Kpekpe mamlɛtɔ si miawɔ do ŋgɔ na takpekpea me agbugbɔ adzro aɖaŋuɖoɖo tɔxɛ aɖewo siwo dze le emedegbalẽvi sia me, siwo asɔ ɖe miaƒe hiahiãwo nu me. Ne miegbɔ tso takpekpea ɣleti ɖeka alo eve megbe la, midi miniti 15 vaseɖe 20 le Subɔsubɔ Kpekpe ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe me (ɖewohĩ miate ŋu azã hamea ƒe nuhiahiãwo wɔɣi ƒe game) atsɔ adzro nya vevi siwo wogblɔ le takpekpea me siwo gbeƒãɖelawo kpɔ be akpe ɖe yewo ŋu le gbeadzi me. Subɔsubɔ Kpekpea ƒe akpa tɔxɛ sia ana mɔnukpɔkpɔ mí míaɖe alesi míele nusiwo míesrɔ̃ le takpekpea me ŋudɔ wɔmee eye míagblɔ alesi esia le kpekpem ɖe mía ŋu be míaƒe subɔsubɔdɔa nanyo ɖe edzii.
November 14 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 220
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamama) atsɔ awɔ alesi woana November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple November 8 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe. Miate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe me la, na woaɖo dzeɖonyanutsinya si nye, “Nyemele mawunya dim mase o” ŋu le mɔ vovovo nu.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa ƒe axa 16-17, alo agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii, axa 9.
10 min: Nudzɔdzɔ Siwo Doa Dzidzɔ Na Mawu ƒe Dzi. Hamemegã ƒe nuƒo si wòatu ɖe November 1, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 26-30 me nya veviwo dzi.
25 min: “Kafu Yehowa le Ameha Gãwo Dome.”a Hamea ƒe agbalẽŋlɔla ƒe dɔ. Yɔ takpekpe si miaƒe hamea ade. Midzro memamawo me abe alesi míewɔa Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ene. Na nɔvi aɖe si nètia naxlẽ memamawo. Dzro aɖaka si nye “Nutome Gã Takpekpe ƒe Ŋkuɖodzinyawo” me.
Hadzidzi 8; gbedodoɖa na kpakpã.
November 21 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 40
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso July Subɔsubɔ ƒe Akɔntabubu ŋu kpuie eye nàde dzi ƒo na nɔviwo be woayi edzi atsɔ woƒe gbeadzikɔntawo ana kaba ɖe game dzi.
20 min: “Miɖe Gbeƒã Yehowa ƒe Ŋutikɔkɔe.”b Ne miele memama 4 lia me dzrom la, kpe nyaselawo woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖewo siwo fia alesi agbe nyui nɔnɔ ʋu mɔnukpɔkpɔ na wo woɖi ɖasee.
15 min: “Tsɔ Ðe Le Eme na Amewo—To Ŋkuléle Ðe Nu Ŋu Me.”c Na gbeƒãɖela aɖe nawɔ wɔwɔfia si me wòalé ŋku ɖe aƒemenɔlaa ŋu ade dzesi nusi me wòtsɔ ɖe le, eye wòatrɔ eƒe ɖaseɖiɖimɔnua wòasɔ ɖe nɔnɔmea nu.
Hadzidzi 67; gbedodoɖa na kpakpã.
November 28 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 7
12 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔnta kple miaƒe nudzɔdzɔ siwo va ka habɔbɔa si ŋuti nyatakaka. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woatsɔ woƒe November gbeadzikɔntabubu ana. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamama) atsɔ awɔ alesi woana November 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple November 22 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawoe. Miate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo. Ƒo nu tso nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa hã ŋu.
15 min: “Mɔ Kawo Nue Míate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋu Le?” Nenye nuƒo. Gblɔ nusiwo Yehowa subɔlawo wɔ tsɔ na kpekpeɖeŋu wo nɔvi xɔsetɔ siwo dzi afɔku dzɔ ɖo ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo. (Kpɔ Nyɔ! ƒe tata siwo nye August 8, 2003, axa 10-15; December 8, 2002, axa 13-18; Eŋlisigbe me tɔ, November 22, 2002, axa 19-24; kple October 22, 2001, axa 23-7. Miate ŋu awɔ numekuku bubuwo hã ŋudɔ.) Emegbe dzro nyati sia si le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 7 lia me nya veviwo me. Te gbe ɖe edzi be, ne ame aɖe di be yeadzɔ nu hena dɔmenyowɔwɔ kple kpekpeɖeŋunana nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo la, anyo be wòadzɔe ade nudzɔdzɔ hena xexeame katã ƒe dɔa ƒe nudzɔɖakaa me.
18 min: Gbeƒãɖeɖe Nyanyuia le December Me. Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Zã miniti atɔ̃ nàtsɔ awɔ ŋgɔdonya si me nàdzro January 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 8 lia me nyati si nye “Alesi Míawɔ Kpɔɖeŋu Dzeɖonyawo Ŋudɔe” la me nya siwo gbɔna me kpuie: (1) Ne míegblɔa dzeɖonyawo le mía ŋutɔwo míaƒe nyagbewo me la, ana míabi ɖe edzi wu. (2) Ele be míagblɔ míaƒe gbedasia kple ŋuɖɔɖɔɖo be mɔnu si míazã la nasɔ ɖe nusiwo dzi woda asi ɖo le nutoa me nu. (3) Ele be míabu amesiwo le míaƒe anyigbamamaa me ŋu, míabu woƒe nukpɔsusuwo hã ŋu. (4) Ele be míaxlẽ agbalẽa ƒe ta si ŋu míedi be míaƒo nu tsoe la nyuie, ahade dzesi emenya siwo anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme. (5) Menye dzeɖoɖomɔnu siwo dze le kpɔɖeŋu dzeɖonyawo me koe wòle be míazã o. Emegbe dzro alesi míate ŋu awɔ nya siawo ŋudɔ ne míele agbalẽ si míana le December me nam la me. Àte ŋu azã kpɔɖeŋu dzeɖonya si dze le January 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia me alo dzeɖonya bubu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamaa. Na woawɔ kpɔɖeŋu dzeɖonyaawo dometɔ ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia.
Hadzidzi 123; gbedodoɖa na kpakpã.
December 5 ƒe Kwasiɖa
Hadzidzi 38
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
20 min: “Ðoɖowɔwɔ be Míakpe Míaƒe Anyigbamamawo Ðo Nyuie.”d Dzikpɔla zimenɔla ƒe dɔ.
20 min: “Viɖe Siwo Dona Tsoa Míaƒe Gbeƒãɖeɖedɔa Me.”e Ne miele memama 5 lia me dzrom la, gblɔ February 15, 2004 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 32 me nya aɖewo kpee.
Hadzidzi 26; gbedodoɖa na kpakpã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
d Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.
e Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.