INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/09 axa 3-4
  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 3/09 axa 3-4

Lɛta Si Tso Dziɖuha La Gbɔ

Hati Yehowa Ƒe Ðasefo Lɔlɔ̃tɔwo:

Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míaŋlɔ lɛta sia na mi! Míese le mía ɖokui me abe apostolo Yohanes ene, ame si gblɔ be ‘yelɔ̃’ ye hati tadeagulawo ‘vevie’ eye dzi dzɔ ye ŋutɔ be “wole zɔzɔm le nyateƒe la me.” (2 Yoh. 1, 4) Oo, yayra ka gbegbee nye esi nyateƒea nye na mí katã! Nyateƒea na ablɔɖe mí tso Babilon Gã la kple eƒe nufiafiawo kpakple kɔnu siwo medea bubu Mawu ŋu o la me. Wɔwɔ ɖe nu si Biblia fia dzi kpe ɖe mía ŋu míeva zu amelɔ̃lawo, dɔmenyolawo, kple nublanuikpɔlawo. Gakpe ɖe eŋu la, nyateƒea na mɔnukpɔkpɔ su mía si be tenɔnɔ dzadzɛ nasu mía si le Mawu ŋkume eye agbe mavɔ hã nava su mía si mlɔeba.

Azɔ hã, aleke gbegbee míedaa akpe ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔa, si fiaa mɔ mí gbe sia gbe hedoa ŋusẽ mí la, tae nye esi! Míeka ɖe edzi be mɔ vovovo siwo dzi Yehowa tsɔa eƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ mí hedoa ŋusẽ mí le la me dzodzro le “Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Fiaa Mɔ Mí” Nutome Gã Takpekpeawo me nyitsɔ laa do dzidzɔ na mi ŋutɔ. Esi xexea ƒe nɔnɔmewo le sesẽm ɖe edzi ta la, ele vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ triakɔ la ŋu le ɣeyiɣi sesẽ siwo le ŋgɔ gbɔna me.

Míeka ɖe edzi be mía nɔvi siwo do dzi le fukpekpe geɖewo me le woƒe xɔse ta la ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedziwo xexlẽ le Yearbook me de dzi gbɔ na mi. Eye ewɔ nuku ŋutɔ be ɖeko mía nɔvi wɔnuteƒe siawo dometɔ geɖewo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o, alo womexɔ nyɔnyrɔ kura gɔ̃ hã o, esime yometiti va wo dzi. Aleke gbegbe míelɔ̃a wo vevie ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ kple woƒe tenɔnɔ sesĩe le dzɔdzɔenyenye tae nye esi! Le nyateƒe me la, kpɔɖeŋu nyui si woɖo ɖi la doa ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míayi edzi alé nuteƒewɔwɔ na Fiaɖuƒea me ɖe asi sesĩe nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o.—1 Tes. 1:6-8.

Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, míenya be gakuxi kple kuxi bubu geɖewo le mia dzi siwo wòle be miakpe akɔ kplii be miaƒe ƒomewo nakpɔtɔ awɔ ɖeka le lɔlɔ̃ me. Le mia dometɔ aɖewo gome la, nu sesẽ ŋutɔe wònyena na mi be miakpe asi ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kple hamea me dɔ vevi bubuawo ŋu edziedzi nuteƒewɔwɔtɔe. Eya ta esi míedo gbe ɖa hede ŋugble le nya sia ŋu la, míeɖoe be míawɔ asitɔtrɔ aɖewo le míaƒe kpekpeawo ŋu tso January 1, 2009, dzi. Míeka ɖe edzi be miawɔ ɖoɖo yeye sia ŋu dɔ nyuie ale be miate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple ƒomenusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu.

Dzi dzɔ mí ŋutɔ esi míekpɔe be ame gbogbo aɖewo dze hexɔ nyɔnyrɔ le nutome sue kple nutome gã takpekpe siwo míewɔ le ƒe si va yi me la me. Wo dometɔ aɖewo nye ɖevi dzaawo ko. Dzilawo, miedze na kafukafu be miehe mia viwo wova kpɔ ŋudzedze ɖe nyateƒea ŋu eye miede dzi ƒo na wo woɖe adzɔgbe hetiae be yewoasubɔ Yehowa tso woƒe ɖevime. Nyateƒe si wònye be ɖevi sue siawo doa go nyaƒoɖeamenu geɖe le suku evɔ wote ŋu dze xɔ nyɔnyrɔ la nye ɖaseɖiɖi be woxɔ hehe nyui le aƒe me.—Ps. 128:1-6.

Akpa vevi aɖe si dzi míaŋe aɖaba aƒu o ye nye dzidziɖedzi nyui si míekpɔ le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ dɔa me—míaƒe dutanyanyuigblɔlawo kple mɔɖela vevi veviedonulawo wɔ geɖe le dɔ sia me. Mí Dziɖuha la me tɔwo katã míekpɔ ŋudzedze ɖe akpa si wɔm mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le le xexea me godoo, to dzianukwaretɔ siwo tsikɔ le wuwum la kpekpe be “Va!” be woava “xɔ agbetsi la femaxee” me, la ŋu. (Nyaɖ. 22:17) Míetsɔ dzidzɔ le wòezɔ dom na ame 289,678 siwo tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe dzi le ƒe si va yi me la va míaƒe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me!

Enyo be míayi edzi anɔ ŋku ɖom apostolo Yohanes ƒe nya siawo dzi na mía ɖokuiwo ɣesiaɣi be: “Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me.” (1 Yoh. 2:17) Eye enyo be wòanɔ susu me na mí hã be míele ɣeyiɣi si me xexe sia ‘nu ava yi’ la ƒe yɔyrɔe nu! Aleke gbegbee nunya le eme be míana míaƒe agbenɔnɔ bliboa katã naku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu eye ‘míayi edzi anɔ ŋudzɔe’ nye esi. (Mat. 24:42) Ne míewɔe alea la, mave mí akpɔ gbeɖe o, eye Yehowa ƒe dɔmenyonyo aɖe vi na mí geɖe.—Yes. 63:7.

Míeka ɖe edzi be ŋutinya wɔdɔɖeamedzi siwo tso dukɔ vovovowo me, siwo dze le ƒe sia ƒe Yearbook la me xexlẽ ade dzi ƒo na mi katã be miatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le miaƒe agbe me. Míedi be míaka ɖe edzi na mi be míesusua mi ɣesiaɣi eye míeɖoa ŋku mia dzi le míaƒe gbedodoɖawo me eye be míelɔ̃ mi vevie ŋutɔ. Neva eme be Yehowa nadudu eƒe yayra gbagoawo aƒo ɖe mia dzi.

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo Ƒe Dziɖuha La

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe