‘Mina Dze Nanɔ Miaƒe Nya Me Ɣesiaɣi’
1. Nu kae wòfia be ‘míana dze nanɔ míaƒe nuƒoƒo me’?
1 “Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, bene mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.” (Kol. 4:6) Be dze nanɔ míaƒe nuƒoƒo me fia be míatia nya siwo sɔ, eye míaƒo nu le mɔ si ana míaƒe nya nanya se alo avivi na ame siwo le to ɖom mí. Esia wɔwɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le vevie ŋutɔ.
2. Aleke Yesu wɔ te ŋu ɖi ɖase na Samaria nyɔnu aɖe?
2 Kpɔɖeŋu Si Yesu Ðo Ði: Esime Yesu nɔ lalam le vudo aɖe to eye Samaria nyɔnu aɖe va tsi ku ge la, Yesu dze dzeɖoɖo gɔme kplii. Le woƒe dzeɖoɖoa me la, nyɔnua he susu yi fuléle si nɔ Samariatɔwo kple Yudatɔwo dome ɣeyiɣi didi aɖe la dzi zi gbɔ zi geɖe. Egblɔ ale si wòxɔe se be Samariatɔwo dzɔ tso Yakob me, togbɔ be Yudatɔwo susui vevie be Samariatɔwo dzɔ tso ame siwo menye Yudatɔwo o me hã. Yesu yi edzi gblɔ nya siwo ana dzeɖoɖoa navivi nyɔnua nu, tsɔ wu be wòanɔ nya hem kple nyɔnua le nya siwo gblɔm wònɔ la ta. Esia wɔe be ete ŋu ɖi ɖase wòɖe vi na nyɔnua kple du ma me tɔ geɖewo.—Yoh. 4:7-15, 39.
3. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua ne míele gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm?
3 Ne míele gbeƒã ɖem la, ele be míaƒe taɖodzinua nanɔ susu me na mí—si nye be míaɖe “gbeƒã nu nyuiwo ŋuti nya nyui.” (Rom. 10:15) Míedi be mía kple aƒemenɔlaa míaɖo dze tso Biblia me nya dodzidzɔname tuameɖowo ŋu, ke menye be míana wòasusui be míele nu ƒom le tsitre tsim ɖe yeƒe dzixɔsewo ŋu o. Nenye be egblɔ nya aɖe si mesɔ o la, mele be míagblɔ nɛ kã be eƒe nya menye nyateƒe o. Ðe wògblɔ nya aɖe le eƒe nuƒoƒoa me si dzi míate ŋu alɔ̃ ɖo alo si tae míakafui anukwaretɔe ɖoa? Ðewohĩ hafi míaxlẽ mawunyakpukpui aɖe la, míate ŋu abia aƒemenɔlaa be, “Ðe nèbu nya sia hã ŋu kpɔa?”
4. Nu kae wòle be míawɔ ne aƒemenɔlaa le mía dzum?
4 Ke ne edze ƒãa be ame ko dzum aƒemenɔlaa le, alo ɖeko wòdi be yeahe nya kple mí ya ɖe? Ele be míayi edzi aɖe tufafa kple dɔmefafa afia le míaƒe nuwɔna kple nuƒoƒo me. (2 Tim. 2:24, 25) Ne amea metsɔ ɖeke le Fiaɖuƒegbedeasia me o la, anyo wu be míadzo le egbɔ ŋuɖɔɖotɔe.—Mat. 7:6; 10:11-14.
5. Esi nɔvinyɔnu aɖe ɖo nya ŋu bubutɔe la, nu nyui kae do tso eme?
5 Emetsonu Nyuiawo: Esi nɔvinyɔnu aɖe dze agbagba be yeaɖe gbeƒã na aƒelika aɖe la, nyɔnua do dziku henɔ ɖinu dom nɛ kple ɣli. Nɔvinyɔnua gblɔ na aƒelika la kple gbe bɔbɔe be: “Ete ɖe dzinye vie be mena nèse le ɖokuiwò me nenema. Meɖe kuku, ŋkekea nenyo na wò.” Kwasiɖa eve megbe la, nyɔnua va ƒo ʋɔ na mía nɔvinyɔnua, ɖe kuku nɛ ɖe eƒe nuwɔna la ta, eye wògblɔ nɛ be yeadi be yease nya si wòdi be yeagblɔ na ye hafi la azɔ. Nyateƒee, nu nyuiwo dona tso nyaŋuɖoɖo bubutɔe me zi geɖe!—Lod. 15:1; 25:15.
6. Nu ka tae wòle vevie be míazã nya siwo me dze le le gbeƒãɖeɖedɔa me?
6 Mina míadze agbagba azã nya siwo me dze le ne míele gbeƒã ɖem nya nyuia. Ne aƒemenɔlaa mexɔ mí nyuie o gɔ̃ hã la, ɖewohĩ adi be yeaɖo to ne Yehowa Ðasefowo va egbɔ ɣebubuɣi.